Nations Bible

2 Samuel 5

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

David zu fia na Israel blibo la

1Emegbe la, amewo tso Israel ƒe toawo dometɔ ɖe sia ɖe me va David gbɔ le Hebron hegblɔ nɛ be, “Kpɔ ɖa, míenye wò ŋutilã kple ʋu. 2Tsã esi Saul nye fia le mia nu hã la, wòe nye ame si kplɔ Israel le eƒe aʋawɔwɔ katã me eye Yehowa gblɔ na wò be wòe akplɔ nye eƒe dukɔ, Israel eye wòe ava nye woƒe fia.”

3Esi Israel ƒe dumegãwo va kpe ta le Fia David gbɔ le Hebron la, ebla nu kpli wo le Yehowa ƒe ŋkume eye wosi ami na David heɖoe fiae ɖe Israel dzi.

4David xɔ ƒe blaetɔ̃ esi wòzu fia. Eɖu fia ƒe blaene. 5Le Hebron la, eɖu fia ɖe Yuda dzi ƒe adre kple ɣleti ade eye le Yerusalem la, eɖu fia ɖe Israel kple Yuda dzi ƒe blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃.

David xɔ Yerusalem

6Azɔ la, David kplɔ eƒe aʋawɔlawo yi Yerusalem be woawɔ aʋa kple Yebusitɔwo, ame siwo nɔ Yerusalem. Ke Yebusitɔwo gblɔ na David be, “Màte ŋu axɔ afi sia o, ŋkuagbãtɔwo kple xɔdrɔ̃wo gɔ̃ hã axe mɔ na wò!” Wogblɔ alea elabena wobu be yewonɔ dedie. 7Ke David kple eƒe amewo ɖu wo dzi eye woxɔ Zion mɔ sesẽ la si woyɔna azɔ be, “David Ƒe Du.”

8David gblɔ gbe ma gbe be, “Ele be ame sia ame si aɖu Yebusitɔwo dzi la, nato tɔtsoƒe aɖo ‘xɔdrɔ̃ kple ŋkugbãtɔ mawo’ ame siwo nye David ƒe futɔwo la gbɔ.” Eya ta wogblɔna be, “ ‘Ŋkuagbãtɔwo kple xɔdrɔ̃wo’ mage ɖe fiasã la me o.”

9Ale David va nɔ mɔ la me hena ŋkɔe be, “David Ƒe Du.” Ekeke dua ɖe edzi tso Milo xoxoa ɖo ta du si li fifia la titina. 10Ale David ƒe ŋkɔ kple ŋusẽ de dzi elabena Yehowa, Mawu ŋusẽkatãtɔ la nɔ kplii.

11Azɔ la, Hiram, Tiro fia dɔ dɔlawo ɖo ɖe David. Etsɔ sedatiwo, gliɖolawo kple atikpalawo kpe ɖe wo ŋuti eye wotu fiasã na David. 12Azɔ la, David nya nu si ta Yehowa ɖoe fiae eye wòna eƒe fiaɖuƒe la keke ta, eyae nye be Yehowa di be yeakɔ eƒe amenuveve ɖe Israel, eƒe dukɔ tiatia la dzi.

13Esi David ʋu yi Hebron la, egaɖe srɔ̃ bubuwo, egaɖo ahiãvi yeyewo eye wòdzi viŋutsu kple vinyɔnu geɖewo. 14Vi siwo wodzi na Fia David le Yerusalem la ƒe ŋkɔwoe nye: Samua, Sobab, Natan, Solomo 15Ibhar, Elisua, Nefeg, Yafia, 16Elisama, Eliada kple Elifelet.

David ɖu Filistitɔwo dzi

17Esi Filistitɔwo se be David zu Israel fia yeyea la, woƒo ƒu aʋakɔ aɖe nu be yewoayi aɖalée. Ke David se be Filistitɔwo gbɔna eya ta wòsi yi mɔ sesẽ la me. 18Filistitɔwo va do eye wokaka ɖe Refaim balime.

19David bia Yehowa be, “Mayi aɖawɔ aʋa kpli woa? Ɖe nàtsɔ wo ade asi nama?”

Yehowa ɖo eŋu be, “Ɛ̃, yi, matsɔ wo ade asi na wò.”

20Ale David yi ɖawɔ aʋa kpli wo le Baal Perazim eye wòɖu wo dzi. Egblɔ be, “Yehowae ɖu wo dzi; eƒu du to nye futɔwo dome abe ale si tɔsisi gba goe ene.” Ale wona ŋkɔ teƒe la be Baal Perazim si gɔmee nye “Aƒetɔ si gba go.” 21Filistitɔwo gblẽ woƒe legbawo ɖe anyi eye David kple eƒe amewo fɔ wo. 22Ke Filistitɔwo trɔ va eye wogakaka ɖe Refaim balime.

23Esi David bia Yehowa be nu ka yeawɔ hã la, eɖo eŋu be, “Mègakpe aʋa kpli wo ŋkume kple ŋkume o, ke boŋ to wo megbe eye nàdo ɖe balsamtiawo gbɔ. 24Ne èse gbeɖiɖi aɖe le atiawo tame abe asrafowoe le azɔli zɔm ene la, ekema nàdze wo dzi. Esiae anye dzesi na wò be Yehowa dze ŋgɔ na wò be nàtsrɔ̃ Filistitɔwo ƒe aʋakɔwo.”

25Ale David wɔ nu si Yehowa ɖo nɛ eye wòsi Filistitɔwo tso keke Gibeon va se ɖe Gezer.

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

David King Over All Israel and the Capture of Jerusalem

  • After ruling for seven and a half years in Hebron, David unified Israel and captured the mountain stronghold of Zion from the Jebusites. He renamed the fortress the City of David and expanded its defenses around the Millo, or supporting terraces.Sources: the Bible text itself · Zion · Millo · Hebron
  • Hiram, king of the Phoenician coastal city of Tyre, established an alliance with David by sending cedar timber, carpenters, and stonemasons to build a royal palace in Jerusalem.Sources: the Bible text itself · Hiram · Tyre
  • Located southwest of Jerusalem, the Valley of Rephaim served as the staging ground for Philistine incursions once they learned David had been crowned king over all Israel.Sources: the Bible text itself · Valley of Rephaim

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

  • Hebron · Today: Tel Rumeida · 31.525, 35.102 · verses 1, 3, 5, 13
  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · verses 5, 6, 13, 14
  • City of David · 31.774, 35.236 · verses 7, 9
  • Zion · Today: Jerusalem · 31.777, 35.234 · verse 7
  • Tyre · 33.271, 35.196 · verse 11
  • Valley of Rephaim · 31.763, 35.219 · verses 18, 22
  • Gezer · Today: Tel Gezer · 31.859, 34.919 · verse 25

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.