Nations Bible

Deuteronomy 13

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Mawu bubuwo subɔsubɔ

1“Ne nyagblɔɖila aɖe le mia dome alo ame si gblɔna be yeate ŋu anya nu si le dzɔdzɔ ge to drɔ̃ekuku me, 2ne eƒe nyagblɔɖiwo vaa eme, gake wògblɔna be, ‘Miva, mina míasubɔ dukɔ bubuawo ƒe mawuwo’ la, 3migaɖo to eƒe nya o. Yehowa miaƒe Mawu le mia dome be yeanya ne mielɔ̃ ye le nyateƒe me kple miaƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo loo alo mielɔ̃e o. 4Migasubɔ mawu bubu aɖeke gbeɖegbeɖe o. Misubɔ Yehowa miaƒe Mawu ko. Miwɔ ɖe eya ko ƒe sewo dzi, eye mialé ɖe eŋu.

5“Ele be woawu nyagblɔɖila alo drɔ̃ekula si dina be yeakplɔ mi atrae, elabena edina be yeana miadze aglã ɖe Yehowa, miaƒe Mawu, ame si kplɔ mi tso kluvinyenye me le Egiptenyigba dzi la ŋu. Ne miewui la, miaɖe nu vɔ̃ ɖa le mia dome. 6Ne nɔviwò ŋutsu, viwò ŋutsu, viwò nyɔnu, srɔ̃wò lɔlɔ̃a, alo xɔwò vevitɔ kekeake si le abe wò ŋutɔ wò luʋɔ ene agblɔ na wò le adzame be, ‘Na míayi aɖasubɔ mawu bubuwo (mawu siwo miawo ŋutɔ kple mia fofowo mienya o, 7dukɔ siwo ƒo xlã mi ƒe mawuwo, mawu siwo te ɖe mia ŋu alo le adzɔge ʋĩi, tso anyigba ƒe seƒe ɖeka yi eƒe seƒe bubu’ la), 8migalɔ̃ o, eye migakpɔ nublanui nɛ hã o. Migaɖee tso to si woahe nɛ la me o, eye migaɣla nya vɔ̃ɖi si wògblɔ na mi la hã o. 9Miwui! Nànye ame gbãtɔ si atso ɖe ewuwu ŋu, eye ame bubuawo katã ƒe asi akpe ɖe ŋuwò. 10Miƒu kpee wòaku, elabena edze agbagba be yeahe mi ɖa tso Yehowa, mia Mawu, ame si kplɔ mi tso kluvinyenye me le Egipte la gbɔ. 11Ekema Israel katã asee, eye woavɔ̃, eye ame aɖeke maganɔ mia dome si awɔ nu vɔ̃ɖi sia tɔgbi ake o.

12“Ne miele du siwo Yehowa miaƒe Mawu na mi me, eye miese 13be yakame aɖewo tso miaƒe dukɔ me kplɔ miaƒe dumetɔ aɖewo trae be, ‘Woasubɔ mawu siwo miesubɔ kpɔ o’ la, 14miku nya la gɔme nyuie. Ne enye nyateƒe be nu vɔ̃ɖi sia va eme la, 15ekema ele be miaho aʋa ɖe du ma ŋu. Miwu dua me tɔwo kple lãwo katã hã. Migbã du la gudugudu. 16Le esia megbe la, ele be miaƒo woƒe nuwo katã nu ƒu ɖe ablɔ ƒe titina, eye miatɔ dzo wo. Emegbe la, miatɔ dzo du blibo la abe numevɔsa na Yehowa miaƒe Mawu, mìaƒe Mawu la ene. Mina du ma teƒe natsi anyi nenema: migana woagbugbɔe atu o. 17Migatsɔ woƒe nuwo dometɔ aɖeke na mia ɖokuiwo o! Ekema Yehowa miaƒe Mawu aɖe asi le eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ la ŋu, akpɔ nublanui na mi, eye wòawɔ mi dukɔ gã aɖe abe ale si wòdo ŋugbe na mia tɔgbuiwo ene. 18Nu si ko ana Yehowa miaƒe Mawu la nakpɔ nublanui na mi lae nye, ne mieɖo toe, ne miewɔ ɖe eƒe se siwo mele dedem na mi egbe la dzi, eye ne miewɔ nu si nye nu dzɔdzɔe le Yehowa miaƒe Mawu ŋkume.”

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

Safeguarding Loyalty and Warning Against Apostasy

  • Deuteronomy specifies that a sign or wonder coming to pass does not automatically authenticate a prophet. If the prophet advocates following other gods, the message is considered a test of the community's loyalty rather than genuine divine guidance.Sources: the Bible text itself
  • When addressing secret enticements to idolatry by close family members or friends, the law required the accuser to cast the first stone. This placed immediate personal responsibility on the witness and discouraged false accusations.Sources: the Bible text itself
  • Before taking collective action against an entire town accused of apostasy, the community was strictly required to conduct a thorough inquiry and investigation to verify the facts with certainty.Sources: the Bible text itself

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

  • Egypt · 30.129, 31.308 · verses 5, 10

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.