2 Timothy 2
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Sẽ ŋu abe Kristo Yesu ƒe asrafo ene
1Ke wò, vinye Timoteo, sẽ ŋu le amenuveve si le Kristo Yesu me la me, 2elabena ele na wò be nàfia nu siwo mi kple ame bubuwo miese tso gbɔnye le ɖaseɖila geɖewo dome. Mifia nyateƒe xɔasi siawo ame nuteƒewɔlawo, eye woawo hã woafia ame bubuwo. 3Tsɔ wò fukpekpewo kpoo abe Yesu Kristo ƒe asrafo vavã ene, abe ale si mewɔna ene, 4eye abe Kristo ƒe asrafo ene la, mègatsɔ ɖokuiwò nyrɔ ɖe xexemenuwo me o; ne menye nenema o la, màte ŋu adze ame si xɔ wò ɖe eƒe aʋakɔ me la ŋu o. 5Lé Aƒetɔ la ƒe sewo me ɖe asi le eƒe dɔwɔwɔ me abe ale si duɖimekela léa seawo me ɖe asi eye wòɖua dzi loo alo wòɖea asi le seawo ŋu, eye meɖua dzi o ene. 6Ku kutri vevie abe agbledela si xɔa fetu nyui ne exa nuku geɖewo ene. 7Bu kpɔɖeŋu etɔ̃ siawo ŋu kpɔ. Aƒetɔ la nakpe ɖe ŋuwò be nàse ale si kpɔɖeŋu siawo ku ɖe ŋuwòe la gɔme.
8Ɖo ŋku Yesu Kristo, ame si wofɔ tso ku me, eye wòdzɔ tso David ƒe ƒome me la dzi. Esiae nye nye nyanyui la, 9si ta mele fu kpem ɖo, eye wodem ga me gɔ̃ hã abe hlɔ̃dola ene, gake womede ga Mawu ƒe nya ya o. 10Eya ta mekpe fu sia fu ɖe ame tiatiawo ta be woawo hã woakpɔ ɖeɖe si le Kristo Yesu me kpe ɖe ŋutikɔkɔe mavɔ ŋu.
11Esia nye nyateƒenya be,
“Ne míeku kpakplii la,
míanɔ agbe hã kpakplii;
12Ne míekpe fu kplii la,
míaɖu dzi hã kpakplii;
Ne míegbe nu le egbɔ la,
Eya hã agbe nu le mía gbɔ.
13Ne míenye nuteƒemawɔlawo o hã la,
eya anɔ anyi nuteƒewɔlae,
elabena mate ŋu agbe nu le eɖokui gbɔ o.”
Dɔwɔla si ŋu Mawu kpɔ ŋudzedze nyui le
14Ɖo ŋku nya xɔasi siawo dzi na wò amewo, eye nàgbe na wo le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me be womagahe nya tso nu siwo mele vevie o la ŋu o. Nyahehe siawo tɔgbi tɔtɔa ame. Viɖe aɖeke menɔa wo ŋu o, eye wowɔa nu vevi ame gɔ̃ hã. 15Wɔ dɔ sesĩe ale be Mawu nate ŋu agblɔ na wò be, “Dɔ nyui wɔla, wòe le dɔ nyui wɔwɔ dzi.” Nye dɔwɔla nyui, ame si ŋu makpe ne Mawu do wò dɔwɔwɔ kpɔ o. Nànya nu si eƒe nyateƒenya la gblɔ kple nu si wòfia. 16Mègade nu nyahehe dzodzro siwo nana amewo wɔa nu vɔ̃ to dɔmedzoedodo ɖe wo nɔewo ŋu me la me o. 17Elabena to esia wɔwɔ me la, ame aɖewo gblɔa nya aɖewo, siwo gblẽa nu ɣeyiɣi didi aɖe. Himenaio kple Fileto nye ame siawo tɔgbi le ale si wolɔ̃a nyahehe dzodzrowo la ta. 18Woɖe asi le nyateƒe la ŋu, eye wokaa aʋatso, ɖea gbeƒã be ame kukuwo ƒe tsitretsitsi la va eme xoxo, eye wona ame siwo xɔ wo dzi se la ƒe xɔse gbɔdzɔ. 19Ke hã la, Mawu ƒe gɔmeɖokpe sesẽ la le te, eye wode dzesii kple nya siawo be, “Aƒetɔ la nyaa ame siwo nye etɔ vavãwo,” eye, “Ame sia ame si ʋua Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me la, nate ɖa tso ŋutasesẽ gbɔ.”
20Menye sikanuwo kple klosalonuwo ɖeɖe koe nɔa aƒe gã me o, ke boŋ atinuwo kple anyinuwo hã nɔa anyi, ɖewo na bubumewo xɔxɔ, eye ɖewo hã na gbe sia gbe ƒe ŋudɔwɔwɔ. 21Ne ame aɖe kɔ eɖokui ŋuti tso nu vɔ̃ mawo me la, eya ŋu dɔe woawɔ abe nu si ŋu bubu le, nu si le kɔkɔe si nye ŋudɔwɔnu na Aƒetɔ la, eye wòle klalo hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ ene.
22Si le nu sia nu si naa nu vɔ̃ ƒe susu si ɖea fu na ɖekakpuiwo enuenu, eye wògena ɖe mewò la nu, ke nàlé fɔ ɖe nu sia nu si nyɔa didi le mewò be nàwɔ nu nyui la ŋu. Xɔse kple lɔlɔ̃ kpakple ŋutifafa nanɔ mewò, eye nàna hadede kple ame siwo yɔa Aƒetɔ la, eye woƒe dzi me kɔ la, nado dzidzɔ na wò. 23Megale egblɔm na wò be mègade nu nyahehe dzodzro siwo tɔtɔa ame, eye wodoa dɔmedzoe na ame la me o. 24Mele be Mawu ƒe subɔlawo nanye dzrewɔlawo o, ke boŋ ele be woanye nufiala siwo faa tu, eye wogbɔa dzi ɖi na vodalawo. 25Bɔbɔ ɖokuiwò ne èle nu fiam ame siwo tɔtɔ le nyateƒe la ŋu, elabena ne ètsɔ ɖokuibɔbɔ kple gbe blewu ƒo nu na wo la, mɔkpɔkpɔ geɖe li bena, to Mawu ƒe amenuveve me la, woatrɔ dzi me, eye woaxɔ nyateƒe la dzi ase. 26Ekema woadze si nyateƒe la, eye woasi le Abosam ƒe mɔ siwo wotrena be yeana woazu kluviwo na nu vɔ̃ ɣe sia ɣi si yelɔ̃ la nu; ale woate ŋu adze Mawu ƒe lɔlɔ̃nu dzi wɔwɔ gɔme.

Did you know?
A faithful teacher under pressure
- This chapter warns that the talk of Hymenaeus and Philetus spreads like gangrene: they have deviated from the truth by saying that the resurrection has already occurred, and they undermine the faith of some. Easton's Bible Dictionary (1897) places Philetus with Hymenaeus at Ephesus and describes that claim, that the resurrection was already past, as a Gnostic heresy held by the Nicolaitans.Sources: the Bible text itself · Philetus
- The writer urges that Jesus Christ be remembered as raised from the dead and descended from David, the message he calls his gospel. Easton's Bible Dictionary (1897) describes David as the eighth and youngest son of Jesse, a citizen of Bethlehem, whose early work was tending his father's sheep on the uplands of Judah.Sources: the Bible text itself · David
- Faithful service is pictured in three images: a soldier who avoids civilian affairs in order to please the one who enlisted him; a competitor who receives the crown only by competing according to the rules; and a hardworking farmer who should be first to share the crops. The writer also says he suffers chained like a criminal, yet insists that the word of God cannot be chained.Sources: the Bible text itself
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org