Nations Bible

Deuteronomy 30

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Dzidzedzekpɔkpɔ na ame siwo vɔ̃a Yehowa

1“Ne nu siawo katã, yayra kple fiƒode siwo mexlẽ na mi va mia dzi, miebu wo ŋuti esi miele dukɔ siwo me Yehowa, miaƒe Mawu la nya mi ɖo ɖa la dome, 2eye mi kple mia viwo mietrɔ ɖe Yehowa miaƒe Mawu ŋu, hede asi eƒe se siwo katã mede na mi egbe la dzi wɔwɔ me kple dzi blibo kple luʋɔ blibo la, 3ekema Yehowa, miaƒe Mawu la aɖe mi tso aboyome, ave mia nu, eye wòaƒo mia nu ƒu tso dukɔ siwo katã dome wòakaka mi ɖo la me. 4Togbɔ be mianɔ anyigba ƒe mlɔenu ke hã la, ayi aɖadi mi, eye wòagakplɔ mi va 5mia tɔgbuiwo ƒe anyigba dzi. Anyigba la agazu mia tɔ. Yehowa miaƒe Mawu agawɔ nyui na mi, eye wòagayra mi wu ale si wòyra mia tɔgbuiwo kpɔ gɔ̃ hã. 6Yehowa, miaƒe Mawu la akɔ mi kple mia viwo kple miaƒe tɔgbuiyɔviwo ƒe dziwo ŋuti, ale be miagalɔ̃e kple miaƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo, eye Israel agagbɔ agbe. 7Yehowa, miaƒe Mawu la aɖe eƒe fiƒodewo katã ɖa le mia dzi, eye wòatrɔ wo akɔ ɖe ame siwo léa fu mi, eye wotia mia yome la dzi. 8Ke miawo la, ele na mi be miatrɔ va Yehowa gbɔ, eye miawɔ eƒe se siwo katã mede na mi egbe la dzi. 9Yehowa miaƒe Mawu ana nu sia nu si miawɔ la nadze edzi na mi, eye wòana mia viwo, miaƒe lãwo kple miaƒe agblemenukuwo nasɔ gbɔ fũu, elabena Yehowa agakpɔ dzidzɔ le mia ŋu, abe ale si wòkpɔe le mia tɔgbuiwo ŋu ene. 10Yehowa akpɔ dzidzɔ ne miawɔ se siwo katã woŋlɔ ɖe Segbalẽ sia me la dzi, eye miatrɔ ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ŋu kple miaƒe dzi blibo kple miaƒe luʋɔ blibo ko.”

Mose tsɔ agbe kple ku ɖo Israelviwo ŋkume

11“Menye ɖe se siwo dem mele na mi egbea la dzi wɔwɔ mele miaƒe ŋutete me o, 12elabena se siawo mele dziƒo ʋĩi ale gbegbe be miagblɔ be, ‘Ame kae ayi dziƒo’ atsɔ wo vɛ na mí, be míase eye miawɔ wo dzi o. 13Menye ɖe wole atsiaƒu la godo, eye wodidi tso mia gbɔ ale gbegbe be ame aɖeke mate ŋu agblɔ wo me nyawo na mi o. 14Ke boŋ wote ɖe mia ŋu kpokploe, wole miaƒe dzi me kple miaƒe nu me, ale be miate ŋu awɔ wo dzi.

15“Kpɔ ɖa, metsɔ agbe kple dzɔgbenyui, ku kple dzɔgbevɔ̃e da ɖe mia ŋkume egbea. Nu siawo ku ɖe miaƒe seawo dzi wɔwɔ kple wo dzi mawɔmawɔ ŋu. 16Mede se na mi egbea be mialɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la, miazɔ le eƒe mɔwo dzi, eye mialé eƒe sewo me ɖe asi, ale be mianɔ agbe, eye miazu dukɔ gã aɖe, ekema Yehowa ayra mi le anyigba si le mia tɔ zu ge la dzi. 17Ke ne miaƒe dzi ato mɔ bubu, miawɔ nye seawo dzi o, ne woakplɔ mi atra mɔe, eye miasubɔ mawu bubuwo la, 18ekema mele kpe ɖom edzi na mi be miatsrɔ̃ kokoko. Mianɔ agbe wòadidi, eye wòanyo na mi le anyigba si xɔ ge miala la dzi o.

19“Meyɔ dziƒo kple anyigba abe ɖasefowo ene ɖe mia ŋu be egbe la, metsɔ agbe kple ku, yayra kple fiƒode le mia ŋkume ɖom, eya ta anyo be miatia agbe ale be miawo kple mia viwo siaa mianɔ agbe! 20Mitia be mialɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la. Miaɖo toe, eye miaku ɖe eŋu, elabena eyae nye miaƒe agbe kple miaƒe agbemeŋkekewo ƒe agbɔsɔsɔ. Ekema miate ŋu anɔ dedie le anyigba si Yehowa do ŋugbe be yeatsɔ na mia tɔgbuiwo, Abraham, Isak kple Yakob la dzi.”

Did you know?

The Choice Between Life and Death

  • The chapter assures the people that even if they are scattered among distant nations due to disobedience, a sincere return to God will result in their gathering and restoration to the land promised to their ancestors Abraham, Isaac, and Jacob.Sources: the Bible text itself · Abraham · Isaac · Jacob (Israel)
  • Moses emphasizes the immediate accessibility of God's instruction, explaining that it is neither hidden far away in the heavens nor across the sea, but is very near—present in their mouths and in their hearts.Sources: the Bible text itself
  • Before the Israelites cross the Jordan River to enter the land, heaven and earth are invoked as witnesses to the solemn choice set before them between life and blessing or death and destruction.Sources: the Bible text itself · Jordan

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

  • Jordan · Today: Jordan River · 31.761, 35.558 · verse 18

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.