Nations Bible

Esther 2

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Ester zu Fiasrɔ̃

1Esi Fia Ahasuerus ƒe dziku nu fa la, ede asi tamebubu me le ale si Vasti bu ɖee la ŋu. Enya be yemagakpɔe akpɔ o ɖe se si wòde ɖe eŋuti la ta. 2Ale eŋumewo gblɔ nɛ be, “Na míayi aɖadi ɖetugbi dzetugbetɔwo le fiaɖuƒe blibo la me akplɔ vɛ na wò. 3Fia la netɔ asi ame siwo anɔ dɔ sia nu le nuto ɖe sia ɖe me la dzi be woakplɔ ɖetugbi dzetugbe siawo ava nyɔnuwo ƒe nɔƒe le Susa fiasã la me. Na woanɔ Hegai, ame si nye fia la ƒe ŋutsu tata la ƒe dzikpɔkpɔ te, elabena eyae kpɔa nyɔnuwo dzi, eye wòanɔ atike ʋeʋĩ siwo nana nyɔnu dzea tugbe la sim na wo, 4eye le esia megbe la, ɖetugbi si adze ŋuwò wu la, azu fianyɔnu ɖe Vasti teƒe.” Aɖaŋuɖoɖo la dze fia la ŋu, eya ta wòwɔ ɖe edzi.

5Yudatɔ aɖe nɔ Susa fiasã la me, eŋkɔe nye Mordekai. Fofoae nye Yair, ame si fofoe nye Simei, ame si nye Kis, Benyamintɔ la ƒe vi. 6Wolée esime Nebukadnezar gbã Yerusalem, eye wòɖe aboyoe kpe ɖe Yuda fia Yehoyatsin kple ame bubu geɖewo ŋu va Babilonia. 7Vinyɔnu dzetugbe aɖe nɔ Mordekai tɔɖia si. Eŋkɔe nye Hadasa, gake wogayɔnɛ be Ester. Fofoa kple dadaa ku, eya ta Mordekai xɔe, eye wònyii abe eya ŋutɔ ƒe vinyɔnu ene.

8Ale le fia la ƒe sedede nu la, wokplɔ ɖetugbi geɖewo yi nyɔnuwo ƒe nɔƒe la le Susa fiasã la me, eye wotsɔ wo de Hegai ƒe dzikpɔkpɔ te. Wokplɔ Ester hã va fiasã la me, eye wotsɔ eya hã de nyɔnuwo dzi kpɔla, Hegai ƒe dzikpɔkpɔ te. 9Hegai, fiasrɔ̃wo dzikpɔla la kpɔ ŋudzedze blibo le Ester ŋu, eye wòwɔ nu sia nu si ana wòakpɔ dzidzɔ la nɛ. Ena woɖaa nu tɔxɛwo nɛ, eye wosiaa tugbedzetikewo nɛ. Etsɔ nyɔnuvi adre nɛ tso fiasã la me be woanye eƒe subɔlawo. Hegai tsɔ teƒe nyuitɔ wu le nyɔnuwo ƒe nɔƒe la nɛ.

10Ke Ester megblɔ na ame aɖeke kpɔ be Yudatɔ yenye o, elabena Mordekai de se nɛ. 11Hegai vaa nyɔnuwo ƒe nɔƒe la va biaa Ester ƒe agbe ta se.

12Hafi wòaɖo ɖetugbi aɖe dzi woakplɔe ayi ɖe Fia Ahasuerus ŋkumee la, ele be wòato tugbedzetike ʋeʋĩwo sisi me ɣleti wuieve abe ale si woɖoe na nyɔnuwoe ene. Woasi mir nyui nɛ ɣleti ade, eye woasi ami ʋeʋĩ kple atike bubuwo hã nɛ ɣleti ade. 13Ale si wòawɔ hafi ayi ɖe fia la gbɔe nye esi: Nu sia nu si ɖetugbi la bia la, woatsɔe nɛ le nyɔnuwo ƒe nɔƒe la be wòatsɔ ayi ɖe fiasã la mee. 14Le fiẽ me la, ayi ɖe fia la gbɔ, atrɔ gbɔ le ŋdi, ayi nyɔnuwo ƒe nɔƒe la ƒe akpa bubu si le ŋutsu tata Saasgaz ƒe dzikpɔkpɔ te, ame si kpɔa fia la ƒe ahiãviwo dzi. Ɖetugbi la magatrɔ ayi ɖe fia la gbɔ o, negbe eƒe nu nyo fia la ŋu, eye wòna woyɔe nɛ hafi.

15Esi wòɖo Ester, Mordekai tɔɖia Abihail ƒe vi, ame si Mordekai xɔ abe eya ŋutɔ ƒe vi ene dzi be wòadɔ fia la gbɔ la, mebia naneke o; ewɔ ɖe Hegai, ame si nye nyɔnuwo dzi kpɔla la ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi, eye wòdo awu abe ale si Hegai ɖo nɛ ene. Ɖetugbi bubuawo do dzidzɔɣli esi wokpɔe. 16Ale wokplɔ Ester yi na Fia Ahasuerus le ɣleti ewolia si woyɔna be Tebet la me le fia la ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe adrelia me.

17Fia la lɔ̃ Ester wu ɖetugbiawo dometɔ ɖe sia ɖe. Ekpɔ dzidzɔ le eŋu ale gbegbe be wòɖɔ fiakuku la nɛ, eye wòna wòzu fianyɔnu ɖe Vasti teƒe. 18Fia la gaɖo kplɔ̃ gã aɖe na Ester kple eƒe bubumewo kple dɔnunɔlawo. Etsɔ nunana na ame sia ame, eye wòna ga eƒe nutowo tso adzɔ siwo wodzɔna nɛ la me.

Mordekai se nugbeɖoɖo ɖe fia la ŋu

19Le esia megbe la, hafi woakplɔ Ester kple ɖetugbi bubuawo ayi fiasrɔ̃wo ƒe nɔƒe zi evelia la, Mordekai zu fiaŋumewo dometɔ ɖeka, eye wònɔ fia la ƒe agbo nu. 20Va se ɖe ɣe ma ɣi hã la, Ester megblɔ na ame aɖeke kpɔ be Yudatɔe yenye o, elabena egalé Mordekai ƒe sewo me ɖe asi abe ale si wòwɔ le Mordekai ƒe aƒe me ene.

21Gbe ɖeka la, esime Mordekai nɔ dɔ wɔm le fiasã la me la, ŋutsu eve siwo nye fia la ƒe nyɔnuwo dzi kpɔlawo, Bigtan kple Teres, ame siwo nɔ fiasã la ƒe agboa nu dzɔm la do dɔmedzoe ɖe fia la ŋu, eye woɖo be yewoawu Fia Ahasuerus. 22Mordekai se woƒe ɖoɖo la, eye wòfi tofi na Fianyɔnu Ester tso eŋu. Ester hã ka nya la ta na fia la, eye wòna fia la nya be Mordekai ye fi tofi la na ye. 23Woto nya la me, tso kufia na ame eveawo, eye wode ka ve na wo. Woŋlɔ nyadzɔdzɔ sia ɖe Fia Ahasuerus ƒe fiaɖuɖu ƒe ŋutinya me.

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

Esther's Rise to Queen

  • Esther originally bore the Hebrew name Hadassah, meaning "myrtle," but became known as Esther (derived from the Persian word for "star") in the Persian court. An orphaned Benjamite, she was brought up by her cousin Mordecai, who instructed her not to disclose her Jewish heritage.Sources: Esther · the Bible text itself
  • Young women brought to the citadel of Susa underwent a strict twelve-month preparation under the royal official Hegai. The regimen required six months of treatments with oil of myrrh followed by six months with perfumes and cosmetics before an audience with the king.Sources: Hegai · the Bible text itself
  • While sitting at the palace gate, Mordecai uncovered an assassination plot against King Ahasuerus by two royal guards, Bigthan and Teresh. Queen Esther reported the treason in Mordecai's name, and the event was formally recorded in the king's chronicles.Sources: the Bible text itself

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

  • Susa · Today: Shush · 32.189, 48.258 · verses 3, 5, 8
  • Babylon · 32.543, 44.422 · verse 6
  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · verse 6

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.