Nations Bible

2 Chronicles 18

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Mikaya gblɔ nya ɖi tso Ahab ƒe afɔku ŋu

1Azɔ la, kesinɔnu geɖe ɖo Yehosafat si eye bubu hã nɔ eŋu. Ewɔ ɖeka kple Ahab to via nyɔnuvi ɖeka ɖeɖe me. 2Le ƒe ʋɛe aɖewo megbe la, eyi Samaria be yeakpɔ Fia Ahab ɖa eye Fia Ahab wu alẽ kple nyi geɖewo heɖo kplɔ̃ na Yehosafat kple eƒe amewo. Ahab bia Yehosafat be wòakpe ɖe ye ŋu yewoaho aʋa ɖe Ramot Gilead ŋu. 3Ahab, Israel fia, bia Yuda fia, Yehosafat be, “Àte ŋu akpe ɖe ŋunye míaho aʋa ɖe Ramot Gilead ŋua?”

Yehosafat ɖo eŋu be, “Mele abe wò ene eye nye dukɔ le abe wò dukɔ ene. Míakpe ɖe ŋutiwò le aʋa la me.” 4Gake Yehosafat gblɔ kpe ɖe eŋu na Israel fia bena “Bia gbe Yehowa gbã.”

5Ale Israel fia ƒo nyagblɔɖila alafa ene (400) nu ƒu eye wòbia wo be, “Mího aʋa ɖe Ramot Gilead ŋu loo alo mínɔ anyi koa?”

Woɖo eŋu nɛ be, “Yi, elabena Mawu atsɔe ade fia la ƒe asi me.”

6Ke Yehosafat bia be, “Yehowa ƒe nyagblɔɖila mele afi sia, si míabia gbee oa?”

7Israel fia ɖo eŋu na Yehosafat be, “Ame ɖeka aɖe gali ame si dzi míato abia gbe Yehowa gake melé fui elabena megblɔa nyanyui aɖeke ɖi tso ŋunye o; nya vɔ̃ ko wògblɔna ɖi tso ŋunye. Eyae nye Mikaya, Imla ƒe viŋutsu.”

Yehosafat ɖo eŋu nɛ be, “Fia la megagblɔ nya ma o.”

8Ale Israel fia la gblɔ na eŋumewo dometɔ ɖeka be, “Yi kaba nàyɔ Mikaya, Imla ƒe vi la vɛ!”

9Le ɣeyiɣi sia me la, Israel fia kple Yuda fia Yehosafat do woƒe fiawuwo, eye wonɔ fiazikpuiwo dzi le lugbɔƒe le Samariagbo la gbɔ, eye nyagblɔɖilawo katã nɔ nya gblɔm ɖi le woƒe ŋkume. 10Nyagblɔɖilawo dometɔ ɖeka, Zedekiya, Kenana ƒe vi, tsɔ ga wɔ lãdzo aɖe eye wògblɔ be, Ale Yehowa gblɔe nye esi, “Àtsɔ lãdzo sia atutu Siriatɔwo tso afii yi afi mɛ va se ɖe esime woatsrɔ̃.”

11Nyagblɔɖila bubuawo katã lɔ̃ ɖe edzi hegblɔ kple gbe ɖeka be, “Ẽ, yi Ramot Gilead eye àkpɔ dzidzedze elabena Yehowa ana nàɖu dzi.”

12Ame si yi ɖayɔ Mikaya la, gblɔ nya si dzɔ kple nya si nyagblɔɖilawo nɔ gbɔgblɔm be fia la aɖu dzi le aʋa la me la nɛ. Eyi edzi gblɔ na Mikaya be, “Mexɔe se be àƒo nu abe nyagblɔɖila mawo ene eye àkpɔ nyanyui aɖe agblɔ.”

13Ke Mikaya gblɔ be, “Meta Mawu be, nya si Mawu gblɔ la ko magblɔ.”

14Esi Mikaya va ɖo fia la gbɔ la, fia la biae be, “Mikaya, ɖe míaho aʋa ɖe Ramot Gilead ŋu loo alo ɖe míanɔ anyi koa?”

Mikaya ɖo eŋu be, “Miyi! Miaɖu dzi bɔbɔe!”

15Fia la biae be, “Zi neni magblɔ na wò be nàgblɔ nu si Yehowa ɖo na wò be nàgblɔ la ko?”

16Mikaya gblɔ nɛ be, “Mekpɔ Israelviwo katã wokaka ɖe togbɛwo dzi abe alẽ siwo si kplɔla aɖeke mele o la ene eye Yehowa gblɔ nam be, ‘Kplɔla mele ame siawo si o; woneyi aƒe me le ŋutifafa me.’ ”

17Israel fia la gblɔ na Yehosafat be, “Nyemegblɔe na wò oa? Megblɔa nyanyui aɖeke nam gbeɖe o. Vɔ̃ kokoko wòkpɔna gblɔna ɖaa tso ŋunye.”

18Mikaya yi edzi be, “Ɖo to nàse nya bubu si Yehowa gagblɔ nam la ɖa. Mekpɔ Yehowa le eƒe fiazikpui dzi eye dziƒoʋakɔ geɖewo le tsitre ɖe eƒe ɖusi kple mia dzi. 19Yehowa gblɔ be, ‘Ame ka ate ŋu able Ahab, Israel fia, nu be wòaho aʋa ɖe Ramot Gilead ŋu eye wòakpɔ eƒe ku le afi ma?’

“Amewo do susu vovovowo ɖa. 20Mlɔeba la, gbɔgbɔ aɖe do ɖe ŋgɔ, tsi tsitre ɖe Yehowa ŋkume eye wògblɔ be, ‘Mable enu ade eme.’

“Ke Yehowa bia be, ‘Aleke nawɔe?’

21“Eɖo eŋu be, ‘Mayi abe aʋatsokagbɔgbɔ ene, aɖo nume na eƒe nyagblɔɖilawo katã.’

“Yehowa gblɔ be, ‘Esia anyo eye wòadze edzi hã, yi, nàwɔ alea.’

22“Yehowa de aʋatsokagbɔbgɔ nume na nyagblɔɖila siawo katã, ke nyateƒe lae nye be, Aƒetɔ la ɖo dzɔgbevɔ̃e ɖe ŋuwò.”

23Tete Zedekiya, Kenana ƒe vi, gogo Mikaya eye wòƒo tome nɛ hebiae be, “Ɣe ka ɣie Yehowa ƒe Gbɔgbɔ dzo le gbɔnye eye wòƒo nu na wò?”

24Mikaya ɖo eŋu be, “Àkpɔ ŋuɖoɖo na wò biabia sia ne èkpɔ be yebe ɖe xɔ emetɔ aɖe me.”

25Israel fia ɖe gbe be, “Milé Mikaya eye miakplɔe yi na dumegã Amon kple vinye Yoas. 26Migblɔ na wo be, ‘Fia la be miade ŋutsu sia gaxɔ me eye miana abolo kple tsi koe va se ɖe esime magbɔ le ŋutifafa me!’ ”

Wowu Ahab le Ramot Gilead

27Mikaya ɖo eŋu be, “Ne ètrɔ gbɔ le ŋutifafa me la, ekema Yehowa meƒo nu to dzinye o.” Etrɔ ɖe ame siwo le tsitre le afi ma la gbɔ eye wògblɔ na wo be, “Mide dzesi nya si megblɔ.”

28Ale Israel fia kple Yuda fia kplɔ woƒe aʋakɔwo yi Ramot Gilead.

29Israel fia gblɔ na Yehosafat be, “Mado awu bubuwo ale be ame aɖeke makpɔm adze sii o; ke wò ya la, do wò fiawu!” Ale wowɔ ɖe Israel fia ƒe ɖoɖo sia dzi.

30Aram fia de se na eƒe tasiaɖamdzikpɔlawo be, “Miɖe asi le ame sia ame ŋu eye miati Israel fia ɖeɖe ko yome!”

31Esi tasiaɖamkulawo ƒe amegãwo kpɔ Yehosafat la, wobu be, eya kokokoe nye Israel fia la. Ale wolũ ɖe edzi, ke Yehosafat do ɣli eye Yehowa xɔ nɛ. Ke Mawu ble wo dzoe le egbɔ 32elabena esi wodze sii be menye eyae nye Israel fia la o ko la, wodzudzɔ eyometiti. 33Ke Syriatɔwo ƒe aʋawɔla ɖeka da aŋutrɔ ɖe Israelʋakɔ la me ko eye wòŋɔ Israel fia la to dometsotso si le eƒe aʋawu etetɔ kple eƒe akɔtakpoxɔnu dome. Israel fia la gblɔ na eƒe tasiaɖamkula be, “Kplɔm dzoe le afi sia elabena mexɔ abi vevie.” 34Aʋa la nu nɔ sesẽm ɖe edzi ŋkeke blibo la. Israel fia la ziɔ ɖe nu ŋuti le eƒe tasiaɖam la me henɔ aʋa la dzi kple Arameatɔwo, ke esi ɣe ɖo to ko la, eku.

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

The Alliance with Ahab and the Fall at Ramoth-gilead

  • King Jehoshaphat of Judah formed an alliance by marriage with King Ahab of Israel and visited him in Samaria. There, Ahab persuaded him to join a joint military campaign to recapture the transjordanian city of Ramoth-gilead from Aram.Sources: the Bible text itself · Jehoshaphat · Ramoth-gilead
  • Before marching to war, four hundred prophets led by Zedekiah son of Chenaanah assured the kings of victory at the gate of Samaria. However, the prophet Micaiah son of Imlah foretold Ahab's defeat and death, for which he was ordered to be imprisoned under Amon the city governor.Sources: the Bible text itself · Micaiah · Zedekiah · Amon
  • Ahab attempted to protect himself during the battle by going into combat in disguise while Jehoshaphat wore his royal robes. Despite this precaution, an enemy archer drew a bow without aiming and struck Ahab between the joints of his armor, leading to the king's death by sunset.Sources: the Bible text itself · Ahab · Ramoth-gilead

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

  • Samaria · 32.276, 35.195 · verses 2, 9
  • Syria · Today: Aram · 33.511, 36.306 · verses 10, 30, 34

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.