Nations Bible

2 Samuel 11

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

David wɔ ahasi kple Batseba

1Le Adame esi fiawo ƒe aʋawɔɣi ɖo la, David ɖo Yoab kple Israel ƒe aʋakɔ la ɖa be woatsrɔ̃ Amonitɔwo eye woɖe to ɖe Raba. Ke David nɔ Yerusalem.

2Gbe ɖeka le ɣetrɔ me la, David fɔ eye wòɖi tsa le eƒe fiasã la ƒe xɔta ƒe gbadzaƒe. Ekpɔ nyɔnu aɖe si dze tugbe ŋutɔŋutɔ wònɔ tsi lem, 3ale wòdɔ ame ɖa be woakpɔe ɖa be nyɔnu kae mahã. Amea de gbɔ va gblɔ nɛ be nyɔnu lae nye Batseba, Eliam ƒe vinyɔnu eye wònye Uria srɔ̃. 4Enumake David na woyɔe nɛ. Le ɣeyiɣi sia me tututu la, Batseba wu ɖokuiŋukɔkɔ le gbɔtotsitsi megbe ƒe wɔnawo nu teti ko. Esi wòva la, David dɔ egbɔ eye wòtrɔ yi aƒe me. 5Emegbe esi Batseba kpɔ be yefɔ fu la eɖo ame ɖe David hegblɔe nɛ.

6Ale David dɔ ame ɖo ɖe Yoab be, “Ɖo Uria, Hititɔ la ɖem.” 7Esi Uria va ɖo la, David bia gbee tso Yoab kple aʋakɔ la kple aʋa la ƒe yiyi me ŋuti. 8Emegbe la, David gblɔ na Uria be wòayi aɖagbɔ ɖe eme le eƒe aƒe me eye wòɖo nunana aɖe ɖee. 9Ke Uria meyi aƒe me o; etsi fiasã la ƒe agbonu kple fia la ƒe subɔlawo.

10Esi David se nu si Uria wɔ la, eyɔe hebiae be, “Nya kae dzɔ? Nu ka ta mèyi srɔ̃wò gbɔ le wò aƒe me etsɔ fiẽ esi nèdzo le aƒe me eteƒe didi alea o?”

11Uria ɖo eŋu na David be, “Nubablaɖaka la kple Israel kpakple Yuda wole agbadɔ me. Nye aʋafia Yoab kple nye aƒetɔ ƒe amewo katã le gbedzi. Ɖe nye ya mayi aƒe me, ano wain, aɖu nu eye madɔ srɔ̃nye gbɔa? Meka atam be nyemaɖi fɔ to nu siawo wɔwɔ me o.”

12David gblɔ nɛ be, “Enyo; tsi anyi zã sia eye nàtrɔ ayi aʋagbedzi etsɔ,” Ale Uria tsi fiasã la me le Yerusalem. 13David kpee ɖe fiẽnuɖukplɔ̃ ŋu eye wòna wòno aha mu gake egagbe aƒemeyiyi eye wògatsi fiasã la ƒe agbo nu dɔ.

14Esi ŋu ke la, David ŋlɔ agbalẽ de asi na Uria be wòatsɔ ayi na Yoab. 15Fia la ɖo na Yoab to agbalẽ la me be wòaɖo Uria ɖe afi si aʋa la sẽ le eye wòana amewo nade megbe le eŋu ale be woawui!

16Ale Yoab ɖo Uria ɖe teƒe aɖe si te ɖe du si ŋu woɖe to ɖe afi si wònya be futɔwo ƒe aʋawɔla sesẽwo nɔ. 17Ale wowu Uria, Hititɔ la kple Israelvi geɖewo.

18Yoab ɖo du ɖe David tso aʋa la ƒe yiyime ŋuti. 19Egblɔ na ame si wòdɔ la be, “Ne ègblɔ nya sia nya tso aʋa la ŋu la, 20ɖewohĩ ado dɔmedzoe abia wò be, ‘Nu ka ta miegogo du la nenema le aʋa la wɔwɔ me? Ɖe mienya be woada aŋutrɔwo tso gli la dzi oa? 21Mieɖo ŋku ale si wowu Abimelek, Yerub Beset ƒe vi, la dzi oa? Nyɔnu aɖee ɖe asi le wɔtutevi ŋu tso gli la dzi wòwui le Tebez. Nu ka ta miegogo gli la nenema?’ Ne Fia la bia nya siawo wò la, gblɔ nɛ be, ‘Wowu wò aʋakplɔla Uria, Hititɔ la hã.’ ”

22Ale ame dɔdɔ la yi Yerusalem eye wògblɔ nya la na David. 23Egblɔ be, “Futɔwo lũ ɖe mía dzi; míenya wo wogbugbɔ yi dua ƒe agbowo nu. 24Glidzinɔlawo ho aʋa ɖe mía ŋu, wowu míaƒe ame aɖewo eye wowu wò aʋakplɔla Uria, Hititɔ la, hã.”

25David gblɔ nɛ be, “Gblɔ na Yoab be dzi megaɖe le eƒo o; ame sia ame ate ŋu atsi yi nu gbe ɖeka. Miyi aʋa la wɔwɔ dzi sesĩe wu tsã eye miagbã du la. De dzi ƒo nɛ be eyae le dɔ dzi loo!”

26Esi Batseba se be ye srɔ̃ Uria ku la, efae vevie 27eye esi konyifaɣi la wu nu la, David na Batseba ʋu yi fiasã la me eye wòzu srɔ̃awo dometɔ ɖeka. Batseba dzi ŋutsuvi nɛ, ke nu si David wɔ la, medze Yehowa ŋu kura o.

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

David, Bathsheba, and Uriah

  • Uriah is identified as a Hittite and was counted among David's elite warriors, the "mighty men." When recalled to Jerusalem from the front line, he refused to enjoy the comfort of his home out of solidarity with his fellow soldiers and the Ark of the Covenant, which were dwelling in tents in the open field.Sources: the Bible text itself · Uriah
  • The siege of Rabbah, the chief city of the Ammonites east of the Jordan River, provides the background for this chapter. While spring was the customary time for kings to march out to battle, David remained behind in Jerusalem and entrusted the military campaign to his commander Joab.Sources: the Bible text itself · Rabbah · Joab
  • When instructing his messenger about casualties near the city walls, Joab cited the tactical precedent of Abimelech's death at Thebez, where a woman killed him by dropping a millstone from a tower wall. The biblical narrative refers to Abimelech's father Gideon by the name Jerubbesheth.Sources: the Bible text itself · Jerubbesheth · Thebez

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

  • Ammon · 31.955, 35.934 · verse 1
  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · verses 1, 12, 22
  • Rabbah · Today: Amman · 31.955, 35.934 · verse 1

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.