Nations Bible

Acts 22

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

1“Fofonyewo kple nɔvinyewo, to kukuɖeɖe me, miɖo tom ne maɖe ɖokuinye nu miase.”

2Esi ameawo se be enɔ Hebrigbe gblɔm la, wogazi ɖoɖoe ɖe edzi wu tsã.

Paulo yi edzi be, 3“Yuda vidzidzi ŋutɔŋutɔe menye tso Tarso le Kilikia nuto me. Ke Yerusalem afi siae mede suku le, eye nye nufialae nye Gamaliel, ame si hem be mawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe sewo kple kɔnuwo dzi pɛpɛpɛ abe ale si dze ene. Enye nye didi vevie ɣe ma ɣi be made bubu Mawu ŋu le nu sia nu si mawɔ la me abe ale si miawo hã miele ewɔm fifia ene. 4Meti Kristotɔwo yome. Mewɔ funyafunya wo, wu wo, lé ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa de gaxɔ me. 5Yudatɔwo ƒe nunɔlagã kple amegã ɖe sia ɖe ate ŋu aɖi ɖase na mi le nya siawo ŋu, elabena mexɔ agbalẽ tɔxɛ tso wo gbɔ le Yerusalem si na ŋusẽm be mayi wo nɔviwo Yudatɔwo ƒe amegãwo gbɔ le Damasko, eye woakpe ɖe ŋunye be malé Kristotɔ siwo katã le dua me la, akplɔ wo va Yerusalem be woahe to na wo.

6“Ke esime wòsusɔ vie maɖo Damasko dua me, le ŋdɔ ga wuieve me lɔƒo la, keklẽ gã aɖe tso dziƒo klẽ ƒo xlãm. 7Ale medze anyi. Enumake mese ame aɖe ƒe gbe be, ‘Saulo, Saulo, nu ka ta nèle yonyeme tim ale mahã?’

8“Mebia be, ‘Aƒetɔ, wò ame kae le nu ƒom nam?’

“Gbea ɖo eŋu be, ‘Nyee nye Yesu, Nazaretitɔ, ame si yome tim nèle.’ 9Ame siwo nɔ ŋunye la se nuƒoa pɛpɛpɛ, gake womese nu si wògblɔ la gɔme o.

10“Meyi edzi gabiae be, ‘Aƒetɔ nu ka mawɔ?’

“Aƒetɔ la gblɔ nam be, ‘Tsi tsitre nàyi Damasko dua me, eye ame aɖe agblɔ nu siwo wɔ ge nàla le ƒe siwo gbɔna me la na wo.’

11“Ke esi metso le anyigba la, mede dzesii be nyemegate ŋu nɔ nu kpɔm o le kekeli gã ma ta eya ta ame siwo le ŋunye la lém ɖɔɖɔɖɔ hekplɔm yi Damasko.

12“Le afi ma la, ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Anania la va gbɔnye. Anania nye Yudatɔ, ame si mefena kple Yudatɔwo ƒe sewo o, ale Yudatɔ siwo katã le Damasko la tsɔ bubu tɔxɛ nɛ. 13Ame sia va tsi tsitre ɖe gbɔnye, eye wògblɔ nam be, ‘Nɔvinye Saulo, ʋu ŋku nàkpɔ nu!’ Enumake nye ŋkuwo ʋu, eye megakpɔ nu.

14“Anania yi edzi gblɔ nam be, ‘Mía tɔgbuiwo ƒe Mawu la tia wò be nànya nu si nye eƒe lɔlɔ̃nu, ase eƒe gbe, eye nàkpɔ Dzɔdzɔetɔ la, ase eƒe nuƒo hã. 15Hekpe ɖe esia ŋu la, ele be nànye eƒe ɖaseɖila na amewo katã, eye nàgblɔ nu siwo nèkpɔ kple nu siwo nèse la hã na amewo. 16Azɔ ɣeyiɣigbegblẽ aɖeke megali o. Ɖeko woade mawutsi ta na wò, aklɔ wò nu vɔ̃wo ɖa le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me.’

17“Metrɔ va Yerusalem, eye gbe ɖeka esi menɔ gbe dom ɖa le gbedoxɔ la me la, mekpɔ ŋutega aɖe, 18eye Mawu gblɔ nam be, ‘Wɔ kaba nàdzo le Yerusalem, elabena ne ègblɔ nye nya na amewo la, womaxɔe se o.’

19“Ke meɖo eŋu be, ‘O, Aƒetɔ, ame siawo nya nyuie be ame siwo katã xɔ wò ŋkɔ dzi se la, meléa wo tso ƒuƒoƒe yi ƒuƒoƒe, ƒoa wo, eye medea wo gaxɔ me. 20Gawu la, esime wonɔ wò dɔla Stefano ƒe ʋu kɔm ɖi la, nye ŋutɔ meda asi ɖe edzi. Menɔ afi ma, eye mexɔ ame siwo nɔ ewum la ƒe awuwo lé ɖe asi na wo esime wonɔ kpe ƒumee.’

21“Gake Mawu gblɔ nam be madzo le dua me godoo, elabena yeaɖom ɖe kekeke ame siwo menye Yudatɔwo o gbɔ be magblɔ nya na wo.”

Paulo, Romatɔ la

22Esi wògblɔ nya sia ko la, ameha la ganyra kple ɣli bobobo be, “Mikplɔ ame ma ƒomevi dzoe le anyigba dzi! Miyi ɖawui! Medze be wòanɔ agbe o!”

23Ale woda woƒe awuwo ɖe yame, eye wolɔ ke hlẽ ɖe yame dzikutɔe. 24Ale asrafowo ƒe amegã ɖe gbe be woakplɔ Paulo yi xɔa mee, aƒoe kple atam va se ɖe esime wòato nyateƒe be yenya nu si tututu ta ameha la do dziku ɖe ye ŋu nenema ɖo. 25Esime wonɔ Paulo blam be yewoaƒoe la, ebia asrafoawo ƒe nunɔla aɖe si nɔ tsitre ɖe egbɔ be, “Ele se nu be miaƒo Romatɔ le esime womedrɔ̃ ʋɔnue oa?”

26Asrafo sia yi eƒe amegã gbɔ enumake ɖagblɔ nɛ be, “Amegã, nu kae nye esia nèbe yeawɔ? Mènya be ame sia la Romatɔ wònye hafi nèbe woaƒoe oa?”

27Asrafowo ƒe amegã la ɖe abla va Paulo gbɔ hebiae be, “Ŋutsu, Romatɔe nènye vavã?”

Paulo ɖo eŋu be, “Ɛ̃, Romatɔe menye.”

28Asrafowo ƒe amegã la hã gagblɔ nɛ be, “Nye hã Romatɔe menye, gake ga home gbogbo aɖee mena hafi te ŋu zui.”

Ke Paulo gblɔ nɛ be, “Nye ya Roma vidzidzie menye.”

29Nya sia na be vɔvɔ̃ ɖo asrafowo ƒe amegã la, le esi wòɖe gbe be woabla Paulo ta. Asrafo siwo nɔ dzadzram ɖo ɖe eƒoƒo ŋu la katã bu le afi ma enumake esi wose be Romatɔe wònye.

Paulo le ʋɔnudrɔ̃ƒe la ŋkume

30Le ŋkeke evea gbe la, asrafowo ƒe amegã la ɖe Paulo le gaxɔ me, eye wòyɔ nunɔlagãwo kple Yudatɔwo ƒe amegãwo ƒo ƒu. Azɔ ekplɔ Paulo va wo ŋkume be yease nu si tututu le tɔtɔ sia hem vɛ la gɔme.

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

Paul's Defense in Jerusalem

  • Paul began his defense in Hebrew, and the crowd grew even quieter. He presented himself as a Jew born in Tarsus of Cilicia, raised in Jerusalem, and educated at the feet of Gamaliel in strict conformity to the law of the fathers. A dictionary entry describes Gamaliel as a learned Pharisee, grandson of the rabbi Hillel, and president of the Sanhedrin during the reigns of Tiberius, Caligula, and Claudius.Sources: the Bible text itself · Gamaliel
  • Paul recalled imprisoning and beating believers, and standing by in approval while he watched over the garments of those who killed Stephen. A dictionary entry calls Stephen, one of the seven deacons, the first Christian martyr, and notes that the stoners laid their clothes at the feet of the young Pharisee Saul of Tarsus, a scene that left a deep impression which Paul recalls in this speech.Sources: the Bible text itself · Stephen
  • The crowd listened until Paul said he would be sent far away to the Gentiles; then they shouted that he was not fit to live, threw off their cloaks, and tossed dust into the air. As they stretched him out to strap him down, he asked the centurion whether it was lawful to flog a Roman citizen without a trial, and told the commander that he had been born a citizen, while the commander had paid a high price for his. A chronology dates this testimony, and his appearance before the Council the next day, to AD 54.Sources: the Bible text itself · Paul gives his testimony · Paul goes before the Council

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

  • Cilicia · 36.913, 34.892 · verse 3
  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · verses 3, 5, 17, 18
  • Tarsus · 36.913, 34.892 · verse 3
  • Damascus · 33.511, 36.306 · verses 5, 6, 10, 11, 12
  • Nazareth · 32.702, 35.298 · verse 8

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.