Nations Bible

2 Chronicles 23

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

1Le ƒe adrelia me la, Yehoiada ɖe eƒe ŋusẽ fia. Ebla nu kple ame alafawo (100) ƒe aʋafia siawo: Azaria, Yeroham ƒe vi, Ismael, Yehohanan ƒe vi, Azaria, Obed ƒe vi kple Maaseya, Adaya ƒe vi kple Elisafat, Zikri ƒe vi. 2Wotsa le Yudanyigba blibo la dzi eye woƒo Levitɔwo kple Israelviwo ƒe ƒometatɔwo nu ƒu tso duawo katã me. Esi wova ɖo Yerusalem la, 3ameha blibo la bla nu kple fia la le Mawu ƒe gbedoxɔ la me.

Yehoiada gblɔ na wo be, “Fiaviŋutsu la aɖu fia abe ale si Yehowa do ŋugbe tso David ƒe dzidzimeviwo ŋu ene. 4Azɔ la, nu si míawɔ enye si. Mi nunɔlawo kple Levitɔwo ƒe mama etɔ̃lia ƒe gbãtɔ me tɔwo, ame siwo awɔ dɔ le Dzudzɔgbe la dzi la, miaƒe ŋkuwo anɔ ʋɔtruawo ŋu, 5mama evelia me tɔwo adzɔ fiasã la ŋu eye mama etɔ̃lia me tɔwo adzɔ Gɔmeɖokpegbo la ŋu. Ame bubuawo katã anɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnuwo. 6Ame aɖeke mage ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me o negbe nunɔlawo kple Levitɔ siwo anɔ dɔ wɔm ko. Woawo ya ate ŋu age ɖe eme elabena wokɔ wo ŋu ke ele na ame bubuawo be woadzɔ teƒe siwo Yehowa de asi na wo la ŋu. 7Mi Levitɔwo ƒe viwo, mitsɔ aʋawɔnuwo ɖe asi, midzɔ fia la ŋu eye miawu ame sia ame si adze mi age ɖe gbedoxɔ la me. Minɔ fia la ŋu kplikplikpli!”

8Levitɔwo ƒe viwo kple Yuda blibo la wɔ nunɔla Yehoiada ƒe ɖoɖoawo dzi. Aʋafiawo kplɔ ame siwo manɔ dɔ me le Dzudzɔgbe la dzi o kple esiwo anɔ dɔ me gbe ma gbe la siaa yi na nunɔla Yehoiada elabena nunɔlagã Yehoiada, meɖe mɔ na wo wodzo yi aƒe me o. 9Yehoiada na akplɔwo kple akpoxɔnuwo asrafomegãwo siwo le ame alafawo nu. Aʋawɔnu siawo nye Fia David tɔwo tsã eye wodzra wo ɖo ɖe gbedoxɔ la me. 10Asrafomegã siawo tsɔ woƒe aʋawɔnuwo ɖe asi eye wonɔ tsitre ƒo xlã fia la, le vɔsamlekpui la ŋu le gbedoxɔ la me. Woɖe to ɖee tso gbedoxɔ la ƒe dziehe yi anyiehe. 11Yehoiada kple via ŋutsuviwo kplɔ fiavi ŋutsuvi la do goe, ɖɔ fiakuku nɛ, tsɔ nubabla ƒe seawo de asi nɛ eye wòɖoe fiae. Esi ami nɛ, ame sia ame ƒo asikpe kplokplokplo eye wodo ɣli sesĩe be, “Fia nenɔ agbe tegbee!”

12Esi Atalia se se howɔwɔ kple ɣli si amewo tsɔ nɔ fia la kafum la, eyi ɖe ame siwo le Yehowa ƒe gbedoxɔ me la gbɔ. 13Etsa ŋku eye wòkpɔ fia la wòtsi tsitre ɖe eƒe sɔti gbɔ le xɔa ƒe mɔnu. Dɔdzikpɔlawo kple kpẽkulawo nɔ fia la gbɔ eye anyigba la dzi tɔwo katã nɔ aseye tsom, henɔ woƒe kpẽawo kum eye hadzilawo kple woƒe haƒonuwo nɔ hawo dom ɖa. Tete Atalia dze eƒe awuwo eye wòdo ɣli be, “Nugbeɖoɖoe! Nugbeɖoɖoe!”

14Nunɔla Yehoiada dɔ ame siwo nɔ asrafo alafa ɖekawo nu, ame siwo nɔ aʋawɔlawo dzi kpɔm la ɖa eye wògblɔ na wo be, “Mikplɔe to ameawo dome vɛ eye miawu ame sia ame si adze eyome.” Elabena nunɔla la gblɔ do ŋgɔ be, “Migawui ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me o.” 15Ale wolée le Sɔgbo la nu le fiasã la me eye wowui le afi ma.

16Ke Yehoiada na Fia Yoas kple ameawo kpe ɖe eŋu eye wobla nu be yewoanye Yehowa ƒe amewo. 17Wo katã woyi Baal ƒe gbedoxɔ me eye wogbãe. Wogbã vɔsamlekpui la kple legbawo le afi ma eye wowu Matan, Baal ƒe nunɔla le vɔsamlekpui la ŋgɔ. 18Azɔ la, Yehoiada na Levitɔwo zu dzɔlawo eye wosa numevɔ na Yehowa le Mose ƒe se la nu. Ede dɔwo asi na Levitɔwo abe ale si Fia David wɔ ene tututu. Wodzia ha kple dzidzɔ ne wole woƒe dɔwo wɔm. 19Gbedoxɔ la ƒe agbowo nu dzɔlawo meɖea mɔ be, nu siwo ŋu womekɔ o kple ame siwo se meɖe mɔ na o la, nage ɖe gbedoxɔ la me o.

20Eye wòɖe ame alafawo ƒe amegãwo, blafowo kple fiaŋusrafowo kpakple dukɔ hahoo la katã, eye wokplɔ fia la tso Yehowa ƒe gbedoxɔ la me, heto Dzigbegbo la me yi fiasã la me eye wotsɔ fia la ɖo fiazikpui la dzi. 21Amewo katã kpɔ dzidzɔ le dukɔ la me eye ŋutifafa va dua me azɔ elabena wowu Atalia kple yi.

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

The Coronation of Joash and the Fall of Athaliah

  • To arm the commanders and guards protecting the young king, the high priest Jehoiada brought out the spears and shields that had belonged to King David and were stored in the house of God.Sources: the Bible text itself · David · Jehoiada
  • Jehoiada took care to preserve the sanctity of the temple courts by commanding that Queen Athaliah not be executed inside the house of the Lord, leading her instead to the palace entrance at the Horse Gate.Sources: the Bible text itself · Athaliah · Jehoiada
  • Following the coronation of Joash, the people destroyed the temple, altars, and images of Baal in Jerusalem and killed Mattan, the priest of Baal, before reestablishing worship according to the Law of Moses and David's arrangements.Sources: the Bible text itself · Jehoiada

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · verse 2
  • Gate of the Foundation · Today: in Jerusalem · 31.777, 35.234 · verse 5
  • Horse Gate · Today: in Jerusalem · 31.777, 35.234 · verse 15

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.