Acts 19
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Paulo ƒe mɔzɔzɔ etɔ̃lia
1Esime Apolo ganɔ Korinto la, Paulo hã zɔ mɔ to Terki nutowo me va ɖo Efeso. Ekpɔe be xɔsetɔ aɖewo le afi ma, eye le woƒe nyamedzodzro me la, 2Paulo bia wo be, “Esi miexɔ se la, miexɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la mahã?”
Ke woɖo eŋu be, “Ao, míexɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la o, eye le nyateƒe me la, míese eŋkɔ kpɔ gɔ̃ hã o.”
3Paulo yi edzi bia wo be, “Ekema nu ka dzie miexɔ se hafi wode mawutsi ta na mi?”
Woɖo eŋu be, “Wode mawutsi ta na mí ɖe Yohanes Mawutsidetanamela ƒe nufiafia nu.”
4Esi Paulo se nya sia la, egblɔ na wo be, “Yohanes Mawutsidetanamela ɖeko wòwɔe be yeafia ale si ame nadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, atrɔ va Mawu gbɔ eye emegbe la, wòaxɔ Yesu Kristo, ame si ƒe nya Yohanes gblɔ be ele vava ge la dzi ase, ale be woade mawutsi ta nɛ ɖe eƒe ŋkɔ me.” 5Esi wose nya sia la, wo katã wolɔ̃, eye Paulo de mawutsi ta na wo ɖe Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ me. 6Esi Paulo da asi ɖe wo dzi la, woxɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la, eye woƒo nu kple gbegbɔgblɔ bubuwo hegblɔ nya ɖi hã. 7Ameawo ƒe xexlẽme nɔ ame wuieve.
8Paulo yi ɖe ƒuƒoƒe la me nɔ mawunya gblɔm kple dzideƒo ɣleti etɔ̃ sɔŋ, eye wòle mawufiaɖuƒe la ŋutinya ƒom ɖe wo nu ale be woxɔe se. 9Ame aɖewo mexɔ eƒe nya o, ale wotsi tsitre ɖe eŋu vevie hegblɔ busunya geɖe ɖe Mɔ la ŋu le dutoƒo. Nu sia na be Paulo dzo le wo gbɔ. Ke ekplɔ nusrɔ̃lawo ɖe asi yi Tirano Takpexɔa me, afi si wòƒoa nu na wo le gbe sia gbe. 10Ewɔ nu sia ƒe eve sɔŋ ale be Yudatɔwo kple Grikitɔ siwo katã le Asia la katã se Aƒetɔ la ƒe nya la. 11Mawu wɔ nukunu tɔxɛwo to Paulo ƒe asi dzi 12ale gbegbe be wòtsɔa takuviwo kple akɔtawuiwo kaa dɔnɔwo ŋu wohayana, eye gbɔgbɔ vɔ̃wo hã doa go le wo me.
13Yudatɔ aɖewo hã nɔ tsatsam tso du me yi du me henɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam le amewo me. Ame siawo va ɖo be yewoayɔ Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ anya gbɔgbɔ vɔ̃e kpɔ be adze edzi na yewo mahã? Woɖoe be ne yewotu ame si me gbɔgbɔ vɔ̃ le la, yewoado ɣli ɖe eta be, “Meɖe gbe na wò le Yesu Kristo, ame si ƒe nya gblɔm Paulo le la ƒe ŋkɔ me be nàdo go!” 14Ame siwo nɔ nu sia wɔm la woe nye Yudatɔwo ƒe nunɔlagã aɖe si woyɔna be Skeva la ƒe viŋutsuvi adreawo. 15Wova ke ɖe ame aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ le la ŋu vavã, eye wote kpɔ be yewoanya gbɔgbɔ vɔ̃ la le Yesu ƒe ŋkɔ me. Ke gbɔgbɔ vɔ̃ la bia wo be, “Yesu la medze sii eye Paulo la menyae nyuie, ke miawo ɖe, ame kawoe mienye?” 16Enumake ame si me gbɔgbɔ vɔ̃ le la dzo dze wo dometɔ eve dzi, heɖu wo dzi, ƒo wo, eye wòvuvu awu le wo ŋu ale be wosi do go le aƒea me amamae.
17Nya sia kaka ɖe Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa dome le Efeso dua me. Ale vɔvɔ̃ tɔxɛ aɖe dze wo dometɔ ɖe sia ɖe dzi, eye wode bubu Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ ŋu. 18Ame geɖe siwo xɔe se la va eye woʋu woƒe nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ me. 19Ame siwo nye afakalawo la tsɔ woƒe agbalẽwo kple nu kpotokpotoewo vɛ, eye wotɔ dzo wo le dutoƒo. Nu siwo wotɔ dzoe la ƒe home anɔ abe siɖi akpe blaatɔ̃ ene. 20Esia nye dzesi be Aƒetɔ la ƒe nya la xɔ aƒe kple ŋusẽ le nuto la me vavã. 21Emegbe la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dee Paulo me be wòayi Makedonia kple Akaya nuto me hafi atrɔ ayi Yerusalem. Eya ŋutɔ hã ɖoe be tso afi ma la, ele be yeayi Roma hã. 22Eɖo eƒe kpeɖeŋutɔ eve siwo nye Timoteo kple Erasto la ɖa be woado ŋgɔ ayi Makedonia, Hela nuto me, ke eya ŋutɔ gatsi Asia vie.
Demetrio ƒe zitɔtɔ
23Ke le ɣe ma ɣi la, masɔmasɔ gã aɖe va Efeso dua me le Kristotɔwo ta. 24Ame si he masɔmasɔ sia vɛ lae nye Demetrio. Ame sia nye klosalotula, eye dɔsrɔ̃viwo nɔ esi fũu. Wonɔa Helatɔwo ƒe mawu, Artemis ƒe legbawo wɔm kple klosalo. 25Gbe ɖeka la, Demetrio ƒo eƒe dɔwɔlawo kple ame siwo katã wɔa klosalotutu dɔ le dua me la nu ƒu, eye wòƒo nu na wo ale, “Mía tɔwo, miawo ŋutɔwo mienya be klosalotutu siae míewɔna ɖuna. 26Ke ele nyanya me na mi katã be Paulo va le tagbɔ gblẽm na amewo be mawu siwo wotsɔ asi wɔe la menye mawu gbagbe o, eye esia na be míaƒe dɔ megale edzi yim tututu le Efeso afi sia kple Asia nuto la katã me o. 27Azɔ medi be mianya be menye míaƒe dɔwɔna ɖeɖe tae mele nya siawo gblɔm o, ke boŋ ele bɔbɔe be mawu bubutɔ, Artemis subɔsubɔ dzi aɖe kpɔtɔ, eye madidi o la, Artemis si nye Mawu gã si wosubɔna le Asia nuto blibo la katã me kple xexeme godoo la ƒe ŋkɔ abu keŋ.”
28Nya sia de adã ta me na ameha la ale wode asi ɣlidodo me sesĩe be, “Artemis, Efesotɔwo ƒe mawu la lolo!”
29Ɣlidodo sia na be amewo ƒo zi be yewoakpɔ nu si le edzi yim la ɖa, eye le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, du blibo la katã tɔ zi. Ame sia ame ƒu du yi ƒuƒoƒe la, eye wolé Gayo kple Aristako, ame siwo nye Paulo ƒe mɔzɔhatiwo tso Makedonia. 30Paulo di vevie be yeadze wo yome ayi ƒuƒoƒe la, gake nusrɔ̃la bubuawo meɖe mɔ nɛ o. 31Romasrafo siwo le nutoa me la dometɔ siwo nye Paulo xɔlɔ̃wo hã ɖo ame ɖe egbɔ gblɔ nɛ be megado ta ɖe afi ma o.
32Takpekpe la ŋutɔ tɔ zi kɔtɔɔ. Ame sia ame nɔ ɣli dom, nɔ nya sia nya ƒomevi si dze eŋu la gblɔm. Vavã, wo dometɔ geɖe hã menya nu si tututu ta wova ƒo ƒu ɖe afi ma ɖo gɔ̃ hã o.
33Yudatɔ aɖewo kpɔ Aleksandro le ameawo dome, eye enumake wohee do goe wòva tsi tsitre ɖe ameha la ŋkume. Ekɔ asi dzi, eye ɖoɖoe zi, ale wòde asi nuƒoƒo me na wo. 34Ke esi ameha la kpɔe dze sii be Yudatɔ wònye la, wogade asi ɣlidodo me be, “Artemis, Efesotɔwo ƒe mawu la lolo! Artemis, Efesotɔwo ƒe Mawu la lolo!”
35Mlɔeba la, dua ƒe agbalẽŋlɔla la ble wo nu wozi ɖoɖoe, ale wòƒo nu na wo gblɔ be, “Efesotɔwo, ame sia ame nya be Efeso du siae nye trɔ̃ gã Artemis si ge tso dziƒo la ƒe du gã. 36Le esia ta la, mehiã be ne ame aɖe gblɔ nya bubu aɖe ko la, mianɔ ʋunyaʋunya wɔm alea gbegbe o. 37Ame siwo mielé va afi sia la mefi naneke le Artemis ƒe gbedoxɔ me o, eye womegblɔ busunya aɖeke ɖe míaƒe mawunɔ la ŋu hã o. 38Gake ne Demetrio kple eƒe hadɔwɔlawo kpɔ be nya aɖe le yewo kple ame siawo dome la, ekema ɖe wòle na wo be woatsɔ nya ɖe wo ŋu le ʋɔnudrɔ̃ƒe. Ʋɔnudrɔ̃lawo hã le klalo be yewoadrɔ̃ nyaa na wo. 39Ne nya bubu aɖe gali la, ekema woate ŋu ayi dutakpekpea me aɖalée kpɔ. 40Ke ne miekpɔ nyuie o la, Roma dziɖuɖua abia tso mía si be míana akɔnta le egbe ƒe ʋunyaʋunya si nu ta mele o la ŋu, eye nyemenya nya ka magblɔ ne wòva eme alea o.” 41Ale dudzikpɔla la kaka ƒuƒoƒo la, eye ame sia ame trɔ dzo yi aƒe me.

Did you know?
Paul, the Way, and Artemis in Ephesus
- Ephesus was the capital of proconsular Asia, the Roman province covering the western part of Asia Minor, and in Roman times it bore the title of the first and greatest metropolis of Asia. The city was distinguished for the temple of Artemis, whom the Romans called Diana, built outside the walls and reckoned one of the seven wonders of the ancient world. At its center stood an ancient image of the goddess, reputed to have fallen from the sky.Sources: Ephesus · Diana · Asia
- Demetrius, a silversmith at Ephesus, made silver shrines of Artemis, models of her temple or of her statue, which sold readily to visitors from all over Asia Minor. Acts says this trade was the craftsmen's source of prosperity, and that Demetrius warned them of danger to their business and to the honor of the temple of Artemis, the goddess he said was worshiped throughout the province of Asia and the whole world.Sources: Demetrius · the Bible text itself
- The crowd rushed into the theatre of Ephesus, which Easton's Bible Dictionary (1897) describes as the largest in the world, open to the sky and able to hold 50,000 spectators. Friends of Paul among the chiefs of Asia, wealthy citizens elected each year to preside over the games and religious festivals of their cities, begged him not to go in. The city clerk then reminded the assembly that Ephesus was guardian of the temple of the great Artemis and of her image, said to have fallen from heaven.Sources: Ephesus · Asia · the Bible text itself
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
- Corinth · 37.906, 22.879 · verse 1
- Ephesus · 37.939, 27.341 · verses 1, 17, 23, 26, 35
- Asia · 38.400, 28.300 · verses 10, 22, 26, 27, 31
- Achaia · 38.720, 22.540 · verse 21
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · verse 21
- Macedonia · 41.600, 22.540 · verses 21, 22, 29
- Rome · 41.892, 12.485 · verses 21, 40
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org