Nations Bible

Acts 15

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Hametakpekpe le Yerusalem

1Le ɣeyiɣi si me Paulo kple Barnabas wonɔ Antioxia la, ame aɖewo tso Yudea va Antioxia dua me. Ame siawo va nɔ nu fiam xɔsetɔawo be ehiã vevie be woatso aʋa na wo ɖe Mose ƒe kɔnuwo nu hafi woakpɔ ɖeɖe. 2Paulo kple Barnabas melɔ̃ ɖe nya sia dzi kura o, ale wohe nya kple ame siawo vevie. Mlɔeba la, Antioxia Hame la ɖe hametɔ aɖewo kpe ɖe Paulo kple Barnabas ŋu heɖo wo ɖe Yerusalem be woaɖadzro nya sia me kple Apostoloawo kple hamemegãwo, anya woƒe susu le eŋu ava gblɔ na yewo. 3Hametɔwo katã yi ɖaɖo ame dɔdɔawo ɖa va se ɖe Antioxia dua godo, eye woyi woƒe mɔzɔzɔ dzi. Le mɔa dzi la, ame dɔdɔawo tɔ ɖe Foenisia kple Samaria, du siwo le mɔa dzi la me, eye wogblɔ ale si Mawu le dɔ wɔm le ame siwo menye Yudatɔwo o dome la na xɔsetɔ siwo le afi ma. Nya sia do dzidzɔ blibo na ame sia ame si see. 4Esi ame dɔdɔawo va ɖo Yerusalem la, hamea kple apostoloawo kpakple hamemegãwo xɔ wo, eye woka nu siwo katã Mawu wɔ kpli wo la ta na wo.

5Ke ame siwo nye Farisitɔwo tsã hafi trɔ zu Kristotɔwo la tsi tsitre, eye wogblɔ be, “Ele be woatso aʋa na ame siwo menye Yudatɔwo o, siwo trɔ zu xɔsetɔwo la katã, eye woawɔ ɖe Mose ƒe sewo dzi.”

6Ke apostolowo kple hamemegãwo ɖe kpɔ hedzro biabia sia me nyuie. 7Le nyamedzodzro geɖe megbe la, Petro tsi tsitre gblɔ na wo be, “Nɔvinyewo, miawo ŋutɔ mienya be anɔ abe ƒe aɖewoe nye esi va yi ene la, Mawu tiam le mia dome, eye wòdɔm ɖa be magblɔ nyanyui la na ame siwo menye Yudatɔwo o, ale be woawo hã woaxɔ se. 8Mawu si nya amegbetɔ ɖe sia ɖe ƒe dzi me la xɔ wo hena Gbɔgbɔ Kɔkɔe la wo abe ale si wòna míawo hã ene. 9Mede vovototo aɖeke mí kple woawo dome o, elabena eɖe woƒe nu vɔ̃wo ɖa to xɔse me abe míawo ke ene. 10Ke nɔvinyewo, nu ka ta miedi be miate Mawu kpɔ adi be yewoatsɔ agba kpekpe si míawo ŋutɔ kple mía tɔgbuitɔgbuiwo mete ŋu tsɔ o la ada ɖe wo dzi be woatsɔ mahã? 11Ao, míexɔe se to mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve me, eye esia me míekpɔ xɔxɔ abe woawo ke ene le.”

12Le nuƒo sia megbe la, ƒuƒoƒe la zi ɖoɖoe, eye nyahehe aɖeke megayi edzi o. Esia na mɔnukpɔkpɔ Paulo kple Barnabas be wogblɔ nukunu kple dzesi gã siwo Mawu wɔ to wo dzi le ame siwo menye Yudatɔwo o dome la na wo. 13Esi woƒo nu vɔ la, Yakobo hã tsi tsitre ƒo nu gblɔ be, “Nɔviwo, miɖo tom. 14Simɔn gblɔ ale si Mawu ŋutɔ tia amewo tso ame siwo menye Yudatɔwo o dome be woasubɔ ye la na mi. 15Nyagblɔɖilawo ƒe nya sɔ kple nu siwo wogblɔ na mi abe ale si woŋlɔ ɖi ene be,

16“ ‘Le nu siawo megbe la, magatrɔ ava,

eye magatu David ƒe aƒe si mu dze anyi la.

Magbugbɔ aɖo eƒe gli gbagbãwo,

eye mafɔ wo ɖe tsitre,

17ale be ame mamlɛawo adi Aƒetɔ la ƒe mɔ

kple ame siwo menye Yudatɔwo o siwo ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo la.

Aƒetɔ la, ame si wɔa nu siawo katã lae gblɔe.’

18Esiwo le nyanya me nɛ tso blema ke.

19“Esia ta nye nyametsotsoe nye be mehiã be míaɖe fu na ame siwo menye Yudatɔwo o, eye wole tɔtrɔm ɖe Mawu ŋu la o. 20Ke ɖeko míaŋlɔ na wo be woadzudzɔ lã siwo wotsɔ sa vɔe na trɔ̃wo kple lã siwo tsi ʋu me la ɖuɖu, eye hekpe ɖe esiawo ŋu la, woadzudzɔ ahasiwɔwɔ. 21Elabena tso blema ke la, wogblɔ Mose ƒe se la na mí le du sia du me le ƒuƒoƒewo katã le Dzudzɔgbe sia Dzudzɔgbe dzi na Yudatɔwo katã.”

Hametakpekpe la ƒe agbalẽ na Hela kristotɔwo

22Azɔ la, apostoloawo kple hamemegãwo katã va lɔ̃ ɖe edzi be yewoaɖe ame aɖewo woakplɔ Paulo kple Barnabas ɖo ayi Antioxia be woaɖagblɔ nu si dzi woɖo kpee la na hame si le afi ma. Wotia Yuda (si wogayɔna be Barsaba) kple Silas, ame siwo nye amegãwo le hamea me. 23Woŋlɔ agbalẽ de ame dɔdɔawo si, eye emenyawo yi ale:

Mía nɔvi siwo menye Yudatɔwo o siwo trɔ zu xɔsetɔwo le Antioxia, Siria kple Kilikia,

Mixɔ gbedoname tso.

Apostolowo, hamemegãwo kple mia nɔvi siwo le Yerusalem la gbɔ.

24Míese be xɔsetɔ aɖewo, siwo tso mía gbɔ le afi sia la va mia dome, eye wova gblɔ nya aɖewo, siwo ɖe fu na miaƒe susu, eye woʋuʋu miaƒe xɔse kple ɖeɖekpɔkpɔ. Míedi be mianya be menye míawoe dɔ ame siawo ɖo ɖe mi o. 25Ke esi míawo hã míebu nya la ŋu, eye mí katã míeɖo kpe nu si nye nyateƒea dzi vɔ la, míeɖoe be anye susu nyui aɖe ŋutɔ be míaɖe ame dɔdɔ eve siwo akplɔ mía nɔvi lɔlɔ̃awo, Paulo kple Barnabas, ɖo ava mia gbɔ. 26Ame dɔdɔ eve siawoe nye Yuda kple Sila, ame siwo tsɔ woƒe agbe ke faa na míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo. 27Azɔ míedɔ Yuda kple Silas ɖa, ame siawo aƒo nu, aɖo kpe nu si nye míaƒe susu le nya siwo le fu ɖem na miaƒe susuwo la dzi na mi. 28Míekpɔe dze sii be enyo Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kple míawo hã ŋu be, menyo be míatsɔ agba gã aɖeke ada ɖe mia dzi wu nu vevi siawo ko o, 29be miatsri trɔ̃wo ƒe vɔsawo kple ʋu kple lã tsiʋumewo ɖuɖu, eye miatsri ahasiwɔwɔ hã. Ne miekpɔ mia ɖokui dzi nyuie le nu siawo me la, ekema miewɔe nyuie. Minɔ anyi sesĩe.

30Ame dɔdɔ eneawo dze mɔ ɖo ta Antioxia enumake. Esi wova ɖo la, woƒo kristotɔwo katã nu ƒu, eye wotsɔ gbedeasi la ɖo woƒe ŋkume. 31Esi woxlẽ agbalẽ la, eye wose emenyawo la, hame la katã kpɔ dzidzɔ manyagblɔ aɖe. 32Hekpe ɖe agbalẽa ŋu la, Yuda kple Silas, ame siwo hã nye nyagblɔɖilawo la gaƒo nu geɖe na hame la hedo ŋusẽ woƒe xɔse. 33Wonɔ Antioxia ŋkeke geɖe hafi wodo mɔ wo kple dzidzɔgbedoname tso Antioxia Hame gbɔ vɛ na Yerusalem hame si dɔ wo. [ 34Ke enyo Sila ŋu be yeatsi afi ma.] 35Paulo kple Barnabas hã gatsi Antioxia hena kpekpe ɖe ame siwo nɔ Aƒetɔ la ƒe nya gblɔm henɔ nu fiam amewo le afi ma la ŋu.

Paulo kple Barnabas ƒe mama

36Le ŋkeke aɖewo megbe la, Paulo doe ɖe Barnabas gbɔ be, “Na míatrɔ ayi aɖakpɔ nɔvi siwo le du siwo me míegblɔ Aƒetɔ la ƒe nya la le la, akpɔ ale si wole zɔzɔmee la ɖa.” 37Barnabas lɔ̃, ke edi be yewoakplɔ Yohanes si woyɔna be Marko la akpe ɖe yewo ɖokui ŋu. 38Ke le ale si Marko gblẽ wo ɖi le Pamfilia, eye meyi dɔa dzi kple wo o ta la, Paulo mebui be enyo be wòagayi kpli yewo o. 39Nu sia he masɔmasɔ de Paul kple Barnabas dome ale gbegbe be wo dome ma. Barnabas kplɔ Marko ɖe asi, eye woɖo tɔdziʋu yi Kipro. 40Ke Paulo hã kplɔ Silas kpe ɖe eɖokui ŋu, eye nɔviawo tsɔ wo de asi na Aƒetɔ la ƒe amenuveve. 41Woto Siria kple Kilikia nutowo me henɔ ŋusẽ dom hame siwo le afi mawo.

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

The Council on Gentile Believers

  • The dispute began in Antioch, on the Orontes about three hundred miles north of Jerusalem, then ranked third among the cities of the Roman empire, after Rome and Alexandria. On the way to the council, Paul and Barnabas passed through Phoenicia, a coastal strip about one hundred twenty miles long, and through Samaria. A chronological note dates the Jerusalem Council to AD 46.Sources: Antioch (Syria) · Phenicia · the Bible text itself · Jerusalem Council
  • Easton's Bible Dictionary (1897) says that James, whom it calls the brother or near kinsman of Jesus, headed the church in Jerusalem and presided at the council on the Gentiles. The letter that followed was addressed to Gentile believers in Antioch, Syria, and Cilicia. Cilicia, Paul's home province and a maritime Roman province in the southeast of Asia Minor since 67 BC, included his native city of Tarsus.Sources: James (Brother of Jesus) · the Bible text itself · Cilicia · Paul
  • Judas, called Barsabbas, and Silas, also known as Silvanus, were prophets and leading men of the Jerusalem church, sent to confirm the council's decision in person. A later sharp disagreement over John Mark, cousin of Barnabas, separated the two missionaries: Barnabas took Mark and sailed for Cyprus, while Paul chose Silas. A chronological note dates that parting to AD 47.Sources: the Bible text itself · Silas · John Mark · Paul and Barnabas part ways

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

  • Antioch · Today: Antioch on the Orontes · 36.227, 36.172 · verses 1, 22, 23, 30, 35
  • Judea · Today: Judea 1 · 31.777, 35.234 · verse 1
  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · verses 2, 3, 4, 22, 23, 33
  • Phoenicia · 33.271, 35.196 · verse 3
  • Samaria · Today: Samaria 2 · 32.276, 35.195 · verse 3
  • Cilicia · 36.913, 34.892 · verses 23, 41
  • Syria · Today: Syria 2 · 33.511, 36.306 · verses 23, 41
  • Pamphylia · 37.000, 31.000 · verse 38
  • Cyprus · 35.000, 33.000 · verse 39

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.