Nations Bible

2 Kings 13

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Yehoahaz, Israel fia

1Le Yuda fia, Yoas, Ahazia ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaeve-vɔ-etɔ̃lia me la, Yehoahaz, Yehu ƒe vi zu Israel fia le Samaria eye wòɖu fia ƒe wuiadre. 2Enye fia vɔ̃ɖi aɖe eye wòto Fia Yeroboam, ame si he Israel de nu vɔ̃ me la ƒe mɔ vɔ̃wo dzi. 3Ale Yehowa do dɔmedzoe ɖe Israel ŋu eye wòɖe mɔ be Siria fia, Hazael kple via Ben Hadad naɖu wo dzi enuenu.

4Ke Yehoahaz do gbe ɖa, bia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu. Yehowa se eƒe gbedodoɖa elabena Yehowa kpɔ ale si Siria fia la nɔ Israelviwo tem ɖe toe. 5Ale Yehowa na kplɔlawo do tso Israel me be woaɖe wo tso Siriatɔwo ƒe fuwɔame me, ale Israel gakpɔ gbɔdzɔe kple dedinɔnɔ abe tsã ene. 6Ke wogayi nu vɔ̃ wɔwɔ dzi kokoko, wodze Yeroboam ƒe nu vɔ̃ mɔwo dzi eye wosubɔa aƒeli le Samaria.

7Mlɔeba la, Yehowa na sɔdola blaatɔ̃ kple tasiaɖam ewo kple aʋawɔla akpe ewo (10,000) ko susɔ ɖe Fia Yeroboam ƒe aʋakɔ me elabena Siria fia tsrɔ̃ ame bubuawo abe ʋuʋudedi wonye le eƒe afɔ te ene.

8Woŋlɔ Yehoahaz ƒe ŋutinya mamlɛawo, nu siwo katã wòwɔ kple eƒe kalẽwɔwɔwo ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 9Yehoahaz ku, woɖii ɖe Samaria eye via, Yehoas ɖu fia ɖe eteƒe.

Yehoas, Israel fia

10Yehoas zu fia le Yuda fia Yoas ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-adrelia me, eye wònɔ zi dzi ƒe wuiade le Samaria. 11Enye fia vɔ̃ɖi aɖe le Yehowa ŋkume abe Yeroboam, Nebat ƒe vi ene; ena Israelviwo subɔ legbawo eye wòkplɔ wo de nu vɔ̃ me.

12Woŋlɔ Yehoas ƒe fiaɖuɖu, aʋa siwo wòwɔ kple Yuda fia Amazia la ƒe ŋutinyawo ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 13Yehoas ku, woɖii ɖe Samaria ɖe Israel fia bubuwo gbɔ eye Yeroboam Evelia zu fia ɖe eteƒe.

14Esime Elisa nɔ kudɔ ƒom la, Yehoas, Israel fia, yi ɖakpɔe ɖa eye wòfa avi le egbɔ hegblɔ be, “Fofonye! Fofonye! Wòe nye Israel ƒe tasiaɖamwo kple sɔdolawo!”

15Elisa gblɔ be, “Yi nàdi da kple dati aɖewo vɛ.” Yehoas yi eye wòdi wo vɛ. 16Egblɔ na Israel fia be, “Lé dati la ɖe asi.” Esi wòlé dati la ɖe asi la, Elisa da eƒe asiwo ɖe fia la tɔwo dzi.

17Elisa gblɔ be “Ʋu fesre si le ɣedzeƒe lɔƒo.” Fia la ʋui. Elisa gblɔ be, “Dae” Eye fia la dae. Elisa gblɔ be “Esiae nye Yehowa ƒe dziɖuɖu ƒe aŋutrɔ si miatsɔ aɖu Siria dzi. Àtsrɔ̃ Syriatɔwo gbidigbidi le Afek.”

18Elisa gblɔ be, “Tsɔ datiawo.” Eye fia la tsɔ wo. Elisa gblɔ nɛ be, “Tsɔ datiawo te anyigba.” Fia la te anyigba zi etɔ̃ eye wòdzudzɔ. 19Ke Nyagblɔɖila la do dɔmedzoe ɖe eŋu eye wògblɔ nɛ be, “Ɖe nàtsɔ aŋutrɔawo ate anyigba zi atɔ̃ alo ade hafi. Anye ne àɖu Siriatɔwo dzi woatsrɔ̃ keŋkeŋ hafi. Fifia la, àɖu wo dzi zi etɔ̃ ko!”

20Elisa ku eye woɖii.

Le ŋkeke mawo me la, adzohawo tsoa Moabnyigba dzi gena ɖe dukɔ la me ƒe sia ƒe ƒe adame hedaa adzo. 21Gbe ɖeka la, esime Israelvi aɖewo nɔ ame kuku aɖe ɖim la, wokpɔ adzoha aɖe; ale wotsɔ ame kuku la ƒu gbe ɖe Elisa ƒe yɔdo me. Esime ame kuku la ka Elisa ƒe ƒuwo ŋu ko la, ame kuku la gbɔ agbe eye wòtsi tsitre.

22Siria fia Hazael te Israel ɖe to, le Fia Yehoas ƒe fiaɖuɣi blibo la me. 23Ke Yehowa ve Israelviwo nu eye wometsrɔ̃ wo keŋkeŋ o. Eva eme alea elabena Yehowa kpɔ nublanui na wo. Hekpe ɖe esia ŋu la, enɔ nubabla si wòwɔ kple Abraham, Isak kple Yakob la dzi wɔm kokoko.

24Siria fia Hazael ku eye via Ben Hadad ɖu fia ɖe eteƒe. 25Israel fia Yehoas, Yehoahaz ƒe vi wɔ aʋa ɖu dzi zi etɔ̃ eye wògbugbɔ Israel du siwo Fia Ben Hadad xɔ le fofoa si to edziɖuɖu me le aʋa me la xɔ.

Did you know?

Israel's Oppression and the Death of Elisha

  • During the reign of Jehoahaz, the kingdom of Aram under Hazael and Ben-hadad severely weakened Israel, reducing its standing army to just fifty horsemen, ten chariots, and ten thousand foot soldiers.Sources: the Bible text itself · Jehoahaz · Hazael
  • When King Jehoash wept at the bedside of the dying prophet Elisha, he addressed him with the same words Elisha had spoken when Elijah was taken to heaven: 'My father, my father, the chariots and horsemen of Israel!' Through the symbolic shooting of an arrow toward Aphek, Elisha promised victory over Aram.Sources: the Bible text itself · Joash · Aphek
  • Even after Elisha's burial, a dead man thrown into his tomb during a Moabite raid was restored to life the moment his body touched the prophet's bones. In fulfillment of Elisha's prophecy, Jehoash went on to defeat Ben-hadad three times, recovering the lost Israelite cities.Sources: the Bible text itself · Ben-hadad

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

  • Samaria · 32.276, 35.195 · verses 1, 6, 9, 10, 13
  • Syria · Today: Aram · 33.511, 36.306 · verses 3, 4, 5, 7, 17, 19, 22, 24
  • Moab · Today: Moab 1 · 31.181, 35.701 · verse 20

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.