2 Chronicles 4
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Gbedoxɔ la ŋunuwo kple emenuwo
1Fia Solomo wɔ akɔblivɔsamlekpui aɖe; edidi mita asieke, keke mita asieke eye wòkɔ mita ene kple afã. 2Etsɔ gayibɔ wɔ gazɔ si le nogo, eƒe ta ƒe kekeme anɔ mita eve kple afã kpe ɖo, gazɔ la ƒe kɔkɔme anɔ mita ɖeka kple afã. Ne wodzidze zɔ la ƒe kekeme blibo la, anɔ mita wuietɔ̃ kple afã. 3Wowɔ nyitsu siwo ƒe lolome anɔ mita afã la, ɖe zɔ la te. Wowɔ nyitsuawo ɖe fli eve me eye fliawo tsyia ɖe wo nɔewo nu, abe gazɔ la ke ene. 4Wotsɔ zɔ la da ɖe nyitsu wuieve dzi. Etɔ̃ dze ŋgɔ anyiehe, etɔ̃ dze ŋgɔ ɣetoɖoƒe, etɔ̃ dze ŋgɔ dziehe eye etɔ̃ dze ŋgɔ ɣedzeƒe. Wotsɔ zɔ la da ɖe wo tame eye zɔ la ƒe afɔwo le woƒe titina. 5Zɔ la tri sentimita enyi, eƒe to le abe tsinokplu tɔ ene eye wowɔe abe ale si dzogbenya ƒe seƒoƒo le ene. Exɔa tsi kilolita blaade-vɔ-ade.
6Solomo gawɔ gagba ewo da ɖi be woaklɔ numevɔsanuwo ɖe wo me; atɔ̃ le dziehe gome eye atɔ̃ hã le dziehe gome na gazɔ gã la. Nunɔlawo mewɔa gagbawo ŋudɔ le tsilele me o, ke boŋ wowɔa gazɔ la ŋu dɔ. 7Solomo wɔ Mawu ƒe ɖoɖowo dzi eye wòwɔ sikakaɖiti ewo da ɖe gbedoxɔ la me, atɔ̃ nɔ gli ŋu le dziehe gome eye atɔ̃ hã nɔ gli ŋu le anyiehe gome. 8Ewɔ kplɔ̃ ewo hã; eda atɔ̃ ɖe gli ŋu le dziehe gome, atɔ̃ hã nɔ gli ŋu le anyiehe gome eye wòwɔ sikatre ewo hã. 9Ewɔ xɔxɔnu ɖeka na nunɔlawo, bubu na ame mamlɛawo eye wòfa akɔbli ɖe xɔxɔnu sia ƒe gliwo ŋu. 10Gazɔ gã la nɔ gbedoxɔ la ƒe gotaxɔwo ƒe dzogoe si nɔ dziehe kple ɣedzeƒe dome.
11Huram gawɔ zewo, sofiwo kple tre siwo ŋudɔ woawɔ le vɔsasa me.
Ale wòwu dɔ si Fia Solomo de asi nɛ le Mawu ƒe gbedoxɔ la ŋu nu.
12Dɔ siawoe nye sɔti eveawo tutu;
tameɖonu ɖeka ɖeka na sɔti eveawo;
wotsi kɔsɔkɔsɔ eve ɖe tameɖonu nogoawo ŋu le sɔtiawo tame,
13yevuboɖa alafa ene (400) le agbaka eve me le gaɖɔ ɖeka ŋu ne woxe ta mligo eve siwo le sɔtiawo tame la ŋu.
14Gagbawo kple woƒe zɔwo,
15gazɔ ɖeka kple nyitsu wuieve siwo le ete;
16zewo, sofiwo kple gaflowo.
Huram Abi, aɖaŋutɔ gã la wɔ nu siawo katã kple akɔbli si woƒo la na Fia Solomo hena Yehowa ƒe gbedoxɔ la. 17Fia la na wololõ ga la kɔ ɖe nu si wowɔ ɖe nuawo ƒe nɔnɔme me le Yɔdan tɔsisi la ƒe balime le Sukɔt kple Zereda dome. 18Akɔbli siwo ŋu dɔ Solomo wɔ la sɔ gbɔ ale gbegbe be, womete ŋu dae o.
19Solomo na wotsɔ sika nyuitɔ wɔ Mawu ƒe gbedoxɔ la me nuwo katã.
Nu siawoe nye: vɔsamlekpui
kple kplɔ̃ siwo dzi wodaa Ŋkumeɖobolo ɖo.
20Etsɔ sika nyuitɔ wɔ akaɖitiawo kple woƒe akaɖiawoe be woanɔ bibim le Kɔkɔeƒe ƒe kɔkɔeƒe la ŋgɔ abe ale si woɖoe da ɖi ene.
21Wotsɔ sika wɔ seƒoƒowo eye wotsɔ sika nyuitɔ wɔ akaɖiawo kple ɖovulãnuwo.
22Wotsɔ sika nyuitɔ wɔ akaɖimeɖovulãnuwo, ʋuhlẽgbawo, nuɖugbawo kple dzudzɔdonuwo eye wotsɔ sika wɔ gbedoxɔ la ƒe ʋɔtruwo, ʋɔtru emetɔ si le Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la nu kple ʋɔtru siwo le akpata gã la nu.

Did you know?
Furnishings for the Temple
- The massive bronze furnishings for the temple, including the colossal basin known as the Sea and its twelve supporting oxen, were cast in clay molds in the Jordan Valley between Succoth and Zeredah (also called Zarthan). This complex metallurgical work was directed by the master artisan Huram-abi.Sources: the Bible text itself · Hiram · Zeredah
- The great cast metal Sea had a rim shaped like an open lily and held water exclusively for the priests to wash before performing sacred duties. Ten separate mobile basins were designated for rinsing the animal parts used in burnt offerings.Sources: the Bible text itself
- Inside the temple building, Solomon provided ten pure gold lampstands and ten tables for the Bread of the Presence, along with solid gold doors leading to the Most Holy Place and an abundance of gold utensils such as bowls, censers, and wick trimmers.Sources: the Bible text itself · Most Holy Place
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
- Jordan · Today: Jordan River · 31.761, 35.558 · verse 17
- Most Holy Place · Today: on Mount Moriah · 31.778, 35.236 · verses 20, 22
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org