Nations Bible

2 Chronicles 26

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Yuda fia Uzia

1Yuda blibo la tsɔ Uzia, ame si xɔ ƒe wuiade la ɖo fiae ɖe fofoa, Amazia, teƒe. 2Le fofoa Amazia ƒe ku megbe la, egbugbɔ Elat du la tu eye wògbugbɔe xɔ na Yuda. 3Uzia xɔ ƒe wuiade esi wòzu fia eye wòɖu dzi le Yerusalem ƒe blaatɔ̃ vɔ eve. Dadaa ŋkɔe nye Yekolia tso Yerusalem. 4Azaria nye fia nyui aɖe eye Yehowa kpɔ ŋudzedze le eŋu abe ale si wòkpɔe le fofoa, Amazia, ŋu ene 5Le Zekaria ƒe agbenɔɣi la, Uzia dina ɣe sia ɣi be yeadze Mawu ŋu. Zaxarya nye ame si kpɔa ɖeɖefia tɔxɛwo tsoa Mawu gbɔ. Ŋkeke ale si fia la zɔ le Mawu ƒe ɖoɖowo nu ko la, nuwo dze edzi nɛ elabena Mawu yrae. 6Eho aʋa ɖe Filistitɔwo ŋu eye wòɖu Gat kple Yabne kple Asdod dzi eye wòmu woƒe gliwo ƒu anyi. Etso du yeyewo ɖe Asdod nutomewo kple teƒe bubuwo le Filistitɔwo ƒe anyigba dzi. 7Mawu kpe ɖe eŋu, menye le aʋawɔwɔ kple Filistitɔwo ɖeɖe ko me o, ke boŋ le aʋa siwo wòwɔ kple Gur Baal ƒe Arabiatɔwo kple Meunitɔwo hã me. 8Amonitɔwo dzɔa nu nɛ ƒe sia ƒe eye eƒe ŋkɔ ɖi hoo yi keke Egipte ke elabena enye fia ŋusẽtɔ aɖe.

9Etu xɔ tsralawo ɖe Yerusalem le Dzigbegbo kple Balimegbo la nu kple afi si gli la glɔ̃ mɔ le eye wòglã wo. 10Etu mɔwo ɖe Negeb hã eye wòɖe vudo geɖewo elabena lãha geɖewo nɔ esi le balimewo kple gbadzaƒewo. Agbledede doa dzidzɔ nɛ ale agble kple waingble geɖewo nɔ esi, le toawo ŋu kple balime afi si nukuwo nyona le nyuie.

11Ema eƒe aʋakɔ la ɖe aʋalɔglowo me eye wòde amewo wo me abe ale si Yeiel, aʋakɔ la ƒe nuŋlɔla kple eƒe kpeɖeŋutɔ Maaseya, ɖoe da ɖi ene. Aʋafia gã lae nye aʋakplɔla Hananiya. 12Hlɔ̃wo ƒe tatɔwo akpe eve alafa ade (2,600) nɔ aʋalɔglo siawo nu. 13Aʋawɔla xɔŋkɔ akpe alafa etɔ̃ kple adre kple alafa atɔ̃ (307,500) nɔ aʋakɔ la me. 14Uzia na akpoxɔnuwo, akplɔwo, gakukuwo, gawuwo, datiwo kple akafomekpewo wo. 15Ena nunyala aɖe wɔ aʋawɔmɔ aɖewo le Yerusalem, aʋawɔmɔ siawo tea ŋu daa aŋutrɔwo kple kpe gãwo tso xɔ kɔkɔwo kple xɔwo tame. Ale eƒe ŋkɔ de dzi ŋutɔ elabena Yehowa kpe ɖe eŋu nukutɔe va se ɖe esime wòzu fia ŋusẽtɔ gã aɖe. 16Ke esi ŋusẽ ɖo Uzia ŋu vɔ megbe la, dada si nɔ eme la na wòdze anyi. Meɖi anukware na Yehowa, eƒe Mawu la o, ke boŋ ege ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me be yeado dzudzɔ le dzudzɔʋeʋĩdovɔsamlekpui la dzi. 17Azaria, nunɔla la kple Yehowa ƒe nunɔla dzideƒotɔ blaenyi, bubu kplɔe ɖo ge ɖe eme. 18Wotɔ gbee gblɔ be, “Medze be wò, Uzia, nàdo dzudzɔ ʋeʋĩ na Yehowa o. Nunɔlawo ƒe dɔe, Aron ƒe dzidzimeviwo, ame siwo ŋu wokɔ be woado dzudzɔ ʋeʋĩ. Do go le Kɔkɔeƒe la elabena mèwɔ nuteƒe o eye Yehowa Mawu made bubu ŋuwò o.”

19Uzia, ame si lé dzudzɔdonu ɖe asi eye wònɔ klalo be yeado dzudzɔ la, do dɔmedzoe vevie. Esi wònɔ dziku dom ɖe nunɔlaawo ŋu, le wo ŋkume, le Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe dzudzɔʋeʋĩdovɔsamlekpui la ŋgɔ la, kpodɔ dze eƒe ŋgonu zi ɖeka. 20Esi nunɔlagã Azaria kple nunɔla bubuawo katã nye kɔ kpɔe la, wokpɔ be edze kpodɔ ɖe ŋgonu eya ta wonyae do goe enumake le gbedoxɔ la me. Le nyateƒe me la, eya ŋutɔ hã tsi dzi na dodo elabena Yehowa ƒoe vevie.

21Ale Fia Uzia dze kpodɔ va se ɖe eƒe kugbe. Kpodɔ la nɔ eŋu, woɖee ɖe aga ɖe aƒe aɖe me eye womeɖe mɔ nɛ be wòagava Yehowa ƒe gbedoxɔ me o. Via, Yotam zu fiateƒenɔla le fiasã la me eye wòɖu ame siwo nɔ anyigba la dzi la dzi.

22Nu bubu siwo dzɔ le Uzia ƒe fiaɖuɣi, tso gɔmedzedzea va se ɖe nuwuwu la, Nyagblɔdila Yesaya, Amoz ƒe vi ŋlɔ wo katã da ɖi. 23Uzia ku eye woɖii ɖe abɔ si me woɖia fiawo ɖo la gbɔ elabena ameawo gblɔ be, “Edze kpodɔ.” Ke via Yotam ɖu fia ɖe eteƒe.

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

The Rise, Pride, and Fall of King Uzziah

  • Uzziah fortified Jerusalem with towers and equipped an army of over 300,000 men with specialized weaponry. He also commissioned skilled inventors to design engines mounted on the city walls capable of shooting arrows and launching large stones against besiegers.Sources: the Bible text itself · Uzziah
  • When Uzziah grew powerful, he arrogantly attempted to burn incense in the temple sanctuary. High Priest Azariah and eighty brave priests confronted the king, explaining that only consecrated descendants of Aaron held the right to offer incense.Sources: the Bible text itself · Azariah
  • After being afflicted with leprosy inside the temple, Uzziah lived in quarantine for the rest of his life and was excluded from the Lord's house. Because the king was in isolation, his son Jotham took charge of the royal palace and governed the people of Judah.Sources: the Bible text itself · Jotham · Uzziah

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · verses 3, 9, 15
  • Ashdod · Today: Tel Ashdod · 31.757, 34.658 · verse 6
  • Philistia · 31.664, 34.546 · verse 6
  • Egypt · 30.129, 31.308 · verse 8
  • Angle · Today: in Jerusalem · 31.777, 35.234 · verse 9
  • Corner Gate · Today: in Jerusalem · 31.777, 35.234 · verse 9
  • Shephelah · 31.692, 34.875 · verse 10

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.