Nations Bible

2 Chronicles 32

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Senakerib do ŋɔdzi na Yerusalem

1Le nu siwo Hezekia wɔ anukwaretɔe vɔ megbe la, Asiria fia, Senakerib ho va dze Yuda dzi. Eɖe to ɖe du siwo woglã kple susu be, yeaxɔ wo na ye ɖokui. 2Esi eme kɔ ƒãa be Fia Senakerib ɖo ta me be yeaho aʋa ɖe Yerusalem ŋu la, 3Hezekia wɔ takpekpe kple eƒe fiaviŋutsuwo kple eƒe aɖaŋudelawo. Woɖo be yewoaxe vudo siwo le dua godo. 4Wodi dɔwɔla geɖewo woxe vudoawo katã kple tɔsisi si si to agblewo me. Wobia be, “Nu ka ta Asiria fia ava eye wòakpɔ tsi ano?”

5Emegbe la, Hezekia gbugbɔ teƒe siwo duawo ƒe gliwo gbã le la tu hegaglã teƒe bubuwo eye wògaɖo gli bubu ɖe gbãtɔ godo. Egbugbɔ Milo mɔ la glã le David ƒe Du la me eye wòwɔ aʋawɔnu kple akpoxɔnu geɖewo.

6Eƒo aʋakɔ aɖe nu ƒu eye wòɖo asrafomegãwo ɖe wo nu, heɖo wo ɖe gbadzaƒe si le dua ŋgɔ. Eƒo nu, de dzi ƒo na wo kple nya siawo be, 7“Misẽ ŋu, miawɔ kalẽ eye migavɔ̃ Asiria fia la alo eƒe aʋakɔ gã la o elabena ame aɖe le mía dzi si kpɔ ŋusẽ wui sãa! 8Aʋakɔ gã aɖe le esi, eƒe aʋawɔlawo katã nye amegbetɔwo ko, ke míawo ya la, Yehowa, míaƒe Mawu, le mía dzi eye wòawɔ míaƒe aʋa na mí.”

9Le nu siawo megbe la Asiria fia Senakerib kple aʋakɔwo ɖe to ɖe Lakis du la, eye wòdɔ amewo ɖa be woagblɔ na Yuda fia Hezekia kple Yudatɔ siwo katã le afi ma be,

10“Asiria fia Senakerib le biabiam be: Nu ka ŋu miele dzi ɖom ɖo be yewoate ŋu atsi agbe esi meɖe to ɖe Yerusalem dua? 11Fia Hezekia le mia flum be, miawu mia ɖokuiwo le afi ma, dɔ kple tsikɔ awu mi miaku, le esime wòle ŋugbe dom na mi be, ‘Yehowa, mía Mawu la aɖe mí tso Asiria fia sime!’ 12Ɖe mienya be Fia Hezekia tututue nye ame si ɖe eƒe nuxeƒewo kple vɔsamlekpuiwo ɖa hegblɔ na Yuda kple Yerusalem be, ‘Mide ta agu ɖe vɔsamlekpui ɖeka ma si le gbedoxɔ la me ŋu eye miado dzudzɔ le eya ɖeɖe ko dzi’ oa?

13“Ɖe mienya nu si mía kple fofonyewo míewɔ anyigbadzidukɔwo katã oa? Dukɔ mawo ƒe mawuwo mete ŋu wɔ naneke heɖe woƒe anyigbawo o. 14Dukɔ siawo ƒe mawuwo dometɔ kae te ŋu ɖe eƒe dukɔ tso nye asi me? Nu kae na miebu be miaƒe Mawu ya ate ŋu aɖe mi? 15Migana Hezekia nana miazu abunɛtɔwo o! Migaxɔ edzi se o! Megale egblɔm be, dukɔ aɖeke ƒe mawu mete ŋu ɖe eƒe amewo tso nye asi me loo alo tso tɔgbuinyewo ƒe asi me kpɔ o. Aleke miaƒe mawu ya ate ŋui?”

16Ale ame dɔdɔ la ɖe alɔme le Yehowa Mawu kple Mawu ƒe dɔla Hezekia ŋu eye wòdzu wo. 17Fia Senakerib ŋlɔ agbalẽ hã eye wòdo vlo Yehowa, Israel ƒe Mawu la. Eŋlɔ ɖe agbalẽ la me be, “Dukɔ bubuwo katã ƒe mawuwo mete ŋu ɖe woƒe amewo tso nye asi me o, eye Hezekia ƒe Mawu hã mate ŋui o.” 18Dɔla siwo tsɔ agbalẽa vɛ la do ɣli gblɔ ŋɔdzidonamenyawo le Yuda gbe me na ame siwo ƒo ƒu ɖe dua ƒe gliwo dzi eye wodi be yewoado vɔvɔ̃ na wo, ana dzi naɖe le wo ƒo. 19Dɔla siawo ƒo nu tso Yerusalem ƒe Mawu la ŋu abe ɖe wòle abe trɔ̃subɔlawo ƒe mawu, siwo nye legba siwo amegbetɔ wɔ la dometɔ ɖeka ene!

20Ale Fia Hezekia kple Nyagblɔɖila Yesaya, Amoz ƒe vi, do ɣli, ɖe kuku na Mawu le dziƒo 21eye Yehowa ɖo dɔla aɖe ɖa wòva tsrɔ̃ Asiria fia ƒe aʋakɔ la kple eƒe asrafomegãwo kple aʋafiawo katã eye Fia Senakerib trɔ yi aƒe kple ŋukpe gã aɖe. Esi wòva ɖo eƒe mawu ƒe gbedoxɔ me la, eya ŋutɔ via ŋutsuwo va dzae kple yi ɖe afi ma. 22Ale Yehowa ɖe Fia Hezekia kple Yerusalemtɔwo eye azɔ la, ŋutifafa nɔ fiaɖuƒe blibo la me.

23Tso ɣe ma ɣi dzi la, dukɔ siwo ƒo xlã wo la, bua Hezekia vevie eye nunana geɖewo na Yehowa kple nunana tɔxɛwo na Hezekia hã va ɖo Yerusalem.

Hezekia ƒe dada, dzidzedzekpɔkpɔ kple ku

24Le ŋkeke mawo me la, Hezekia dze dɔ vevie eye wòɖo kudo nu. Edo gbe ɖa na Yehowa, ame si ɖo gbedodoɖa la ŋu nɛ hena nukudzesi aɖee. 25Ke dada nɔ Hezekia ƒe dzi me eye metsɔ ɖeke le dɔmenyo si Yehowa wɔ nɛ la me o eya ta Yehowa ƒe dziku nɔ eya amea, Yuda kple Yerusalem dzi. 26Tete dada si nɔ Hezekia ƒe dzi me la vee eye wòtrɔ dzi me. Yerusalem nɔlawo hã wɔ nenema ke, eya ta Yehowa ƒe dziku la mebi ɖe wo ŋu le Hezekia ƒe ŋkekewo me o.

27Ale Hezekia zu kesinɔtɔ kple bubume gã aɖe, etu nudzraɖoƒewo na eƒe klosalo, sika kple kpe xɔasiwo, atike ʋeʋĩwo, akpoxɔnuwo kple sikatrewo. 28Etu avawo be yeadzra bli, wain yeye kple ami ɖo ɖe wo me eye wògatu lãkpowo hã. 29Etso kɔƒewo eye lãha gãwo sɔ gbɔ ɖe esi elabena Mawu na kesinɔnu geɖe ŋutɔ woe. 30Exe Gihon tɔsisi la ƒe Dzigbetɔʋu la ƒe nugbɔ eye wòɖe tɔʋu aɖe na tsi la be wòatsa ayi David ƒe Du la ƒe ɣetoɖoƒe lɔƒo le Yerusalem.

31Ke esi ame dɔdɔwo tso Babilonia va be, yewoabia nu tso ale si wòhaya nukutɔe ŋu la, Mawu gbugbɔ le eyome sẽe be yeadoe akpɔ eye yeanya ame si tɔgbi tututu wònye.

32Woŋlɔ Hezekia ŋutinya mamlɛa kple dɔ nyui siwo katã wòwɔ la ɖe Nyagblɔɖila Yesaya, Amoz ƒe vi ƒe agbalẽ kple Yuda fiawo kple Israel fiawo ƒe Ŋutinyagbalẽ me. 33Esi Hezekia ku la, woɖii ɖe fia David ƒe dzidzimeviwo wo ƒe yɔdowo gbɔ le togbɛ la ŋu. Yuda kple Yerusalem blibo la de bubu eŋu le eƒe ku me. Via ŋutsu Manase zu fia ɖe eteƒe.

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

Sennacherib's Invasion and Deliverance

  • Facing the threat of an Assyrian siege, Hezekiah and his leaders blocked all natural springs outside Jerusalem to deny water to the invaders. The king also redirected the upper waters of the Gihon spring straight down to the west side of the City of David, securing the city's internal water supply.Sources: the Bible text itself · Gihon
  • While Sennacherib besieged the Judean fortress of Lachish, he sent emissaries to Jerusalem to demoralize the defenders. The Assyrian messengers called out loudly in Hebrew to the people watching from the city walls, attempting to terrify them into surrender.Sources: the Bible text itself · Lachish · Sennacherib
  • In response to the Assyrian threats, King Hezekiah and the prophet Isaiah son of Amoz united in prayer to heaven for deliverance. The biblical record notes that additional details of Hezekiah's deeds and devotion were preserved in the vision of Isaiah within the royal annals.Sources: the Bible text itself · Isaiah · Amoz

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

  • Assyria · 36.359, 43.153 · verses 1, 4, 7, 9, 10, 11, 13, 21, 22
  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · verses 2, 9, 10, 12, 18, 19, 22, 23, 25, 26, 33
  • City of David · 31.774, 35.236 · verses 5, 30
  • Lachish · Today: Tell ed Duweir · 31.565, 34.849 · verse 9
  • Gihon · Today: Gihon Spring · 31.773, 35.236 · verse 30
  • Babylon · 32.543, 44.422 · verse 31

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.