2 Samuel 16
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
David kple Ziba
1Esi David to toa tame yina sẽe ko la, Ziba, ame si nye Mefiboset ƒe aƒedzikpɔla la va tui. Etsɔ abolo alafa eve, waintsetse ƒuƒu ka alafa ɖeka, waintsetse mumu kpo alafa ɖeka kple wain adzafi sue ɖeka ɖe tedzi eve dzi vɛ.
2Fia la bia Ziba be, “Nu ka míawɔ kple nu siawo?”
Ziba ɖo eŋu be, “Tedziawo nye wò amewo tɔ be woanɔ dodom, aboloawo kple kutsetseawo nye ɖekakpuiawo ƒe nuɖuɖu. Ne ɖeɖi te ŋuwòme aɖe ŋu le gbegbea la, wòano wain la.”
3Fia la bia be, “Afi ka Mefiboset le?”
Ziba ɖo eŋu be, “Enɔ Yerusalem; egblɔ be, ‘Mezu fia azɔ! Egbe la maxɔ fofonye, Saul, ƒe fiaɖuƒe la!’ ”
4Fia la gblɔ na Ziba be, “Ekema metsɔ nu sia nu si nye etɔ la na wò.”
Ziba ɖo eŋu be, “Akpe na wò; meda akpe gã aɖe na wò, nye amegã.”
Simei ƒo fi de David
5Esi David kple eŋumewo gogo Bahurim la, ŋutsu aɖe do go tso kɔƒe aɖe me heƒo fi de wo. Ame siae nye Simei, Gera ƒe vi eye wòganye Saul ƒe ƒometɔ. 6Eda kpe Fia la kple eƒe aʋafiawo kple aʋawɔla siwo katã ƒo xlãe!
7Simei ƒo fi de David kple ɣli be, “Bu le afi sia, bu le afi sia, wò hlɔ̃dola kple ame vɔ̃ɖi! 8Yehowa xe fe na wò ɖe ʋu siwo katã nèkɔ ɖe anyi le Saul, ame si teƒe nèle fia ɖum le la ƒe aƒe me eya ta Yehowa xɔ fiaɖuƒe la na viwò Absalom. Ège ɖe dzɔgbevɔ̃e me elabena ènye hlɔ̃dola!”
9Abisai bia be, “Nu ka ta avu kuku sia aƒo fi ade wò, nye aƒetɔ, fia, mahã? Ɖe mɔ nam matso ta le enu!”
10Ke fia la gblɔ be, “Nya kae le nye kple miawo, Zeruya ƒe viwo, dome? Ne ele ɖiŋu dom elabena Yehowae gblɔ nɛ be, ‘Ƒo fi de David’ la, ame ka ate ŋu abia be, ‘Nu ka ta nèle nu sia wɔm ɖo?’ ”
11David gblɔ na Abisai kple eŋumewo be, “Vinye, ame si nye nye ŋutɔ nye ŋutilã la, le agbagba dzem be yeawum, ekema nu ka Benyamintɔ sia mawɔ o? Zi kpi kpɔe wòaƒo fi dem elabena Yehowae ɖoe nɛ. 12Alo ɖewohĩ Yehowa akpɔe be edo ɖiŋu nam dzodzro eye wòayram le eƒe fiƒodewo ta.”
13Ale David kplɔ eƒe amewo yi mɔzɔzɔ la dzi eye Simei hã nɔ zɔzɔm ɖe wo ŋu le togbɛa ƒe akpa kemɛ. Enɔ fi ƒom de David, nɔ kpe damii eye wònɔ ke wum ɖe yame ɖe wo ŋu. 14Ɖeɖi te Fia la kple eŋumewo katã ŋu azɔ, esime woɖo Bahurim ale wotɔ ɖe afi ma hegbɔ ɖe eme sẽe.
Husai kple Ahitofel ƒe aɖaŋuɖoɖowo
15Le ɣeyiɣi sia me la, Absalom kple Israelviwo va ɖo Yerusalem; Ahitofel hã nɔ wo ŋu. 16Esi David xɔlɔ̃, Husai, Arkitɔ la va ɖo la, eyi Absalom gbɔ enumake eye wòdo gbe nɛ be, “Fia nenɔ agbe tegbee. Fia nenɔ agbe tegbee!”
17Absalom biae be, “Aleae nàwɔ ɖe xɔwò, David ŋue nye sia? Nu ka ta mègale egbɔ o?”
18Husai ɖo eŋu na Absalom be, “Elabena ame si Yehowa kple Israel tia lae mewɔa dɔ na. 19Nu ka ta nyemawɔ nenema o? Mekpe ɖe fofowò ŋu. Azɔ la, makpe ɖe ŋuwò.”
20Absalom trɔ ɖe Ahitofel gbɔ eye wòbiae be, “Nu ka magawɔ azɔ?”
21Ahitofel ɖo eŋu na Absalom be, “Yi nàdɔ fofowò ƒe ahiãviwo gbɔ elabena egblẽ wo ɖe afi sia be woakpɔ fiasã la dzi. Ekema Israel blibo la anya be, èdo vlo fofowò ale gbegbe be ame aɖeke magate ŋu adzra mia dome ɖo o. Ekema ame sia ame adze yowòme.” 22Ale wotu agbadɔ aɖe ɖe fiasã la ƒe xɔta ƒe gbadzaƒe, afi si ame sia ame ate ŋu akpɔ nu le. Absalom yina ɖadɔa fofoa ƒe ahiãviwo gbɔ le agbadɔ la me le Israel blibo la ŋkume.
23Le ŋkeke mawo me la, Ahitofel ƒe aɖaŋu si wòɖona la nɔna abe Mawu gbɔe wobia gbe le ene, ale David kple Absalom siaa dea bubu Ahitofel ƒe aɖaŋuɖoɖowo ŋu.

Did you know?
David's Flight and Absalom's Entry
- As David fled down toward the Jordan valley, he passed near Bahurim, where a Benjamite named Shimei son of Gera walked along the opposite ridge. Belonging to the family of the house of Saul, Shimei cursed David, threw stones, and cast dust, accusing him of bringing ruin upon Saul's family.Sources: Shimei · Bahurim · the Bible text itself
- Ziba, a former servant of Saul's house, brought donkeys, bread, fruit, and wine to David during his flight. Ziba claimed that Jonathan's disabled son Mephibosheth had stayed in Jerusalem hoping the kingdom would be restored to his grandfather Saul, leading David to grant all of Mephibosheth's possessions to Ziba.Sources: Ziba · Mephibosheth · the Bible text itself
- After taking Jerusalem, Absalom received counsel from Ahithophel, whose advice was revered like the word of God. To thwart Ahithophel's strategies, David's loyal friend Hushai the Archite feigned allegiance to Absalom to remain inside the rebel court.Sources: Ahithophel · Hushai · the Bible text itself
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
- Mount of Olives · 31.778, 35.246 · verse 1
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · verses 3, 15
- Jordan · Today: Jordan River · 31.761, 35.558 · verse 14
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org