Nations Bible

2 Corinthians 9

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Kpekpeɖeŋunana haxɔsetɔwo

1Mikpɔe be megahiã kokoko bena magaŋlɔ agbalẽ na mi le ale si wòhiã be miana nu Mawu ƒe ame siwo le Yerusalem o, 2elabena menya ale si wònye miaƒe didi vevie be yewoawɔ lɔlɔ̃nununana sia, eye metsɔ esia ƒo adegbe na Makedonia hamewo be mi Akayatɔwo miele klalo kple miaƒe nunanawo abe ƒe ɖekae nye esia ene. Le nyateƒe me la, esia de dzo tɔxɛ aɖe woawo hã me be wodze ƒuƒoƒo nunanawo gɔme. 3Ke mele nɔvi siawo dɔm kple miaƒe nunanawo elabena míetsɔ mi ƒo adegbe na amewo ŋutɔ eye nyemedi be míaƒe adegbe sia natrɔ zu alakpa o. 4Eye anye ŋukpe nam ŋutɔ, eye wòanye ŋukpe na miawo hã ne nɔvi siwo tso Makedonia va kplim ko wòava dzɔ be miele klalo abe ale si megblɔ na wo ene o.

Nunana tso dzi vavã me

5Esia ta mele nɔvi siawo dɔm ɖo ɖe mia gbɔ be woakpɔ egbɔ be nu siwo ŋugbe miedo la nasɔ gbe hafi nye ŋutɔ mava. Ale be wòanye nu si miena faa tso dzi me, eye menye tso dzizizi me o. 6Ke medi be esia nanɔ nyanya me na mi be, ame si ana nu sue aɖe la, nu si wòakpɔ ɖe eteƒe anɔ sue. Agbledela si ƒã nuku sue aɖe ko la, xaa nuku sue aɖe ko le nuxaɣi, gake nenye be wòƒã nuku sɔgbɔ la, axa nuku fũu le nuxaɣi. 7Ale si sinu ame aɖe di be yeana ko la nenae; migazi ame aɖeke dzi be nena wu ale si wòate ŋui o, elabena Mawu lɔ̃a ame siwo naa nu kple dzi faa la. 8Seɖoƒe aɖeke meli na Mawu ƒe nunana si wònaa mi gbe sia gbe o. Eya ŋutɔ naa nu siwo hiãa mi la mi, eye wònanɛ le agbɔsɔsɔ blibo me be ne miewɔ wo ŋuti dɔ ʋuu hã la, agatsi anyi zã be miana ame bubuwo atsɔ afia dɔ nyui wɔwɔ. 9Ele Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la me be:

“Ema eƒe nuwo na ame dahewo yi didiƒewo ke,

eya ta eƒe dzɔdzɔenyenye anɔ anyi tegbetegbe.”

10Ke Mawu, ame si naa nuku agbledela wòƒãna, eye emegbe la, wòyrana ɖe edzi be wòakpɔ nuɖuɖu gbe sia gbe la ana nuku geɖewo mi be miaƒã, eye wòana woatsi aʋã nyuie ale gbegbe, be miakpɔ nuku geɖe le nuxaɣi, be miatsɔ ɖewo ana ame bubuwo hã. 11Mawu ŋutɔ ana be miazu kesinɔtɔwo ale be miate ŋu ana nu ame dahewo ɣe sia ɣi, ale be ne míetsɔ wo yii na wo la, woada akpe geɖe na Mawu le ale si miekpe ɖe wo ŋu ta.

12Ale miakpɔe be lɔlɔ̃nunana si nam miele la na ame kɔkɔe siwo le nu hiãm la kpɔ nu siwo le wo hiãm, eye woatsɔ akpedada blibo na Mawu. 13Nɔvi siwo katã ŋu miele kpekpem ɖo la makpɔ dzidzɔ le miaƒe nunana nyuiwo ɖeɖe ko ŋuti o, ke boŋ woakafu Mawu hã le miaƒe toɖoɖo Kristo ƒe nyanyui la ta. Eye miaƒe nunana hã nye kpeɖodzi be Kristo le mia me vavã. 14Nɔvi siawo ado gbe ɖa ɖe mia ta vevie, ada akpe gã aɖe na Mawu le amenuvedɔ gã siwo wòwɔ na wo to mia dzi la ta. 15Akpedada woatsɔ ana Mawu le eƒe nunana manyagblɔ la ta.

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

Generosity between Achaia and Macedonia

  • Macedonia was a Roman province lying north of Greece, and Achaia was the other of the two provinces into which the Romans divided Greece, applying that name to the whole Peloponnesus and the south. Writing to believers in Achaia, Paul says he has been boasting to the Macedonians that they were ready to give.Sources: Macedonia · Achaia · the Bible text itself
  • Paul says that since the previous year the people of Achaia had been ready to give, and that their zeal had stirred most of the Macedonians to do the same. He is sending the brothers ahead so that his boast about them will not prove empty if any Macedonians come with him and find them unprepared.Sources: the Bible text itself
  • The name Achaia originally referred to a narrow strip of territory in Greece, northwest of the Peloponnesus. In the New Testament the name is always used in the later, wider sense that the Romans gave it, for the southern province as a whole.Sources: Achaia

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · verses 1, 12
  • Achaia · 38.720, 22.540 · verse 2
  • Macedonia · 41.600, 22.540 · verses 2, 4

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.