Nations Bible

Daniel 2

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Nebukadnezar ƒe drɔ̃e

1Le Nebukadnezar ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe evelia me la, Nebukadnezar ku drɔ̃ewo, eƒe susu ɖe fu nɛ eye megatea ŋu dɔa alɔ̃ o. 2Ale fia la yɔ dzotɔwo, bokɔwo, gbesalawo kple ɣletivimenunyalawo ƒo ƒu be woalĩ drɔ̃e siwo yeku la na ye. Esi wova tsi tsitre ɖe eŋkume la, 3egblɔ na wo be, “Meku drɔ̃e aɖe si le fu ɖem nam eye medi be mase egɔme.”

4Tete ɣletivimenunyalawo gblɔ nɛ le Aramgbe me be, “O fia, nɔ agbe tegbee. Lĩ drɔ̃e la na wò subɔlawo, eye míaɖe egɔme.”

5Fia la ɖo eŋu na ɣletivimenunyalawo be, “Nu si meɖo ta me kplikpaa be mawɔe nye, ne mielĩ drɔ̃e la nam eye mieɖe egɔme nam o la, mana woafli mi kakɛkakɛ eye miaƒe aƒewo azu aɖukpo. 6Ke ne mielĩ drɔ̃e la eye mieɖe egɔme nam la, ekema miaxɔ nunanawo kple fetuwo kple bubudeameŋu gã aɖe tso gbɔnye.”

7Wogagblɔ be, “Fia la nelĩ drɔ̃e la na eƒe dɔlawo eye míaɖe egɔme.”

8Tete fia la ɖo eŋu be, “Meka ɖe edzi be ɣeyiɣi ko dim miele elabena mienya ta me si meɖo kplikpaa. 9Ne mielĩ drɔ̃e la nam o la, tohehe ɖeka pɛ koe li na mi. Mieɖo ta me ɖeka be yewoagblɔ nya tramawo kple nya tso nu vɔ̃ɖiwo ŋuti kple mɔkpɔkpɔ be nuwo atrɔ, eya ta azɔ la, milĩ drɔ̃e la nam, ekema manya be miate ŋu aɖe egɔme nam.”

10Ɣletivimenunyalawo ɖo eŋu na fia la be, “Ame aɖeke mele anyigba dzi si ate ŋu awɔ nu si fia la bia o! Nenema ke fia gã, ŋusẽtɔ aɖeke meli si bia nu sia tso eƒe dzotɔwo, bokɔwo kple ɣletivimenunyalawo si kpɔ o. 11Nu si fia la bia la sẽ akpa. Ame aɖeke mate ŋu aɖee afia fia la o, negbe mawuwo ko, gake womenɔa amewo dome o.”

12Nu sia do dɔmedzoe na fia la ale gbegbe be wòɖe gbe be woawu Babilonia nunyalawo katã. 13Ale wòde se be woawu nunyalawo katã, eye wòɖo amewo ɖa be woadi Daniel kple etɔawo hã ne woawu wo.

14Esime Ariɔk, fiaŋusrafowo ƒe amegã yi be yeawu Babilonia nunyalawo la, Daniel ƒo nu kplii kple nunya kple ayedzedze. 15Ebia amegã la be, “Nu ka ta fia la de se sesẽ sia ɖo?” Tete Ariɔk ɖe nya la me na Daniel. 16Tete Daniel yi fia la gbɔ eye wòbia be wòana ɣeyiɣi ye be yeaɖe drɔ̃e la gɔme nɛ.

17Daniel trɔ yi eƒe aƒe me eye woɖe nya la me na xɔlɔ̃awo: Hananiya, Misael kple Azaria. 18Edo ŋusẽ xɔlɔ̃awo be woaɖe kuku na Mawu si le dziƒo be wòakpɔ nublanui na yewo le nya ɣaɣla sia ŋu ale be womawu ye kple ye xɔlɔ̃wo kpe ɖe Babilonia nunyala bubuawo ŋu o. 19Le zã me la, Mawu ɖe nya ɣaɣla sia fia Daniel le ŋutega me. Ale Daniel kafu dziƒo ƒe Mawu la 20hegblɔ be,

“Woakafu Mawu ƒe ŋkɔ

Tso mavɔ me yi mavɔ me.

Nunya kple ŋusẽ nye etɔ.

21Eyae ɖɔa li ɣeyiɣiwo kple azãgbewo

Eyae ɖoa fiawo eye wòtua fiawo.

Eyae naa nunya nunyalawo

Eye wònaa gɔmesese nugɔmeselawo

22Eyae ɖea nu detowo kple nu ɣaɣlawo fiana

Enyaa nu si ɣla ɖe viviti me

Eye kekeli nɔa eŋu.

23Meda akpe na wò eye mekafu wò

O, fofonyewo ƒe Mawu.

Ètsɔ nunya kple ŋusẽ nam

Èna menya nu tso nu si míebia wò ŋu

Èna míenya fia la ƒe drɔ̃e la.”

Daniel ɖe drɔ̃e la gɔme

24Tete Daniel yi Ariɔk, ame si fia la ɖo na be wòawu Babilonia nunyalawo katã la gbɔ eye wògblɔ nɛ be, “Mègawu Babilonia nunyalawo o. Kplɔm yi fia la gbɔ eye maɖe eƒe drɔ̃e la gɔme nɛ.”

25Ariɔk kplɔ Daniel yi fia la gbɔ enumake, eye wògblɔ nɛ be, “Mekpɔ ame aɖe le aboyo me si tso Yudatɔwo dome, ame si ate ŋu aɖe drɔ̃e la gɔme na fia la!”

26Fia la bia Daniel (ame si wogayɔna be Beltesazar la) be, “Àte ŋu agblɔ nu si mekpɔ le nye drɔ̃e la me nam eye nàɖe egɔmea?”

27Daniel ɖo eŋu be, “Nunyala alo bokɔ, dzotɔ alo ɣletivimenunyala aɖeke mate ŋu aɖe nya ɣaɣla si gɔme nèbia be woaɖe na ye la gɔme o 28gake Mawu aɖe le dziƒo, ame si ɖea nu ɣaɣlawo fiana. Eɖe nu si ava dzɔ le ŋkeke siwo gbɔna la me fia Fia Nebukadnezar. Wò drɔ̃e kple ŋutega siwo to wò susu me esi nèmlɔ wò aba dzi la le ale:

29“Esi nèmlɔ anyi la, O fia, wò susu trɔ ɖe nu siwo ava dzɔ la ŋu eye ame si ɖea nya ɣaɣlawo fiam la ɖe nu siwo ava dzɔ la fia wò. 30Le nye gome la, woɖe nya ɣaɣla sia fiam, menye esi nunya le asinye wu ame bubu siwo le agbe la ta o, ke boŋ be wò, O fia, nànya gɔmeɖeɖe la eye be nàse nu si to wò susu me la gɔme.

31“Èɖo ŋku anyi, O fia eye nèkpɔ legba gã aɖe, elolo nɔ dzo dam eye eƒe dzedzeme dzi ŋɔ. 32Wowɔ legba la ƒe ta kple sika nyuitɔ, wowɔ eƒe akɔta kple abɔwo kple klosalo, wowɔ eƒe ƒodo kple atawo kple akɔbli, 33wowɔ eƒe afɔwo kple gayibɔ eye wowɔ eƒe afɔwo ƒe akpa aɖewo kple gayibɔ, akpa aɖewo kple tsu. 34Esi nènɔ ŋku lém ɖe nuwo ŋu la, wolã agakpe aɖe me, ke menye kple amegbetɔ ƒe asi o. Ege va dze legba la ƒe afɔ siwo wowɔ kple gayibɔ kple tsu la dzi eye wògbã wo gudugudu. 35Tete gayibɔ la, tsu la, akɔbli la, klosalo la kple sika la gbã gudugudu le ɣeyiɣi ɖeka ma me eye wozu abe tsro le lugbɔƒe le dzomeŋɔli ene. Ya ƒo wo dzoe eye wo teƒe megadze o. Ke kpe si dze legba la, trɔ zu to gã aɖe eye wòxɔ anyigba blibo la dzi.

36“Drɔ̃e lae nye si. Azɔ la míaɖe egɔme na fia la. 37O fia, wòe nye fiawo dzi fia la. Mawu si le dziƒo la tsɔ dziɖuɖu kple ŋusẽ kpakple bubu, 38amegbetɔwo, gbemelãwo kple dziƒoxeviwo de asiwò me. Afi sia afi si wole la, Mawu na nènye wo katã dzi ɖula. Wòe nye ta ma si nye sika.

39“Fiaɖuƒe bubu aɖe, si made tɔwò nu o la, ava ɖe tɔwò yome. Emegbe la, fiaɖuƒe etɔ̃lia si nye akɔblitɔ la aɖu anyigba katã dzi. 40Le nuwuwu la, fiaɖuƒe enelia ava, si asẽ abe gayibɔ ene elabena gayibɔ gbãa nu sia nu eye abe ale si gayibɔ gbãa nu sia nu gudugudu ene la, nenemae wòagbã fiaɖuƒe bubuawoe. 41Abe ale si nèkpɔe be wowɔ afɔwo kple afɔbidɛwo ƒe akpa aɖewo kple tsu kple gayibɔ ene la, nenemae fiaɖuƒe sia amae, ke gayibɔ ƒe ŋusẽ aɖe anɔ eme abe ale si nèkpɔ wotsaka gayibɔ kple tsu ene. Ale fiaɖuƒe la ƒe akpa aɖe asẽ eye akpa aɖe masẽ o. 42Abe ale si wowɔ afɔbidɛawo ƒe akpa aɖe kple gayibɔ eye wowɔ akpa aɖe kple tsu ene la, nenemae fiaɖuƒe sia ƒe akpa aɖe asẽ ŋu eye akpa aɖe masẽ ŋu o. 43Eye abe ale si nèkpɔ wotsaka gayibɔ kple tsu ene la, nenema ameawo amae eye womawɔ ɖeka o, abe gayibɔ kple tsu ene.

44“Le fia mawo ƒe ɣeyiɣiwo me la, Mawu si le dziƒo la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi si magbã akpɔ gbeɖe o eye womagblẽe ɖi na ame bubuwo o. Agbã fiaɖuƒe mawo katã eye wòahe woƒe nuwuwu vɛ, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee. 45Esiae nye ŋutega tso agakpe si tso toa me la ƒe gɔmeɖeɖe, ke menye kple amegbetɔ ƒe asi o, enye agakpe si gbã gayibɔ la, akɔbli la, tsu la, klosalo la kple sika la gudugudu.

“Mawu gã la ɖe nu si ava dzɔ la fia fia la. Drɔ̃e la nye nyateƒe eye woaka ɖe eƒe gɔmeɖeɖe dzi.”

46Tete Nebukadnezar tsyɔ mo anyi hede ta agu na Daniel eye wòɖe gbe be woasa vɔ eye woado dzudzɔ ʋeʋĩ na Daniel. 47Fia la gblɔ na Daniel be, “Nyateƒee, miaƒe Mawu la nye mawuwo dzi Mawu kple fiawo ƒe Aƒetɔ kple ame si ɖea nya ɣaɣlawo fiana elabena ète ŋu ɖe nya ɣaɣla la fia.”

48Tete fia la tsɔ Daniel da ɖe ɖoƒe kɔkɔ aɖe eye wòtsɔ nunana geɖewo nɛ. Etsɔe ɖo Babilonia nuto la katã me nu, eye wòna wòzu Babilonia nunyalawo katã ƒe tatɔ. 49Hekpe ɖe esia ŋu la, le Daniel ƒe kokoƒoƒo nu la, ewɔ Sadrak, Mesak kple Abednego Babilonianyigba la ƒe dziɖuɖudɔwo dzi kpɔlawoe. Ke Daniel ŋutɔ nɔ fia la ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe.

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

Nebuchadnezzar's Dream of the Statue

  • Nebuchadnezzar demanded that the Babylonian astrologers and magicians not only interpret his troubling dream but describe the dream itself. When they declared that only the gods could reveal such a secret, the furious king issued a decree to execute all the wise men of Babylon, placing Daniel and his companions in immediate danger.Sources: the Bible text itself · Nebuchadnezzar
  • The dream revealed a dazzling statue made of four metals—gold, silver, bronze, and iron mixed with clay—representing a succession of earthly kingdoms. A stone cut without human hands struck the statue and crushed it, then grew into a great mountain filling the earth, symbolizing God's eternal kingdom that would never be destroyed.Sources: the Bible text itself
  • After Daniel attributed the revelation to the God of heaven, King Nebuchadnezzar fell prostrate, acknowledged God as the Lord of kings, and showered Daniel with gifts. Daniel was appointed chief administrator over all the wise men and ruler of the province of Babylon, while his companions Shadrach, Meshach, and Abednego were appointed as provincial administrators.Sources: the Bible text itself · Shadrach · Meshach · Azariah

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

  • Chaldea · 30.962, 46.104 · verses 2, 4, 5, 10
  • Babylon · 32.543, 44.422 · verses 12, 14, 18, 24, 48, 49

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.