Nations Bible

Acts 26

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Paulo ɖe eɖokui nu le Agripa ŋkume

1Fia Agripa gblɔ na Paulo be, “Meɖe mɔ na wò be nàɖe ɖokuiwò nu mase.”

Ale Paulo do asi ɖa, eye wòɖe eɖokui nu gblɔ be, 2“Fia Agripa, enye dzidzɔ kple bubu gã aɖe nam be mekpɔ mɔnu sia be maƒo nu na wò le nu siwo katã Yudatɔwo tsɔ le nunye tsom la ŋuti, 3elabena ènya nu tso Yudatɔwo ƒe sewo kple kɔnuwo ŋu tsitotsito. Azɔ meɖe kuku na wò be nàgbɔ dzi ɖi aɖo tom.

4“Ele nyanya me na Yudatɔwo katã be wohem tso ɖevime abe Yudatɔ akuakua ene, le nye dedu Tarso kple Yerusalem me, eye menɔ agbe ɖe sewo kple kɔnuwo nu pɛpɛpɛ ƒe geɖewo. 5Ne woato nyateƒe la, Yudatɔwo alɔ̃ ɖe edzi be menɔ agbe abe Farisitɔ adodoe ene, eye mewɔ ɖe Yudatɔwo ƒe sewo kple kɔnuwo dzi pɛpɛpɛ ɣe sia ɣi. 6Ke nu bubu sãa tae wotsɔ nya ɖe ŋunye fifia, eyae nye be mele mɔ kpɔm be Mawu awɔ eƒe ŋugbe si wòdo na mía tɔgbuitɔgbuiwo la dzi. 7Nu sia ke ko Israelviwo ƒe to wuieveawo katã hã le mɔ kpɔm na, hele kutri kum le subɔsubɔ wɔm zã kple keli gbe sia gbe ɖe eta. Gake Fia Agripa, le nye ya gome la, Yudatɔwo le nunye tsom be enye nu vɔ̃ mewɔ. 8Ne Mawu fɔ ame kukuwo ɖe tsitre la, aleke wɔ miebu be enye nu si womate ŋu axɔ ase oa?

9“Tsã la, mexɔe se be enye nye dɔdeasi be mawɔ funyafunya ƒomevi geɖewo ame siwo nye Yesu Nazaretitɔ la yomenɔlawo. 10Le esia ta la, mexɔ ŋusẽ tso nunɔlagã gbɔ, eye melé xɔsetɔ geɖewo de gaxɔ me le Yerusalem. Gawu la, ne wotso kufia na wo dometɔ aɖe la, medaa asi ɖe nuwɔna sia dzi blibo. 11Mewɔ funyafunya ƒomevi geɖewo Kristotɔ siawo le ƒuƒoƒewo katã be wogblɔ busunya. Melé fu ame siawo ale gbegbe be metia wo yome yia du bubuwo ke hã me.

12“Esia dzi mele heyi Damasko, eye ŋusẽ kpakple mɔnana le asinye tso nunɔlagãwo gbɔ. 13Esi míenɔ mɔa dzi yina anɔ abe ŋdɔ ga wuieve me lɔƒe ene la, fia Agripa, mekpɔ keklẽ gã aɖe tso dziƒo heklẽ ɖe nye kple ŋunyemewo dzi. 14Mí katã míedze anyi. Enumake mese ame aɖe wònɔ nu ƒom nam le Hebrigbe me be, ‘Saulo, Saulo, nu ka ta nèle yonyeme tim ɖo? Afɔɖoɖo nutɔame dzi ɖe wòwɔa nu vevi ame.’

15“Mebia be, ‘Aƒetɔ, wò ame kae le nu ƒom?’

“Aƒetɔ la ɖo eŋu be, ‘Nyee nye Yesu, ame si yome tim nèle. 16Tsi tsitre, elabena metia wò be nànye nye subɔla kple nye ɖaseɖila. Yi nàɖe gbeƒã wò nuteƒekpɔkpɔ sia kple bubu siwo gbɔna la fia xexea me katã. 17Makpɔ tawò, eye maɖe wò tso wò ŋutɔ wò amewo kple ame siwo menye Yudatɔwo o hã ƒe asi me. Le nyateƒe me la, maɖo wò ɖe ame siwo menye Yudatɔwo o dome be nàgblɔ nyanyui la na wo, 18be woƒe ŋkuwo naʋu, eye woatrɔ le viviti la gbɔ ava kekeli la me. Woatso Satana ƒe ŋusẽ me ava Mawu gbɔ, be woakpɔ nu vɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke kple domenyinu si li na ame siwo katã ŋuti kɔ, eye wodza le xɔse me.’

19“Eya ta, Fia Agripa, nye hã mewɔ ɖe ŋutega si tso dziƒo la ƒe ɖoɖo dzi. 20Gbã la, megblɔ nyanyui la na ame siwo le Damasko, eye tso afi ma la, meva Yerusalem kple Yudea nutowo me. Emegbe la, meyi ame siwo menye Yudatɔwo o dome, eye megblɔ na wo be woadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, atrɔ ɖe Mawu ŋu, eye woana woƒe nu nyui wɔwɔ nafia be wotrɔ dzi me vavã. 21Esia tae Yudatɔwo va lém le gbedoxɔ la me be yewoawum gɔ̃ hã hafi. 22Ke Mawu kpɔ dzinye ale megale agbe egbe, be magblɔ nya sia na ame sia ame ƒomevi, ame gblɔewo kple bubumewo siaa. Ke nyemele nya bubu aɖeke gblɔm o, negbe nu si nyagblɔɖilawo kple Mose wogblɔ ɖi be ava va eme la koe. 23Nyagblɔɖilawo kple Mose gblɔ be, ‘Woawɔ funyafunya Kristo la, eyae anye ame gbãtɔ si afɔ tso ame kukuwo dome, eye wòahe Kekeli vɛ na Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o.’ ”

24Esi Festus se nya sia ko la, edo ɣli ɖe Paulo ta sesĩe be, “Paulo, wò tagbɔ le gbegblẽm; wò agbalẽsɔsrɔ̃ fũu na wò tagbɔ flu.”

25Paulo ɖo eŋu be, “Bubume Festus, nye tagbɔ meflu o, ke boŋ nya siwo megblɔ la nye nyateƒe matrɔmatrɔ sɔŋ ko. 26Fia Agripa ŋutɔ hã nya nu le nu siawo ŋu. Meka ɖe edzi be Fia Agripa se nya siawo katã kpɔ, elabena wonye nu siwo dzɔ le gaglãgbe, eye womele ɣaɣla ɖe ame aɖeke o. 27Fia Agripa, menya be èxɔ nyagblɔɖilawo ƒe nyawo dzi se; alo mele eme nenema oa?”

28Agripa xɔ nya la le Paulo nu gblɔ be, “Ɖe nèbu be nya sue si nègblɔ le afi sia lae ana be mazu kristotɔ zi ɖeka?”

29Paulo ɖo eŋu be, “Anye nye didi vevie be togbɔ be nye nyawo meɖi naneke o hã la, Mawu ana wò kple ame sia ame si aɖo tom egbe la natrɔ zu abe ame si menye ene, ke menye to fukpekpe me abe ale si mele babla me ene o.”

30Le nya siawo megbe la, Fia Agripa kple Mɔmefiagã Festus kple Benis kple wo ŋumewo katã tso hedzo. 31Emegbe esi wonɔ nya la me dzrom kpɔ le wo ɖokuiwo dome la, wokpɔe dze sii be le nyateƒe me la, Paulo mewɔ naneke si dze na ku alo gamenɔnɔ gɔ̃ hã o.

32Ale Agripa gblɔ na Festus be, “Ne menye ɖe Paulo tsɔ eƒe nya la de Kaisaro si o la, anye ne ele be woaɖe asi le eŋu hafi.”

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

Paul's Defense before King Agrippa

  • Easton's Bible Dictionary (1897) identifies the Agrippa of this hearing as Agrippa II, born in Rome in A.D. 27 and brother of Bernice and Drusilla. It records that the emperor Claudius made him superintendent of the Temple in Jerusalem in A.D. 48 and governor of Chalcis in A.D. 50, and later king over the tetrarchy of Philip and Lysanias. That background illuminates Paul's appeal to the king's familiarity with Jewish customs and controversies, and Bernice, Agrippa's sister, was present and rose with the king and the governor when the hearing ended.Sources: Agrippa · Bernice · the Bible text itself
  • Festus, who had succeeded Felix as procurator of Judea, heard Paul at Caesarea in the presence of Herod Agrippa II and Bernice. He found nothing deserving death or imprisonment and would have released Paul, but Paul had appealed to Caesar, so Festus sent him to Rome.Sources: Portius Festus · the Bible text itself
  • Paul tells Agrippa that about noon, on the road to Damascus, he saw a light from heaven, brighter than the sun, shining around him and his companions, and heard a voice in Hebrew calling him Saul. Damascus lies about 133 miles north of Jerusalem. Easton's Bible Dictionary (1897) says Saul was his Hebrew name and that the name Paul was probably also given to him in infancy for use in the Gentile world; he was a native of Tarsus, the capital of Cilicia, a Roman province in southeastern Asia Minor.Sources: Paul · Damascus · the Bible text itself

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · verses 4, 10, 20
  • Nazareth · 32.702, 35.298 · verse 9
  • Damascus · 33.511, 36.306 · verses 12, 20
  • Judea · Today: Judea 1 · 31.777, 35.234 · verse 20

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.