2 Corinthians 12
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Paulo ƒe ŋutega kple ŋu si le eƒe ŋutilã me
1Adegbe siwo katã ƒom mele la mehiã o. Movinyawo sɔŋ ko wonye, gake mele edzi yi ge. Mina maƒo nu le Aƒetɔ la ƒe ŋutegawo kple ɖeɖefiawo ŋu. 2Menya ŋutsu aɖe le Kristo me. Anɔ abe ƒe wuienee nye esia ene la, eɖanɔ ŋutilã me o, nyemenyae o, alo menɔ ŋutilã me o, nyemenyae o; Mawue nyae. Wokɔ nenem me sia yi dziƒo etɔ̃lia. 3Migabiam be ŋutilã mee wònɔ alo gbɔgbɔ mee wònɔ hafi yi afi ma hã o, elabena nyemenya o. Mawu ɖeka koe nya, gake menya be wokɔe yi Paradiso la me vavã. 4Le afi ma la, wose nya siwo wɔ nuku ale gbegbe be wogbɔ amegbetɔwo ƒe susu kple gɔmesese ŋu yi, eye womeɖe mɔ be woagblɔ wo na ame aɖeke o. 5Nu si teƒe wòkpɔ la nye nu xɔasi aɖe si ŋu mate ŋu aƒo adegbe le, gake nyemedi be mawɔ nenema o. Ke boŋ maƒo adegbe le ale si megbɔdzɔe, gake Mawu wɔ dɔ le ŋutinye hena eya ŋutɔ ƒe ŋutikɔkɔe la ŋuti. 6Nu geɖewo ŋutɔ li siwo ŋu maƒo adegbe le, eye ne mewɔ esia la, mawɔm movitɔe o; elabena wonye nyateƒe. Ke nyemawɔe o, be amewo nabum amegãe wu ame si ŋutɔ menye o, ke boŋ be woakpɔ nu si wòdze be woakpɔ le nye agbenɔnɔ kple gbeƒã si ɖem mele la me. 7Mawu ƒe gãnyenye kple nukunu siwo teƒe mekpɔ la, menye nu bɔbɔe o, eye be nyemagado ɖokuinye ɖe dzi o la tae Mawu na be dɔléle aɖe ge ɖe nye ŋutilã me si zu ŋu nɔa fu ɖem nam. Esia nye Satana ƒe dɔla ƒe nuwɔna. 8Medo gbe ɖa na Aƒetɔ la zi etɔ̃ sɔŋ kple kukuɖeɖe be wòaɖe dɔléle sia ɖa le menye. 9Ke ɣe sia ɣi la, Aƒetɔ la gblɔna nam be, “Nye amenuveve sɔ gbɔ na wò, elabena meɖea nye ŋusẽ fiana to ame siwo gbɔdzɔ le ŋutilã me la dzi.” Eya ta enye dzidzɔ nam be maƒo adegbe le nye gbɔdzɔgbɔdzɔ ŋuti boŋ, ale be Kristo ƒe ŋusẽ blibo la katã nadze le menye. 10Esi menya be Kristo ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu wònye be nu sia nadzɔ ɖe dzinye ta la, mekpɔa dzidzɔ be “ŋu” sia le nye ŋutilã me. Mekpɔa dzidzɔ hã be amewo dzuam, tia nye agbe yome, eye meɖoa xaxa kple hiã geɖe me, elabena mekpɔa ŋusẽ to gbɔdzɔgbɔdzɔ me, eye zi ale si megbɔdzɔ la, zi nenema ke mesẽa ŋue.
Paulo tsɔ ɖe le eme na Korinto hamea
11Miaƒe nuwɔnae na be meƒo nu, do ɖokuinye ɖe dzi abe bometsila ene. Evɔ la, miawoe wòle be miakafum, ke menye nye ŋutɔ wòle be makafu ɖokuinye hafi o, eye togbɔ be nyemele naneke me o hã la, naneke mele miaƒe apostolo mawo si si mele asinye o. 12Esi mele mia gbɔ la, nye dɔwɔwɔ ɖe sia ɖe ɖo kpe edzi be Aƒetɔ lae tiam abe apostolo ene, eye wòdɔm be mava gblɔ nyanyui la na mi, eye metsɔ dzigbɔɖi wɔ dzesiwo, nukunuwo kple ŋusẽdɔ geɖewo hã le mia dome. 13Nu ka me gɔ̃ mietsi megbe le le hame susɔeawo ŋu? Nu si ko nyemewɔ le mia gbɔ o, evɔ mewɔe le hame bubuwo me lae nye be nyemenye agba na mi o. Mitsɔ nu madzɔmadzɔ sia kem!
14Azɔ la, zi etɔ̃liae nye esia megbɔna mia gbɔ, eye le nye vava me hã la, nyematsɔ dzinyekpɔkpɔ ƒe agba aɖo mia dzi o, elabena nyemele miaƒe ga dim o, ke boŋ miawo ŋutɔ dim mele. Vinyewo mienye, eye menye viwoe wòle be woadi nuɖuɖu na wo dzilawo o. Dzilawoe wòle be wòakpɔ wo viwo dzi. 15Enye dzidzɔ nam be matsɔ ɖokuinye kple nu siwo le asinye la na mi be miatsi ɖe edzi le gbɔgbɔ me, gake zi ale si mele mia lɔ̃m ɖe edzi la, zi nenema ke miaƒe lɔlɔ̃ nam hã dzi le ɖeɖem kpɔtɔ. 16Ame aɖewo le mia dome le gbɔgblɔm be, “Enye nyateƒe be ne eɖi tsa va kpɔ mí la, míegblẽa ga aɖeke ɖe eŋuti o, gake Paulo sia ayetɔe wònye le mía blem. Le nyateƒe me la, anya to mɔ aɖe dzi kokoko wɔ ga le mía ŋuti.” 17Enye nyateƒea? Ɖe ame siwo medɔ ɖo ɖe mi la ƒe ɖe va xɔ nane le mia sia? 18Alo ɖe Tito kple nɔvi si medɔ ɖo ɖe mia gbɔ la va ba mia? Gbeɖe, elabena menya nyuie be mí katã la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe ma ɖeka koe le mía me, eye nu ɖeka tɔgbi mí katã míewɔna.
19Ɖewohĩ la, mianɔ bubum be ɖe mele esiawo katã gblɔm be maʋli mía ɖokuiwo ta le mia gbɔ, ale be miagalɔ̃m. Esia mele eme nenema o. Nɔvi lɔlɔ̃wo, abe Kristotɔwo ene la, mele nya sia gblɔm na mi le Mawu ƒe ŋkɔ me, be matu mi ɖo le gbɔgbɔ me. 20Nu si vɔ̃m mele lae nye be ne meva mia gbɔ la, miaƒe agbenɔnɔ ava tɔ ŋku nam, eye esia ana be nye nuwɔna manɔ abe ale si miadi be wòanɔ ene o. Mele vɔvɔ̃m be ne meva la, mava kpɔ dzrewɔwɔ, ŋuʋaʋã, dɔmedzoedodo, ameŋuzɔzɔ, sakplisasa, ɖokuidodoɖedzi kple mama le mia dome. 21Mele vɔvɔ̃m hã be nenye be meva la, Mawu abɔbɔm ɖe anyi le miaƒe ŋkume, eye mafa konyi le ame geɖe siwo wɔ nu vɔ̃ tsã, eye wometrɔ le woƒe dzi me le makɔmakɔnyenye, ahasiwɔwɔ kple hadzedze siwo wowɔ la ŋuti la ta.

Did you know?
Revelations, a thorn, and Titus's visit
- This chapter tells of a man in Christ who, fourteen years earlier, was caught up to the third heaven and to Paradise and heard things too sacred for words, which a person is not permitted to tell. Paul says he will boast about that man, not about himself, except in his weaknesses; he also says that, because of these surpassingly great revelations, he was given a thorn in the flesh, which he never names.Sources: the Bible text itself
- Paul calls the thorn a messenger of Satan, given to torment him, and says he pleaded with the Lord three times that it be taken away. The name Satan means adversary or accuser; Easton's Bible Dictionary (1897) notes that in the New Testament it is used interchangeably with the devil, and is so used more than thirty times.Sources: the Bible text itself · Satan
- Paul says he urged Titus to visit them and sent our brother with him, then asks whether Titus exploited them in any way. Easton's Bible Dictionary (1897) says Titus appears to have been a Gentile whom Paul refused to have circumcised, and that Paul sent him from Ephesus to Corinth to forward the church's collection for the poor saints in Jerusalem.Sources: the Bible text itself · Titus
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org