Nations Bible

2 Thessalonians 2

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Kristo ƒe vava zi evelia kple eƒe dzesiwo

1Le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe vava kple ale si míaƒo ƒu ɖe egbɔ ŋuti la, míele biabiam tso mia si, nɔviwo, be 2migana woatɔtɔ miaƒe susuwo bɔbɔe alo ado dzikatsoameƒo na mi kple nyagblɔɖiwo, nutsotsowo alo kple agbalẽ aɖe si wogblɔ be etso mía gbɔ hele gbɔgblɔm be Aƒetɔ la ƒe vavagbe la va yi xoxo o. 3Migana woatɔtɔ miaƒe susuwo, eye woable mi o; migaxɔ nu sia nu si wogblɔ la dzi se o, elabena ŋkeke ma mava o, va se ɖe esime aglãdzedze ava eye woaɖe ame sedzimawɔla la ɖe go, ame si woɖo ɖi na tsɔtsrɔ̃. 4Atsi tsitre ɖe mawu bubuwo ŋu, eye ayi aɖagbã nu siwo katã amewo subɔna la kple afi si wosubɔa wo le la gudugudu. Ayi aɖanɔ Mawu ƒe gbedoxɔ me abe Mawu ene, eye wòable amewo be yee nye Mawu.

5Mieɖo ŋku edzi be megblɔ nya siawo na mi esi menɔ mia gbɔ oa? 6Eye mienya nu si le mɔ xem na eƒe afi sia vava xoxo, elabena ne eƒe ɣeyiɣi mede o la, mava o. 7Ke nu si ŋutsu aglãdzela sia awɔ ne eva la le edzi yim xoxo le bebeme, gake eya ŋutɔ mava o va se ɖe esime ame si le mɔ xem nɛ la do ɖa le mɔ me nɛ hafi. 8Ekema ŋutsu vɔ̃ɖi sia ava do, eye Aƒetɔ Yesu atsɔ eƒe ya si wògbɔna to eƒe nu me la afiae, eye ne etrɔ va la, atsrɔ̃ ŋutsu sia ɖa le anyigba dzi. 9Ŋutsu nu vɔ̃ wɔla sia ava kple Satana ƒe ŋusẽ eye Satana awɔ eŋu dɔ atsɔ wɔ dzesi kple nukunu gã geɖewo, atsɔ aflu amewoe. 10Atsɔ madzɔmadzɔnyenye able ame siwo katã yina ɖe dzomavɔ la me, elabena wogbe nyateƒe la xɔxɔ, alɔ̃e be wòaɖe wo o, 11eya ta Mawu ɖe mɔ na wo be woaxɔ alakpa siawo katã dzi ase kple woƒe dzi blibo, 12eye woadrɔ̃ ʋɔnu wo katã pɛpɛpɛ be woxɔ alakpa dzi se, wogbe nu le nyateƒe la gbɔ, eye wokpɔ dzidzɔ le woƒe nu vɔ̃wo me.

Minɔ te sesĩe

13Ke ele be míada akpe na Mawu ɖaa ɖe mia ta, mi mía nɔvi siwo Aƒetɔ la lɔ̃, elabena Mawu ɖoe tso blema ke be yeana miakpɔ ɖeɖe, aklɔ mia ŋuti to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe dɔwɔwɔ kple miaƒe nyateƒe la dzi xɔxɔ se me. 14Mawu gblɔ nyanyui la na mi to mía dzi, eye to mía dzi wòyɔ mi be miakpɔ gome le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋutikɔkɔe la me.

15Nɔvi lɔlɔ̃awo, nu siawo katã le susu me na mi, eya ta minɔ te sesĩe, eye mialé nyateƒe la me ɖe asi sesĩe, nyateƒe siwo míefia mi, esi míenɔ mia gbɔ kple esiwo míeŋlɔ ɖo ɖe mi le míaƒe agbalẽwo me na mi.

16Míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ŋutɔ kple Mawu mía Fofo, ame si lɔ̃ mí, eye to eƒe amenuveve me la, wòna dzideƒo mavɔ kple mɔkpɔkpɔ nyui mí la 17nade dzi ƒo na mi, eye wòado ŋusẽ mi le dɔ nyui ɖe sia ɖe wɔwɔ kple nyanyui la gbɔgblɔ me.

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

The Day of the Lord Has Not Yet Come

  • The chapter urges readers not to be easily alarmed by a spirit, a message, or a letter that only seems to come from the authors and claims that the Day of the Lord has already come. It says that day will not arrive until the rebellion occurs and the man of lawlessness is revealed.Sources: the Bible text itself
  • Called also the son of destruction, he is described as exalting himself above every so-called god, seating himself in the temple of God, and proclaiming himself to be God. The passage refers to what now restrains him, and to the one who restrains, but it does not name that restraint.Sources: the Bible text itself
  • The coming of the lawless one is accompanied by the working of Satan, with every kind of power, sign, and false wonder. Satan means adversary or accuser; in the New Testament the name is used interchangeably with Diabolos, the devil, more than thirty times.Sources: the Bible text itself · Satan

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.