2 Kings 23
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Yosia gbugbɔ nubabla la wɔ yeye
1Ale fia la yɔ Yuda kple Yerusalem ƒe dumegãwo ƒo ƒu. 2Eyi Yehowa ƒe gbedoxɔ me kple Yuda kple Yerusalem ƒe ameawo, nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo, tso ame gblɔetɔwo dzi va se ɖe ame gãtɔwo dzi. Exlẽ Nubabla ƒe Agbalẽ si wofɔ le Yehowa ƒe gbedoxɔ la me nyawo na wo. 3Fia la tsi tsitre ɖe sɔti la gbɔ le ameawo ŋkume. Eya kple ameawo ɖe adzɔgbe na Yehowa be yewoadze eyome, alé eƒe sewo, ɖaseɖiɖiwo, kple ɖoɖowo me ɖe asi kple dzi blibo kple luʋɔ blibo, eye yewoawɔ nubabla sia ƒe nya siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la dzi; eye dukɔ blibo la bla nu.
4Ale Fia la ɖe gbe na nunɔlagã Hilkia kple nunɔla bubuawo kple agbonudzɔlawo be woaɖe nu siwo katã wowɔ na Baal, aƒeli kple dziƒoŋunuwo katã la ɖa le Yehowa ƒe gbedoxɔ me. Etɔ dzo wo le Yerusalem dua godo le Kidron balime eye wòlɔ dzofi la yi Betel. 5Eɖe trɔ̃nua siwo Yuda fia xoxowo ɖo be woado dzudzɔ ʋeʋĩ le nuxeƒewo le Yuda duwo kple du siwo ƒo xlã Yerusalem la ɖa, ame siwo do dzudzɔ ʋeʋĩ na Baal, ɣe kple ɣleti, ɣletiviwo kple dziƒoŋunuwo. 6Eho aƒeli la ɖa le Yehowa ƒe gbedoxɔ la me, tsɔe yi Yerusalem godo yi ɖe Kidron tɔʋu la gbɔ. Etɔ dzoe le afi ma, tui wòzu wɔ eye wòkaka wɔ la ɖe ame gblɔewo ƒe yɔdowo dzi. 7Egbã ŋutsugbolowo ƒe xɔwo ƒu anyi, xɔ siwo nɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ me, afi si nyɔnuwo hã nɔna, nɔa kundruwo lɔ̃m na aƒeli.
8Yosia kplɔ nunɔla siwo katã nɔ Yuda duwo me la gbɔe eye wòna wodo gu nuxeƒewo katã tso Geba yi ɖase ɖe Beerseba afi si nunɔlaawo do dzudzɔ ʋeʋĩ le. Egbã legba siwo nɔ dua ƒe mɔmefia, Yosua ƒe agbo nu. Legba la nɔ agbo la ƒe miame. 9Togbɔ be nunɔla siawo mewɔ subɔsubɔdɔwo le Yehowa ƒe vɔsamlekpui la dzi le Yerusalem o hã la, woɖua abolo maʋamaʋã kple nunɔla bubuawo.
10Le esia megbe la, fia la do gu Tofet si nɔ Ben Hinom ƒe Balime, ale be ame aɖeke magate ŋu atsɔ via ŋutsuvi alo via nyɔnuvi awɔ dzovɔsae na Molek o. 11Eɖe sɔ siwo ŋuti Yuda fiawo kɔ na ɣelegba la ɖa le Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe mɔnu. Wonɔ xɔxɔnu si te ɖe dumegã aɖe si woyɔna be Natan Melek ƒe xɔnu. Ale Yosia tɔ dzo tasiaɖam siwo ŋuti wokɔ na ɣelegba la hã. 12Fia la mu vɔsamlekpui siwo Yuda fiawo tu ɖe gbadzaƒe si le Ahaz ƒe xɔ la tame le fiasã la me kple vɔsamlekpui siwo Fia Manase tu ɖe gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnuwo. Egbã wo kakɛkakɛ eye wòkaka kakɛawo ɖe Kidron bali la me.
13Le esia megbe la, eɖe nuxeƒe siwo nɔ toawo dzi le Yerusalem ƒe ɣedzeƒe kple Gbegblẽto la ƒe dziehe la ɖa. Fia Solomo tu nuxeƒe siawo na Astarɔt, Sidontɔwo ƒe nyɔnumawu vɔ̃ɖi la, na Kemos, Moabtɔwo ƒe mawu vɔ̃ɖi la kple na Milkom, Amonitɔwo ƒe mawu nyɔŋu la. 14Yosia gbã legbawo eye wòho aƒeliwo. Ekaka ameƒuwo ɖe teƒe siawo hedo gu teƒeawo. 15Egbã vɔsamlekpui kple nuxeƒe si Yeroboam Gbãtɔ tu ɖe Betel esime wòhe Israel de nu vɔ̃ me. Egbã kpeawo wozu ʋuʋudedi eye wòtɔ dzo aƒeliwo. 16Esi Fia Yosia nɔ ŋku tsam gbe ɖeka la, ekpɔ yɔdo aɖewo ɖaa le to la ŋu. Eɖe gbe na eƒe amewo be woaɖe ƒuawo le yɔdoawo me eye woatɔ dzo wo le vɔsamlekpui si le Betel la dzi, ado gui ale be, nya si Yehowa ƒe nyagblɔɖila gblɔ da ɖi be adzɔ ɖe Yeroboam ƒe vɔsamlekpui dzi la nava eme.
17Fia la bia be, “Yɔdokpe kae nye ema le afi ma?”
Dua me tɔwo ɖo eŋu nɛ be, “Nyagblɔɖila si tso Yuda va gblɔ nu si nèwɔ fifia da ɖi be adzɔ ɖe vɔsamlekpui sia dzi le Betel la ƒe yɔdoe!”
18Ale Fia Yosia gblɔ be, “Migaka asi eŋu o. Migaɖe fu na nyagblɔɖila la ƒe ƒuwo o.” Ale wometɔ dzo eƒe ƒuwo kple nyagblɔɖila si tso Samaria la ƒe ƒuwo o.
19Yosia gbã nuxeƒe siwo nɔ toawo dzi le Samarianyigba blibo la dzi. Israel fia vovovowoe tu wo eye wodo dɔmedzoe na Yehowa. Ke azɔ la, Yosia gbã wo wozu ʋuʋudedi abe ale si wòwɔ le Betel ene. 20Ewu trɔ̃subɔlawo ƒe nunɔlawo ɖe woawo ŋutɔ ƒe vɔsamlekpuiwo dzi eye wòtɔ dzo ameƒuawo ɖe vɔsamlekpuiawo dzi hedo gu wo. Azɔ la etrɔ va Yerusalem.
21Fia Yosia gblɔ na eƒe amewo azɔ be woaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la ɖe se siwo Yehowa, woƒe Mawu la na woŋlɔ ɖe Nubabla ƒe Agbalẽ la me la nu. 22Womegaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la kpɔ nenema tso Israel ƒe ʋɔnudrɔ̃lawo ŋɔli o eye womegaɖui kpɔ nenema le Israel fiawo kple Yuda fiawo ƒe fiaɖuɣiwo katã me o. 23Woɖu Ŋutitotoŋkekenyui sia na Yehowa le Yerusalem le Fia Yosia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienyilia me.
24Yosia tsi ŋɔliyɔyɔ, adzewɔwɔ kple legbasubɔsubɔ ƒomevi ɖe sia ɖe nu le Yerusalem kple anyigba blibo la dzi. Ewɔ alea elabena edi be yeawɔ se siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ si Nunɔla Hilkia fɔ le gbedoxɔ la me la dzi pɛpɛpɛ. 25Fia bubu aɖeke meganɔ anyi si trɔ ɖe Yehowa gbɔ eye wòwɔ Mose ƒe sewo katã dzi o eye fia siwo kplɔ Yosia ɖo hã dometɔ aɖeke mete ɖe ale si Yosia ɖo to Yehowa la ŋu o.
26Ke Yehowa ƒe dziku sesẽ si wòdo ɖe Yuda ŋu le Manase ƒe nu vɔ̃wo ta la dzi meɖe o 27elabena Yehowa gblɔ be, “Matsrɔ̃ Yuda abe ale si metsrɔ̃ Israel ene eye maɖe asi le Yerusalem, du si metia kple gbedoxɔ si megblɔ be enye tɔnye la ŋu.”
28Woŋlɔ Fia Yosia ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
29Le ŋkeke mawo me la, Egipte fia Farao Neko ho yi Frat tɔsisi la to be yeakpe ɖe Asiria fia ŋu. Fia Yosia ho yi be yeawɔ aʋa kplii, ke Fia Farao Neko wu Fia Yosia esi wòkpɔe le Megido. 30Fia Yosia ŋumewo kɔ eƒe kukua ɖe tasiaɖam me tso Megido va Yerusalem eye woɖii ɖe yɔdo si eya ŋutɔ tia da ɖi la me. Dukɔa tia Fia Yosia ƒe vi, Yehoahaz si ami nɛ heɖoe fia ɖe fofoa teƒe.
Yehoahaz, Yuda fia
31Yehoahaz xɔ ƒe blaeve-vɔ-etɔ̃ esi wòzu fia; eɖu fia le Yerusalem ɣleti etɔ̃. Dadaa ŋkɔe nye Hamutal, Yeremia ƒe vinyɔnu. Etso Libna. 32Ewɔ nu vɔ̃ le Yehowa ŋkume abe ale si fofoawo hã wɔ ene. 33Egipte fia, Farao Neko lée de gaxɔ me le Ribla le Hamat ale be magaɖu fia le Yerusalem o. Hekpe ɖe esia ŋu la, ebla fe si ƒe home nye klosalo kilo akpe etɔ̃ alafa ene kple sika kilo blaetɔ̃-vɔ-ene la na Yuda. 34Egipte fia la tia Eliakim, Fia Yosia ƒe viŋutsu bubu be wòaɖu fia le Yerusalem eye wòtrɔ ŋkɔ nɛ wòzu Yehoyakim. Ekplɔ Fia Yehoahaz yi Egipte, afi si wòku ɖo. 35Fia Yehoyakim ma ga home si Egipte fia bla na dukɔa la na eteviwo, ame sia ame ɖe eƒe ŋutete nu be wòate ŋu akpɔ ga la axe na Egipte fia.
Yehoyakim, Yuda fia
36Yehoyakim xɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃ esi wòzu fia; eɖu fia le Yerusalem ƒe wuiɖekɛ. Dadae nye Zebida, Pedaya vinyɔnu. Etso Ruma. 37Ewɔ nu vɔ̃ le Yehowa ŋkume, abe ale si fofoawo wɔ ene.

Did you know?
Josiah's Reforms and the Fall of Judah's Kings
- Josiah's comprehensive purge dismantled centuries of idolatrous installations throughout Judah and Samaria. He burned objects dedicated to Baal and the host of heaven, defiled Topheth in the Valley of Ben-hinnom to end child sacrifice to Molech, and destroyed the ancient altar Jeroboam had built at Bethel.Sources: the Bible text itself · Josiah · Molech · Bethel (of Palestine)
- In his eighteenth year of reign, Josiah reinstituted the national celebration of Passover in Jerusalem according to the newly rediscovered Book of the Covenant. The biblical account notes that no Passover like it had been observed since the era of the judges of Israel.Sources: the Bible text itself · Hilkiah
- Josiah died in battle at Megiddo trying to intercept Pharaoh Neco of Egypt. Following his death, Neco deposed Josiah's successor Jehoahaz after a reign of only three months, carried him into exile in Egypt, and placed his brother Eliakim on the throne under the name Jehoiakim.Sources: the Bible text itself · Jehoahaz · Jehoiakim · Megiddo
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · verses 1, 2, 4, 5, 6, 8, 9, 13, 20, 23, 24, 27, 30, 31, 33, 36
- Kidron · Today: Kidron River · 31.780, 35.240 · verses 4, 6, 12
- Topheth · Today: in the Hinnom Valley · 31.769, 35.228 · verse 10
- Valley of Hinnom · Today: Hinnom Valley · 31.769, 35.228 · verse 10
- Ammon · 31.955, 35.934 · verse 13
- Moab · Today: Moab 1 · 31.181, 35.701 · verse 13
- Mount of Olives · 31.778, 35.246 · verse 13
- Samaria · 32.276, 35.195 · verses 18, 19
- Assyria · 36.359, 43.153 · verse 29
- Egypt · 30.129, 31.308 · verses 29, 34
- Euphrates · Today: Euphrates River · 31.004, 47.442 · verse 29
- Megiddo · Today: Tel Megiddo · 32.585, 35.184 · verses 29, 30
- Hamath · Today: Hama · 35.136, 36.750 · verse 33
- Riblah · Today: Rableh · 34.460, 36.573 · verse 33
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org