Nations Bible

2 Peter 1

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

About this book

About 2 Peter

  • The authenticity of the Second Epistle of Peter has been much discussed. Easton's Bible Dictionary (1897) presents the letter as the work of the apostle Peter and says it appears to have been written shortly before his death.Sources: Easton: Peter, Second Epistle of
  • The letter bears the name of Simon Peter, originally called Simon, a common Jewish name meaning “hearing.” He was the son of Jona and the older brother of Andrew, and he grew up in Bethsaida, on the western shore of the Sea of Galilee, where he was trained as a fisherman.Sources: Simon Peter
  • Easton notes that the epistle contains eleven references to the Old Testament. Among them, the destruction of Sodom and Gomorrah is cited as an example for those who afterward live in an ungodly way; Easton's dictionary (1897) states that no trace of those cities of the plain had been found.Sources: Easton: Peter, Second Epistle of · Sodom · Gomorrah
  • The letter also contains a notable reference to the epistles of Paul (3:15–16); some, Easton reports, think this points to 1 Thessalonians 4:13–5:11. In 2 Peter 2:15, Balaam’s father Beor is called Bosor.Sources: Easton: Peter, Second Epistle of · Beor

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

1Nye, Simɔn Petro, Yesu Kristo ƒe dɔla kple apostolo gbɔe agbalẽ sia tso,

Na ame siwo, to míaƒe Mawu kple Yesu Kristo ƒe dzɔdzɔenyenye me la hã xɔ xɔse si xɔ asi abe mía tɔ ene la:

2Amenuveve kple ŋutifafa nanye mia tɔ le agbɔsɔsɔ blibo me, to sidzedze Mawu kple Yesu míaƒe Aƒetɔ la me.

Kpeɖoɖo ame ƒe yɔyɔ kple tiatia dzi

3Mawu ƒe ŋusẽ tsɔ nu sia nu si míehiãna na agbe kple mawusosroɖa, to míaƒe sidzedze eya amea me, ame si yɔ mí to eya ŋutɔ ƒe ŋutikɔkɔe kple dɔmenyonyo me. 4To esiawo me wòtsɔ eƒe nunana gã kple ŋugbedodo xɔasi na mí, ale be to wo dzi míakpɔ gome le eƒe mawunyenye me, eye míasi le gbegblẽ si ŋutilã ƒe nudzodzro vɔ̃wo he va xexea me la nu.

5Le susu sia ta miɖe afɔ ɖe sia ɖe be miatsɔ nyuiwɔwɔ akpe ɖe miaƒe xɔse ŋu, sidzedze nakpe ɖe dɔmenyonyo ŋu, 6ɖokuidziɖuɖu nakpe ɖe sidzedze ŋu, vevidodo nu nakpe ɖe ɖokuidziɖuɖu ŋu, mawumegbenɔnɔ nakpe ɖe vevidodo nu ŋu; 7dɔmenyowɔwɔ na havi nakpe ɖe mawumegbenɔnɔ ŋu, eye lɔlɔ̃ hã nakpe ɖe dɔmenyowɔwɔ ŋu. 8Elabena ne nɔnɔme siawo dzi ɖe edzi le mia me le agbɔsɔsɔ me la, woakpe ɖe mia ŋu be miaganye ŋutetemanɔŋutɔwo kple ame matsekuwo le miaƒe sidzedze míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo me o. 9Ke ne nɔnɔme mawo mele ame aɖe me o la, enye ame si mekpɔa nu dea adzɔge o, eye eƒe ŋkuwo gbã, eye wòŋlɔ be be woklɔ ye ŋu tso yeƒe tsã nu vɔ̃wo me.

10Eya ta nɔvinyewo, midze agbagba ɖe edzi wu tsã be miakpɔ kpeɖodzi na miaƒe yɔyɔ kple tiatia. Elabena ne miewɔ esiawo la, miada ƒu akpɔ o, 11eye miaxɔ dzadoname tɔxɛ le míaƒe Aƒetɔ kple Ɖela, Yesu Kristo ƒe fiaɖuƒe mavɔ la me.

Mawunya ƒe nyagblɔɖi

12Togbɔ be mienya nu siawo, eye mieli ke ɖe nyateƒe si su mia si fifia la me hã la, manɔ ŋku ɖom wo dzi na mi ɣe sia ɣi. 13Mesusu be zi ale si mele ŋutilã ƒe agbadɔ sia me la, enyo be manɔ ŋku ɖom nu dzi na mi, 14elabena menya be esusɔ vie maɖe agbadɔ sia ɖi abe ale si míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo gblɔe nam kɔtɛe la ene. 15Makpɔ egbɔ be meɖe afɔ ɖe sia ɖe si mate ŋui, be ne meva dzo la, miaɖo ŋku nu siawo dzi ɣe sia ɣi.

16Menye gli siwo wokpa kple nunya la yome míedze esi míeƒo nu na mi tso míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋusẽ kple eƒe vava ŋuti o, ke boŋ míenye eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ si míekpɔ kple ŋku la ƒe ɖasefowo. 17Elabena exɔ bubu kple ŋutikɔkɔe tso Mawu, Fofo la gbɔ esi gbe aɖe ɖi tso eƒe Gãnyenye ƒe Ŋutikɔkɔe me gblɔ be, “Ame siae nye Vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, esi ŋu mekpɔa ŋudzedze le.” 18Míawo ŋutɔ míese gbe sia esi wòɖi tso dziƒo, esi míeli kplii le to kɔkɔe la dzi.

19Ale míegakpɔ kpeɖodzi na Mawu ƒe nyagblɔɖilawo ƒe nyawo, eya ta anye nu dzeame ne mieɖo to wo, elabena ele abe ale si kekeli klẽna ɖe viviti me ene va se ɖe esime ŋkekea nava, eye ŋukeɣletivi la naklẽ ɖe miaƒe dziwo me. 20Gawu la, ele be miase egɔme be nyagblɔɖi aɖeke mele mawunya me si va eme to Mawu ƒe gbeƒãɖela la ŋutɔ ƒe nyameɖeɖe me o. 21Elabena nyagblɔɖi ƒe dzɔtsoƒe metso amegbetɔ ƒe lɔlɔ̃nu me kpɔ o, ke boŋ ame xɔa gbe tso Mawu gbɔ abe ale si Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔe ene.

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

Knowledge and a Life of Godliness

  • The letter opens in the name of Simon Peter, a servant and apostle of Jesus Christ. Simon, the same name as Simeon, means “hearing” and was a very common Jewish name; he was from Bethsaida, on the western coast of the Sea of Galilee, and was trained as a fisherman.Sources: the Bible text itself · Simon Peter
  • Speaking in the first person, Simon Peter compares his body to a tent that will soon be laid aside, which he says the Lord Jesus Christ has made clear to him. He wants to make sure that after his departure his readers can recall these things at all times.Sources: the Bible text itself
  • Simon Peter says he and others did not follow cleverly devised fables about the power and coming of the Lord Jesus Christ, but were eyewitnesses of his majesty and heard a voice from heaven on the holy mountain: “This is My beloved Son, in whom I am well pleased.” He adds that no prophecy of Scripture comes from a person’s own interpretation, and that no such prophecy was ever produced by human will; instead, people spoke from God as they were carried along by the Holy Spirit.Sources: the Bible text itself

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.