Nations Bible

2 Chronicles 20

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Yehosafat ɖu Moabtɔwo kple Amonitɔwo dzi

1Le esiawo megbe la, Moabtɔwo kple Amonitɔwo ho aʋa ɖe Yehosafat ŋu. Ke Meunitetɔ aɖewo kpe ɖe wo ŋu. 2Yehosafat se be, “Aʋakɔ gã aɖe ho aʋa ɖe ŋuwò tso Dzeƒu la godo le Siria gbɔna eye wova ɖo Hazazon Tamar, si wogayɔna hã be En Gedi la xoxo.” 3Nya sia na vɔvɔ̃ ɖo Yehosafat ale gbegbe be, wòɖo ta me be yeabia Yehowa ne wòakpe ɖe ye ŋu eya ta wòɖe gbeƒã bena, Yudatɔwo katã natsi nu adɔ ɣeyiɣi aɖe, aɖe asi le woƒe nu vɔ̃wo ŋu eye woado gbe ɖa na Mawu. 4Amewo tso Yuda ƒe akpa ɖe sia ɖe eye wowɔ ɖeka kple Yehosafat heɖe kuku na Yehowa. 5Yehosafat tsi tsitre ɖe ameawo dome le gbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu yeye la eye wòdo gbe ɖa bena,

6“Oo Yehowa, mía fofowo ƒe Mawu, Mawu ɖeka si le dziƒowo, wòe nye anyigbadzifiaɖuƒewo katã Dziɖula, wò ŋusẽ tri akɔ, ame kae ate ŋu atsi tsitre ɖe ŋuwò? 7Oo míaƒe Mawu, ɖe menye wòe nya trɔ̃subɔla siwo nɔ anyigba sia dzi, esi Israel, wò amewo va ɖo la ɖa oa? Ɖe menye wòe tsɔ anyigba sia na xɔ̃wò Abraham ƒe dzidzimeviwo oa? 8Wò amewo tso aƒe ɖe afi sia, wotu gbedoxɔ sia na wò 9eye woxɔe se be, le ŋɔdziɣi abe esia ene la, ne nukpekeamewo va mía dzi abe aʋawɔwɔ, dɔléle alo dɔwuame ene la, míate ŋu atsi tsitre ɖe afi sia, le gbedoxɔ sia ŋgɔ elabena èle afi sia, le gbedoxɔ sia me, míado ɣli ayɔ wò be nàɖe mí eye míeka ɖe edzi be, àse míaƒe kukuɖeɣliwo eye nàɖe mí.

10“Azɔ la, kpɔ nu si Amon ƒe viwo, Moabtɔwo kple Seirtɔwo ƒe aʋakɔwo le wɔwɔm ɖa. Mèna mía tɔgbuiwo wɔ aʋa kpli wo esime Israel dzo le Egipte o, ale míeƒo xlã to wo ŋu eye míetsrɔ̃ wo o. 11Azɔ la, kpɔ ale si wodi be yewoaɖo eteƒe na mí ɖa! Wova be woanya mí le wò anyigba si nèna mí la dzi. 12Oo míaƒe Mawu, màxe mɔ na wo oa? Míate ŋu anɔ te ɖe aʋakɔ sesẽ sia nu o. Míenya nu si míawɔ o eya ta míele wò asinu kpɔm.”

13Esi ame siwo tso Yuda ƒe akpa ɖe sia ɖe tsi tsitre ɖe Yehowa ŋkume kple wo srɔ̃wo kple wo viwo la, 14Yehowa ƒe Gbɔgbɔ va dze ame siwo nɔ tsitre ɖe afi ma la dometɔ ɖeka dzi. Ame siae nye Yahaziel, ame si fofoe nye Zekaria, ame si fofoe nye Benaya, ame si fofoe nye Yeiel, ame si fofoe nye Matania, Levi ƒe vi, ame si nye Asaf ƒe viwo dometɔ ɖeka.

15Yahaziel gblɔ be, “Miɖo tom, mi ame siwo katã tso Yuda kple Yerusalem kple wò, Fia Yehosafat. Yehowa be, ‘Migavɔ̃ o! Migana aʋakɔ gã sia nana dzidzi naƒo mi o elabena aʋa la menye mia tɔe o ke boŋ Mawu tɔe! 16Miyi miakpe aʋa kpli wo etsɔ! Miakpɔ wo le Ziz to la kɔgo le balime si yi ɖe Yeruel gbegbe la ƒe nuwuwu! 17Ke mahiã be miawɔ aʋa kura o! Miyi ɖanɔ miaƒe teƒewo ko ne miakpɔ ale si Mawu aɖe mi nukutɔe la ɖa. Oo Yuda kple Yerusalem ƒe amewo! Migavɔ̃ o eye migabu dzideƒo hã o! Miawo miyi afi ma etsɔ ko elabena Yehowa li kpli mi!’ ”

18Eye Fia Yehosafat mlɔ anyigba, tsyɔ mo anyi eye Yuda blibo la kple Yerusalemtɔwo katã hã wɔ nenema henɔ Yehowa subɔm. 19Eye Levitɔwo tso Kohat kple Korah ƒe hlɔ̃wo me tsi tsitre hekafu Yehowa, Israel ƒe Mawu kple kafukafuha siwo me kɔ eye wodzi ha sesĩe.

20Yuda ƒe aʋakɔ la ho ŋdi kanyaa yi Tekoa gbegbe. Esi wonɔ mɔa dzi yina la, Yehosafat tɔ ameawo eye wògblɔ na wo be, “Miɖo tom, Yuda kple Yerusalemtɔwo. Mixɔ Yehowa, miaƒe Mawu la dzi se ekema miaɖu dzi! Mixɔ eƒe nyagblɔɖilawo dzi se ekema nu sia nu adze edzi na mi!”

21Le aɖaŋuɖoɖo kple dukɔa kplɔlawo vɔ megbe la, eɖo be hadzilawo nado awu siwo ŋu wokɔ, anɔ zɔzɔm le aʋakɔ la ŋgɔ,

“Atsɔ kafukafu kple akpedada na Yehowa eye woanɔ ha dzim be,

eƒe amenuveve li tegbee.”

22Esi wode asi kafukafuha la dzidzime ko la, Yehowa na Amon ƒe viwo kple Moab ƒe viwo kple Seir ƒe to la ƒe aʋakɔwo de asi aʋawɔwɔ me kple wo nɔewo eye wowu wo ŋutɔwo ƒe amewo! 23Amon ƒe viwo kple Moab ƒe viwo trɔ ɖe ame siwo wotsɔ be woawɔ aʋa na yewo to Seir to la dzi la ŋu eye wowu wo katã. Le esia megbe la, wotrɔ ɖe wo nɔewo ŋu!

24Ale esi Yuda ƒe aʋakɔ la va ɖo xɔ tsrala si dzi dzɔlawo nɔna kpɔa gbegbe la ɖa gbɔ la, wokpɔ ame kukuwo le anyigba le afi sia afi, ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã mete ŋu si dzo o. 25Fia Yehosafat kple eƒe amewo yi ɖaha nuwo le ame kukuawo ŋu. Wokpɔ ga, awuwo kple kpe xɔasi geɖewo ɖe le wo ŋu ale gbegbe be wotsɔ ŋkeke etɔ̃ sɔŋ lɔ afunyinuawo! 26Le ŋkeke enelia gbe la, woƒo ƒu ɖe balime si woyɔna va se ɖe egbe be Yayrabalime la eye wokafu Mawu ale si woate ŋui.

27Ale Yehosafat nɔ ŋgɔ na ameawo eye wotrɔ gbɔ va Yerusalem kple dzidzɔ be Yehowa ɖe yewo nukutɔe alea tso yewoƒe futɔwo ƒe asi me. 28Wozɔ ge ɖe Yerusalem du la me esime wonɔ kasaŋkuwo kple saŋkuwo ƒom nɔ kpẽwo kum eye woyi ɖe gbedoxɔ la me.

29Abe ale si wòdzɔ kpɔ va yi ene la, esi dukɔ siwo ƒo xlã wo se be, Yehowa ŋutɔe wɔ aʋa kple Israel ƒe futɔwo la, vɔvɔ̃ ɖo wo le Mawu ŋu. 30Ale ŋutifafa nɔ Yehosafat ƒe fiaɖuƒe me elabena eƒe Mawu na dzudzɔe.

Yehosafat ƒe fiaɖuɖu ƒe nuwuwu

31Fia Yehosafat ƒe nyawo le ale: Ezu Yuda fia esi wòxɔ ƒe blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ eye wòɖu fia le Yerusalem ƒe blaeve vɔ atɔ̃. Dadaa ŋkɔe nye Azuba, Silhi ƒe vinyɔnu. 32Yehosafat nye fia nyui aɖe abe fofoa, Asa ene; edze agbagba ɣe sia ɣi be yeadze Yehowa ŋu, 33ke meɖe nuxeƒewo ɖa le togbɛawo dzi o eye ameawo hã meɖo ta me be yewoasubɔ wo fofowo ƒe Mawu haɖe o,

34Woŋlɔ nu sia nu tso Yehosafat ƒe fiaɖuɖu ŋu ɖe ŋutinya si Yehu, Hanani ƒe vi, ŋlɔ wode Israel fiawo Ƒe Ŋutinya me la me.

35Ke le eƒe agbe ƒe nuwuwu la, Yuda fia Yehosafat wɔ ɖeka kple Israel fia, Ahazia, ame si nye ame vɔ̃ɖi aɖe. 36Ebla nu kplii be yeatu tɔdziʋuwo le Ezion Geber be woanɔ Tarsis dem. 37Eliezer si nye Dodavahu ƒe vi, tso Maresa gblɔ nya ɖi ɖe Yehosafat ŋu be, “Esi nèwɔ ɖeka kple Fia Ahazia ta la, Yehowa gblẽ wò dɔwɔwɔwo me.” Ale tɔdziʋuawo gbã le mɔa dzi eye womete ŋu ɖo Tarsis o.

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

Jehoshaphat's Deliverance and Maritime Alliance

  • Hazazon-tamar, where the invading allied forces assembled, is identified in the biblical text as En-gedi, an ancient settlement on the western shore of the Dead Sea.Sources: the Bible text itself · Engedi
  • The prophetic message of deliverance was delivered by Jahaziel, a Levite descended from Asaph, one of King David's chief musical leaders whose descendants served as temple singers.Sources: the Bible text itself · Jahaziel · Asaph (Levite)
  • Later in his reign, Jehoshaphat joined Ahaziah of Israel in building merchant ships at Ezion-geber intended for Tarshish, but the enterprise failed when the fleet was wrecked.Sources: the Bible text itself · Ahaziah · Tarshish

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

  • Ammon · 31.955, 35.934 · verses 1, 10, 22, 23
  • Moab · Today: Moab 1 · 31.181, 35.701 · verses 1, 10, 22, 23
  • Edom · 30.746, 35.604 · verse 2
  • Engedi · Today: Ein Gedi · 31.450, 35.383 · verse 2
  • Hazazon-tamar · Today: Ein Gedi · 31.450, 35.383 · verse 2
  • Salt Sea · Today: Dead Sea · 31.500, 35.500 · verse 2
  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · verses 4, 5, 15, 17, 18, 20, 27, 28, 31
  • Egypt · 30.129, 31.308 · verse 10
  • Jeruel · 31.580, 35.309 · verse 16
  • Tekoa · Today: Khirbet Teku’a · 31.632, 35.210 · verse 20
  • Mareshah · Today: Tel Maresha · 31.593, 34.898 · verse 37

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.