Daniel 10
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Daniel ƒe ŋutega tso ŋutsu aɖe ŋu
1Le Sirus, Persia fia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me la, Daniel, ame si wogayɔna be Beltesazar la xɔ ɖeɖefia aɖe. Nya si wòhe vɛ la nye nyateƒe eye wòku ɖe aʋa gã aɖe ŋu. Gbedeasi la gɔmesese va nɛ le ŋutega aɖe me.
2Le ɣe ma ɣi me la, nye Daniel, mexa nu kɔsiɖa etɔ̃. 3Nyemeɖu nu nyui aɖeke o, lã kple wain meka nu nam o eye nyemesi ami aɖeke kura o va se ɖe esime kɔsiɖa etɔ̃ la wu enu.
4Le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-enelia dzi, esi metsi tsitre ɖe tɔsisi gã, Tigris, to la, 5mefɔ kɔ dzi eye ŋutsu aɖe si do aklala biɖibiɖi ƒe awu eye sika nyuitɔ si tso Ufaz ƒe alidziblanu le ali dzi nɛ la nɔ nye ŋkume. 6Eƒe ŋutilã nɔ abe adzagba ene, eƒe mo nɔ abe dzikedzo ene, eƒe ŋkuwo nɔ abe akakati bibiwo ene, eƒe abɔwo kple afɔwo nɔ abe akɔbli nyuitɔ si le dzo dam la ene eye eƒe gbe nɔ abe ameha gã aɖe ƒe hoowɔwɔ ene.
7Nye, Daniel koe nye ame si kpɔ ŋutega la; ame siwo nɔ gbɔnye la mekpɔe o, gake vɔvɔ̃ ɖo wo ale gbegbe be wosi ɖaɣla wo ɖokuiwo. 8Ale nye ɖeka metsi anyi henɔ ŋutega la kpɔm. Ŋusẽ vɔ le ŋunye, nye mo fu kpĩi eye wɔna vɔ le ŋunye. 9Tete mesee wònɔ nu ƒom eye esi menɔ to ɖom la, meyi alɔ̃ me ʋĩi le esime metsyɔ mo anyi.
10Asi aɖe ka ŋunye eye wòna mede asi dzodzo me nyanyanya le nye asiwo kple klowo dzi. 11Egblɔ nam be, “Daniel, wò ame si ŋu wode bubu gãe, bu ta me nyuie le nya siwo gblɔ ge mala na wò la ŋu: Tsi tsitre elabena woɖom ɖe gbɔwò azɔ.” Esi wògblɔ nya siawo nam la, metsi tsitre heganɔ dzodzom nyanyanya ko.
12Eyi edzi gblɔ be, “Daniel, mègavɔ̃ o. Tso ŋkeke gbãtɔ dzi esi nèɖo ta me be yease nu gɔme, abɔbɔ ye ɖokui ɖe yeƒe Mawu ƒe ŋkume la, wose wò gbedodoɖawo eye wò gbedodoɖawo ƒe ŋuɖoɖo tae meva ɖo. 13Ke esi megbɔna la, Persia fiaɖuƒe la ƒe dziɖula nɔ te, wɔ aʋa kplim ŋkeke blaeve-vɔ-ɖekɛ sɔŋ. Tete Mikael, mawudɔlawo ƒe amegã ɖeka va kpe ɖe ŋunye elabena wozi dzinye ɖe Persia fia gbɔ le afi ma. 14Azɔ la, meva be maɖe nu si ava dzɔ ɖe wò amea dzi le etsɔ me la na wò elabena ŋutega la ku ɖe nu siwo le ɣeyiɣi siwo le ŋgɔ la ŋuti.”
15Esi wònɔ esiawo gblɔm nam la, metsyɔ mo anyi eye nye nu ku. 16Kasia, nane si le abe amegbetɔ ene la, ka asi nye nuyiwo ŋu, tete meke nye nu hede asi nuƒoƒo me. Megblɔ na ame si tsi tsitre ɖe gbɔnye la be, “Nye Aƒetɔ, vɔvɔ̃ ɖom le ŋutega la ta eye ŋusẽ vɔ le ŋunye. 17Nye Aƒetɔ, aleke nye wò dɔla, mate ŋu aƒo nu kpli wòe? Ŋusẽ vɔ le ŋunye eye gbɔgbɔtsixe hã tsi ƒonye.”
18Nu si ɖi amegbetɔ la gaka asi ŋunye eye wòna ŋusẽ gaɖo ŋunye. 19Egblɔ nam be, “Mègavɔ̃ o, O, wò ame si ŋu wode asixɔxɔ gã aɖee. Ŋutifafa na wò! Ŋusẽ neɖo ŋuwò azɔ. Xɔ ŋusẽ.”
Esi wònɔ nu ƒom nam la, ŋusẽ ɖo ŋunye eye megblɔ be, “Nye Aƒetɔ, ƒo nu le esi nèna ŋusẽm ta.”
20Ale wògblɔ nam be, “Ènya nu si ta meva gbɔwò ɖoa? Esusɔ vie matrɔ aɖawɔ avu kple Persia ƒe dziɖula eye ne medzo la, Grik ƒe dziɖula ava, 21gake gbã la, magblɔ nu si woŋlɔ ɖe Nyateƒegbalẽ la me. Ame aɖeke mekpe ɖe ŋunye le avuwɔwɔ kpli wo me o, negbe Amegã Mikael.

Did you know?
A Vision by the Tigris
- The vision takes place in the third year of Cyrus, the Persian ruler who conquered Babylon and issued the decree allowing the Jewish exiles to return. Daniel receives the revelation beside the Tigris River, anciently known in Hebrew as Hiddekel.Sources: the Bible text itself · Cyrus · Hiddekel
- The heavenly messenger wears a belt of fine gold from Uphaz. Biblical commentators frequently identify Uphaz with Ophir or associate it with regions renowned in the ancient world for gold trade.Sources: the Bible text itself · Uphaz
- The messenger mentions Michael, designating him as one of the chief princes and the protector of Daniel's people. In biblical tradition, Michael is an angelic leader with a special charge over the nation of Israel.Sources: the Bible text itself · Michael
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
- Persia · 34.806, 48.516 · verses 1, 13, 20
- Tigris · Today: Tigris River · 31.004, 47.442 · verse 4
- Greece · 37.972, 23.727 · verse 20
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org