2 Kings 25
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Yerusalem gbegblẽ
1Ale, wòva eme le Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe asiekɛlia me le ɣleti ewolia ƒe ŋkeke ewolia dzi be Babilonia fia Nebukadnezar kplɔ eƒe aʋakɔ blibo la va ɖe to ɖe Yerusalem du la. Woƒu asaɖa anyi ɖe du la godo eye woƒu kpo ƒo xlã du la. 2Woɖe to ɖe du la va se ɖe fia Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiɖekɛlia me.
3Le ɣleti enelia ƒe ŋkeke asiekɛlia dzi la, dɔ si to ɖe dua me la nu sẽ ale gbegbe be nuɖuɖu aɖeke meganɔ dua me na ameawo woaɖu o. 4Kasia, woŋɔ gli si woɖo ƒo xlã du la eye asrafoha si le dua me la katã si dzo. Togbɔ be Babiloniatɔwo ɖe to ɖe dua hã la, wodze agbagba si le zãtitina to agbo si le gli eveawo dome eye wòte ɖe fia la ƒe amabɔ ŋuti la me. Ale woɖo ta Araba gbegbe. 5Ke Babiloniatɔwo ƒe aʋakɔ ti fia la yome eye wotui le Yeriko ƒe gbadzaƒe. Fia la ƒe asrafowo gble fia la ɖi eye woka hlẽ.
6Wokplɔe yi Nebukadnezar gbɔe le Ribla, afi si wodrɔ̃ ʋɔnue le eye wobu fɔe. 7Wowu Zedekia ƒe viwo le eya ŋutɔ ƒe ŋkume. Emegbe la, wogbã eya ŋutɔ ƒe ŋkuwo, de akɔblikɔsɔkɔsɔe eye wokplɔe yi Babilonia.
8Le ɣleti atɔ̃lia ƒe ŋkeke adrea gbe, le fia Nebukadnezar ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiasiekɛlia me la, Nebuzaradan, aʋafia si nye dɔnunɔla le Babilonia fia te la va Yerusalem. 9Etɔ dzo Yehowa ƒe gbedoxɔ, fiasã la kple aƒe siwo le Yerusalem. Vavã, etɔ dzo aƒe vevi ɖe sia ɖe. 10Emegbe la, Babiloniatɔwo ƒe aʋakɔ blibo si le aʋafia la ƒe kpɔkplɔ te la gbã Yerusalem ƒe gliwo katã keŋkeŋ. 11Ke aʋafia Nebuzaradan ɖe aboyo dua me tɔ mamlɛawo, kple ame siwo si yi Babilonia fia gbɔ kpakple ameha la ƒe susɔea. 12Ke wogblẽ ame dahewo ɖi be woawɔ dɔ le waingblewo kple agble bubuwo dzi.
13Babiloniatɔwo gbã akɔblisɔti, akɔblizɔ kple woƒe anyinɔwo siwo le Yehowa ƒe gbedoxɔ me eye wolɔ akɔbliawo katã yi Babilonia.
14Wotsɔ zɔwo, sofiwo, akaɖiɖovusẽhɛ, treawo, agbawo kple akɔblinuwo katã siwo ŋu dɔ wowɔna le subɔsubɔ me le gbedoxɔ la me la hã dzoe. 15Fiaŋusrafowo ƒe tatɔ la tsɔ dzoɖesonuwo kple tre siwo me wokɔa lãwo ƒe ʋu ɖo la dzoe. Wowɔ nu siawo katã kple sika nyuitɔ alo klosalo. 16Akɔbli si woɖe le akɔblisɔti eveawo kple akɔblizɔ kple ete ƒe afɔtiwo ŋuti, siwo Solomo wɔ na Yehowa ƒe gbedoxɔ la, mele dada me o. 17Sɔti ɖe sia ɖe kɔkɔ “mita” asiekɛ. Akɔblitametsyɔnu si wowɔ tsyɔ sɔtiawo tame la ƒe kɔkɔme le mita ɖeka kple afã eye woɖo atsyɔ̃ nɛ kple yevuboɖati ƒe seƒoƒo siwo wowɔ kple akɔbli. Nɔnɔme sia tɔgbi ke mee wowɔ sɔti evelia hã ɖo.
18Babilonia ƒe aʋafia la ɖe aboyo Seraya, nunɔlagã la, eƒe kpeɖeŋutɔ, Zefania kple agbonudzɔla etɔ̃awo. 19Ke le ame siwo susɔ ɖe dua me dome la, ekplɔ aʋafia si le aʋawɔlawo nu kpe ɖe ame atɔ̃ siwo nye fia ƒe aɖaŋuɖolawo ŋuti. Ekplɔ agbalẽŋlɔla gã, ame si ganye dɔnunɔlagã, si kpɔa amewo xɔxɔ de asrafodɔ me ƒe nyawo gbɔ hekpe ɖe eŋutime blaade siwo susɔ ɖe dua me la ŋuti. 20Ale aʋafia, Nebuzaradan kplɔ wo katã yi na Babilonia fia le Ribla. 21Le Ribla, le Hamatnyigba dzi, afi ma fia la na wowu wo ɖo. Ale Yuda yi aboyo me, hedzo le eƒe denyigba dzi.
22Azɔ Babilonia fia Nebukadnezar tsɔ Gedalia, Ahikam ƒe vi kple Safan ƒe tɔgbuiyɔvi ɖo mɔmefiae ɖe ame siwo susɔ ɖe Yuda la nu. 23Esi Israel ƒe aʋawɔla aɖewo, ame siwo womelé o la se be Babilonia fia tsɔ Gedalia ɖo dzikpɔlae la, kplɔla aɖewo kple woƒe amewo va wɔ ɖeka kplii le Mizpa. Ame siawo dometɔ aɖewoe nye Ismael, Netania ƒe vi, Yohanan, Karea ƒe vi, Seraya, Tanhumet ƒe vi tso Netofat kple Yaazania, si tso Makat kple woƒe amewo. 24Gedalia ka atam na wo be, “Migavɔ̃ na Babiloniatɔwo ƒe amegãwo o. Minɔ anyigba sia dzi eye miasubɔ Babilonia fia la, ekema nu sia nu adze edzi na mi nyuie.”
25Ke le ɣleti adre megbe la, Ismael, Netania ƒe vi, ame si nye Elisama ƒe vi, ame si tso fiaƒomea me la yi Mizpa kple ame ewo eye wowu Gedalia kple eƒe ʋɔnudrɔ̃lawo, Babiloniatɔwo kple Yudatɔwo siaa. 26Ale Yudatɔwo katã, kesinɔtɔwo kple ame dahewo kple asrafomegãwo katã si yi Egipte elabena wonɔ vɔvɔ̃m na Babiloniatɔwo.
Babilonia fia kpɔ nublanui na Yehoyakin
27Esi Evil Merodak, ame si wogayɔna be Awel Marduk zu fia le Babilonia la, ekpɔ nublanui na Yuda fia, Yehoyatsin eye wòna woɖee le gaxɔ me. Esia va eme le Yehoyatsin ƒe gamenɔnɔ ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-adrelia me le ɣleti wuievelia ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-adrelia dzi. 28Elé be na Fia Yehoyatsin wu fia bubu siwo wode gaxɔ me le Babilonia. 29Womena Yehoyatsin do gaxɔmenɔlawo ƒe awuwo o eye wona wòɖua nu le fia ƒe kplɔ̃ ŋu le eƒe agbemeŋkekewo katã me. 30Fia la naa ga Yehoyatsin gbe sia gbe le eƒe agbemeŋkeke mamlɛawo me.

Did you know?
The Fall of Jerusalem and the Exile
- King Nebuchadnezzar directed the campaign against Jerusalem from his headquarters at Riblah, situated in the land of Hamath on the Orontes River. After being captured on the plains of Jericho, King Zedekiah was brought to Riblah, where his sons were slaughtered before him and he was blinded before being carried in bronze shackles to Babylon.Sources: Riblah · Zedekiah · the Bible text itself
- When Nebuzaradan, captain of the guard, burned Jerusalem, the Babylonians broke up the monumental bronze pillars, the movable stands, and the large bronze Sea that King Solomon had made for the temple, carrying the metal off to Babylon.Sources: Nebuzar-adan · Solomon · the Bible text itself
- Following the city's destruction, Nebuchadnezzar appointed Gedaliah son of Ahikam as governor over the remaining population at Mizpah. However, Ishmael son of Nethaniah, a member of the royal family, assassinated Gedaliah, causing the terrified remnant to flee to Egypt.Sources: Gedaliah · Ishmael · Mizpah · the Bible text itself
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
- Babylon · 32.543, 44.422 · verses 1, 6, 7, 8, 11, 13, 20, 21, 22, 23, 24, 27, 28, 29
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · verses 1, 2, 8, 9, 10
- Arabah · 30.417, 35.151 · verses 4, 5
- Chaldea · 30.962, 46.104 · verses 4, 5, 10, 13, 25, 26
- Jericho · Today: Tell es Sultan · 31.872, 35.445 · verse 5
- Riblah · Today: Rableh · 34.460, 36.573 · verses 6, 20, 21
- Hamath · Today: Hama · 35.136, 36.750 · verse 21
- Egypt · 30.129, 31.308 · verse 26
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org