Nations Bible

2 Corinthians 6

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

1Esi mí katã míenye Mawu ƒe hadɔwɔlawo ta la, míele kuku ɖem na mi be migaxɔ Mawu ƒe amenuveve la dzodzro o. 2Elabena Mawu gblɔ be,

“Meɖo to wò le nye amenuveɣi la,

eye mekpe ɖe ŋuwò le xɔxɔgbe la.”

Mele egblɔm na wò be, fifiae nye amenuveɣi, kpɔ ɖa fifiae nye xɔxɔgbe!

Paulo ƒe fukpekpe

3Míedi be ame aɖeke nakpɔ vodada le dɔ si wɔm míele na Aƒetɔ la ŋu o, esia ta míena nuɖiɖia aɖeke le naneke me o. 4Ke boŋ le xaxawo, hiãkamewo kple yometiti geɖewo me hã la, míedoa dzi eye míeɖea mía ɖokui fiana abe Mawu ƒe subɔla vavãwo ene. 5Woƒo mí, eye wode mí gaxɔ me. Ame siwo lɔ veve helĩhelĩ ɖe dzi me la tso ɖe mía ŋu kpɔ. Míewɔ dɔ sesĩe, eye ɖeɖi te mía ŋu kpɔ; míetsia zãdomadɔlɔ̃e, eye dɔ wua mí. 6Le nu sia nu me la, míenɔa anyi le dzadzɛnyenye me. Míegbɔa dzi ɖi, eye míenyoa dɔ me na ame sia ame. Ale si míedze si Aƒetɔ la ŋu míezɔna ɖo. Mawu ƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ mí fũu eye míezɔna le eme kple lɔlɔ̃ si me alakpa mele o. 7Míezɔna le Mawu ƒe nyateƒe kple eƒe ŋusẽ me, eye ame dzɔdzɔewo ƒe aʋawɔnu siwo le nuɖusime kple miame la le mía si.

8Nenye be amewo de bubu mía ŋu alo do ŋukpe mí, nenye be wodzu mí alo kafu mí, eye wose nyateƒe si gblɔm míele, gake wogbe be yewomaxɔe o, eye wobu mí abe alakpatɔwo ene hã la, Aƒetɔ la ko míanɔ agbe na.

9Xexea me tɔwo mebua mí ɖe naneke me o, gake Mawu ya nya mí nyuie. Míele kudo nu ɣe sia ɣi, gake kpɔ ɖa, míele agbe wu nu sia nu. Wode abi mía ŋu, gake míeku o. 10Míaƒe dziwo sea veve ŋutɔ, eye míeléa blanui, gake Aƒetɔ la tsɔa eƒe dzidzɔ dea mía me. Míele abe ame siwo nye ame dahewo ene, gake míena ame geɖewo zu kesinɔtɔwo. Míedzena abe ame siwo si naneke mele o la ene, gake nu sia nu le mía si.

11Nɔvi Korinto hametɔ lɔlɔ̃awo, meʋu nye dzi me faa gblɔ nu siwo le eme la na mi. Míelɔ̃a mi ŋutɔ, eya ta 12míeɣla naneke ɖe mi o, ke boŋ míelɔ̃ mi tso dzi blibo me, gake ewɔ nuku ŋutɔ be mieʋu miaƒe dziwo me ɖe mía ŋu abe ale si míawo míewɔe na mi ene o. 13Azɔ la, medi be maƒo nu na mi abe vinye ŋutɔŋutɔwo ene. Mina be miaƒe dɔ me nakɔ ɖe mía ŋu, eye mialɔ̃ mí tso dzi blibo me abe ale si míelɔ̃ mie ene.

Migade ha kple dzimaxɔsetɔwo o

14Migawɔ ɖeka kple ame siwo melɔ̃a Aƒetɔ la o. Ƒomedodo kae le xɔsetɔwo kple dzimaxɔsetɔwo dome? Eye aleke kekeli kple viviti ate ŋu anɔ teƒe ɖekae le ɣeyiɣi ɖeka me? 15Aleke Kristo si nye dzɔdzɔetɔwo ƒe fia kple Abosam si nye nu vɔ̃ wɔlawo ƒe fia la ate ŋu awɔ ɖekae? Eye aleke kristotɔ hã ate ŋu awɔ ɖeka kple dzimaxɔsetɔ? 16Nenema ke mele be ɖekawɔwɔ aɖeke nanɔ gbedoxɔ kple trɔ̃xɔ dome o. Míawoe nye Mawu gbagbe la ƒe gbedoxɔ, afi si wònɔna. Mawu ŋutɔ gblɔ be,

“Manɔ ame siwo nye tɔnyewo la dome,

mazɔ le wo dome.

Manye woƒe Mawu,

eye woawo hã woanye nye dukɔ.”

17Esia ta,

Yehowa gblɔ be,

“Mido go le wo dome,

eye miaɖe vovo tso wo gbɔ le nu sia nu me.

Migade asi woƒe nu siwo ŋuti mekɔ o la ŋuti o,

ekema maxɔ mi abe tɔnyewo ene.”

18Ke,

“Manye mia Fofo,

eye miawo hã mianye,

vinyeŋutsuwo kple vinyenyɔnuwo.”

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

Open Hearts in the Day of Salvation

  • The chapter urges its hearers not to receive God’s grace in vain. It quotes God as saying that he heard them in a time of favor and helped them in a day of salvation, then applies those words at once: now is the time of favor, and now is the day of salvation.Sources: the Bible text itself
  • The speakers commend themselves as servants of God through great endurance in troubles, hardships, and calamities, in beatings, imprisonments, and riots, and in labor, sleepless nights, and hunger, as well as in purity, knowledge, patience, kindness, the Holy Spirit, and sincere love. They also speak of weapons of righteousness in the right hand and in the left, and of sharp contrasts: dying, yet living on; punished, yet not killed; poor, yet making many rich; having nothing, yet possessing everything.Sources: the Bible text itself
  • They speak freely to the Corinthians, saying that their own hearts are open wide while the Corinthians’ affection is restrained, and, as a fair exchange, they ask them, as children, to open their hearts also. They warn them not to be unequally yoked with unbelievers, contrasting righteousness with wickedness, light with darkness, Christ with Belial, a believer with an unbeliever, and the temple of God with idols. The chapter says that we are the temple of the living God, and it includes the Lord’s call to come out from among them, be separate, and touch no unclean thing.Sources: the Bible text itself

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.