Deuteronomy 10
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Kpe kpakpa siwo ɖi gbãtɔwo
1“Yehowa gblɔ nam ɣe ma ɣi be makpa kpe eve bubu abe gbãtɔwo ene, matsɔ ati akpa aɖaka aɖe si me woatsɔ kpe eveawo adzra ɖo la, eye matrɔ ava ye, Mawu gbɔ le toa dzi. 2Egblɔ nam be yeagbugbɔ se siwo tututu yeŋlɔ ɖe kpe siwo megbã dzi la aŋlɔ ɖe kpe yeyeawo dzi, eye matsɔ wo ade Aɖaka la me. 3Ale metsɔ akasiati wɔ Aɖaka la. Mekpa kpe eve abe gbãtɔwo ene hetsɔ wo yi na Yehowa le to la dzi. 4Egaŋlɔ Se Ewoawo ɖe wo dzi tsɔ nam. Wonye se siwo tututu wònam tso dzo bibi la ƒe titina le toa dzi le mi katã ŋkume le to la te. 5Meɖi eye metsɔ kpe eveawo de Aɖaka si mekpa la me. Wole afi ma va se ɖe egbe abe ale si Yehowa ɖo nam ene.
6“Le esia megbe la, Israelviwo zɔ mɔ tso Bene Yaakan yi Mosera afi si Aron ku, eye woɖii ɖo. Aron ƒe viŋutsu Eleaza zu nunɔla ɖe eteƒe.
7“Wozɔ mɔ yi Gudgoda heyi Yotbata, afi si tsi bɔ ɖo. 8Afi mae Yehowa ɖe Levi ƒe viwo ɖe aga le be woakɔ nubablaɖaka si me Yehowa ƒe Se Ewoawo le, eye woanɔ tsitre ɖe Yehowa ŋkume awɔ Yehowa ƒe dɔ, ade bubu eƒe ŋkɔ ŋu abe ale si wowɔna egbe ene. 9Eya ta womena anyigba Levitɔwo le Ŋugbedodonyigba la dzi abe ale si wona wo nɔvi to bubu me tɔwo ene o, elabena Yehowa, miaƒe Mawu gblɔ na wo be ye ŋutɔe nye woƒe domenyinu. 10Abe ale si megblɔ do ŋgɔe ene la, menɔ to la dzi le Yehowa ŋkume zi evelia ŋkeke blaene kple zã blaene, abe ale si mewɔ zi gbãtɔ ene. Yehowa ɖo to nye kokoƒoƒo, eye metsrɔ̃ mi o.
11“Ke egblɔ nam be, ‘Tso, nàkplɔ ameawo yi anyigba si ŋugbe medo na wo fofowo la dzi. Ɣeyiɣi la de be woayi aɖaxɔe!’ ”
Vɔ̃ Aƒetɔ la
12“Azɔ, Israel, nu ka Yehowa, wò Mawu la di tso asiwò wu be nàvɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, nàzɔ le eƒe mɔwo katã dzi, nàlɔ̃e, eye nàsubɔe kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo, 13eye nàwɔ ɖe Yehowa ƒe sewo kple ɖoɖo siwo katã mena mi egbe la dzi ale be wòanyo na wò? 14Kpɔ ɖa, anyigba kple dziƒo ƒe kɔkɔƒe kekeake nye Yehowa, wò Mawu la tɔ. 15Ke mia fofowo ƒe nu nyo eŋu, eye wòlɔ̃ wo ale gbegbe be wòtia mi, wo viwo, be miaƒo dukɔwo katã ta abe ale si wòle dzedzem egbe ene, 16eya ta mikɔ miaƒe nu vɔ̃ dziwo ŋu, eye miadzudzɔ kɔlialiatɔwo ƒe agbenɔnɔ.
17“Yehowa, miaƒe Mawu lae nye mawuwo dzi Mawu gã, ŋusẽtɔ la, Mawu si ŋu ŋɔdzi le, ame si medea ame aɖeke dzi o, eye mexɔa zãnu hã o. 18Ewɔa nu dzɔdzɔe na tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo. Elɔ̃a amedzrowo, eye wònaa nuɖuɖu kple nutata wo. 19Ele be miawo hã mialɔ̃ amedzrowo, elabena miawo hã mienye amedzrowo le Egiptenyigba dzi kpɔ. 20Ele be miavɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la, miasubɔe anukwaretɔe, mialé ɖe eŋu, eye miaka atam ɖe eya ɖeɖe ko ƒe ŋkɔ dzi. 21Eyae nye wò kafukafu, eye wòganye wò Mawu, ame si wɔ nukunu gã siwo teƒe miawo ŋutɔ miekpɔ. 22Mia fofowo dometɔ ame blaadre koe yi Egipte, gake azɔ la, Yehowa, miaƒe Mawu la wɔ mi miedzi sɔ gbɔ abe ɣletiviwo le dziŋgɔli me ene!”
Did you know?
New Stone Tablets and the Call to Obedience
- After breaking the initial set of tablets due to the golden calf, Moses was commanded to cut two new stone tablets and construct a wooden chest from acacia to hold them. These replacement tablets, containing the Ten Commandments, were placed inside the ark where they remained.Sources: the Bible text itself
- The tribe of Levi was set apart for special priestly responsibilities, including carrying the ark of the covenant, ministering before God, and pronouncing blessings in His name. Because of this unique dedication to sacred service, Levi received no territorial inheritance among the other tribes of Israel.Sources: the Bible text itself · Levi (patriarch)
- Moses reminded Israel of their humble origins, recalling that their ancestors numbered only seventy when they went down to Egypt. Israel was commanded to defend the fatherless and the widow and to show love to foreign residents, remembering that they themselves had once lived as foreigners in Egypt.Sources: the Bible text itself · Egypt
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
- Beeroth Bene-jaakan · Today: Birein · 30.792, 34.473 · verse 6
- Egypt · 30.129, 31.308 · verses 19, 22
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org