Nations Bible

2 Chronicles 13

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Abiya, Yuda fia

1Abiya zu fia le Yuda le Fia Yeroboam ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienyilia me. 2Eɖu fia ƒe etɔ̃ le Yerusalem. Dadae nye Mikaya si nye Uriel tso Gibea ƒe vinyɔnu. Azɔ la, aʋa nɔ Abiya kple Yeroboam dome.

3Abiya yi aʋa la me kple aʋawɔla sesẽ akpe alafa ene (400,000) eye Yeroboam hã va kpe aʋa kplii kple asrafoha sesẽ ame akpe alafa enyi (800,000). 4Esime Israel ƒe aʋakɔ la va ɖo Zemaraim to la gbɔ, le Efraim ƒe viwo ƒe anyigba dzi la, Fia Abiya do ɣli gblɔ na Fia Yeroboam kple Israel ƒe aʋakɔ la bena, 5“Miɖo to! Ɖe mienya bena, Yehowa, Israel ƒe Mawu, ka atam bena David ƒe dzidzimeviwo anye Israel fiawo tegbetegbee oa? 6Miaƒe fia Yeroboam la, David ƒe vi ƒe subɔla ko wònye eye wònye ame si de eƒe aƒetɔ asi. 7Yakamewo ƒe ha gã aɖe dze eyome eye wotsi tsitre ɖe Solomo ƒe vi, Rehoboam, ŋu elabena Rehoboam nye ɖekakpui dzaa aɖe ko, vɔvɔ̃ ɖoe eye mete ŋu nɔ te ɖe wo nu o. 8Ɖe miebu be yewoate ŋu aɖu Yehowa ƒe fiaɖuƒe si nu David ƒe dzidzimevi aɖe le la dzia? Miaƒe aʋakɔ lolo zi eve abe tɔnye ene gake sikanyivi siwo Yeroboam wɔ na mi heyɔ wo be miaƒe mawuwo eye wole mia si la zu fiƒode na mi. 9Gawu la, mienya Yehowa ƒe nunɔlawo kple Aron ƒe viwo kpakple Levitɔwo eye mietsɔ ame bubuwo ɖo nunɔlawoe ɖe wo teƒe. Mietsɔa ame sia ame si ko nya tsɔ nyitsu fɛ̃ kple agbo adre vɛ la ɖoa nunɔlae abe ale si dukɔ bubu me tɔwo wɔna ene. Ame sia ame ko ate ŋu anye nunɔla na miaƒe mawu siwo menye mawuwo kura o! 10Ke míawo ya la, Yehowae nye míaƒe Mawu eye míegblee ɖi o. Aron ƒe dzidzimeviwo koe nyea míaƒe nunɔlawo eye Levitɔwo koe kpena ɖe wo ŋu le woƒe subɔsubɔdɔwo wɔwɔ me. 11Wosaa numevɔ, doa dzudzɔ ʋeʋĩ na Yehowa gbe sia gbe, ŋdi kple fiẽ eye wodaa Ŋkumeɖobolo ɖe kplɔ̃ kɔkɔe la dzi. Wosia sikakaɖigbɛ la zã sia zã elabena míekpɔa egbɔ be míazɔ ɖe Yehowa, míaƒe Mawu ƒe ɖoɖowo nu, ke miawo ya la, miegblẽ Yehowa ɖi 12eya ta, mikpɔe ɖa, Mawu le mía dzi, eyae nye míaƒe Kplɔla. Eƒe nunɔlawo atsɔ kpẽkuku akplɔ mí míaho aʋa ɖe mia ŋu. Oo Israelviwo, migawɔ aʋa kple Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu la o elabena miate ŋu aɖu dzi o!”

13Azɔ la, Yeroboam ɖo asrafowo ɖe Israel ƒe asrafowo megbe, ale be esime wònɔ Yuda ŋgɔ la, asrafo siwo de xa ɖi la nɔ Yuda megbe. 14Yuda trɔ eye wòkpɔ be woho aʋa ɖe ye ŋu tso ŋgɔgbe kple megbe siaa. Tete wodo ɣli na Yehowa. Nunɔlaawo ku woƒe kpẽwo 15eye Yuda ƒe viwo do aʋaɣli. Esi aʋaɣli la ɖi la, Mawu tsrɔ̃ Yeroboam kple Israel blibo la le Abiya kple Yuda ŋkume. 16Israelviwo si le Yuda ŋgɔ eye Mawu tsɔ wo de asi na Yuda ƒe viwo 17eye Abiya kple eƒe dukɔ la wu Israel ƒe aʋawɔla xɔŋkɔ akpe alafa atɔ̃ (500,000) gbe ma gbe.

18Woɖu Israelviwo dzi gbe ma gbe. Yuda ƒe viwo ɖu dzi elabena woɖo ŋu ɖe Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la ŋu. 19Abiya nya Yeroboam ɖe du nu eye wòxɔ du siawo: Betel, Yesana kple Efrɔn kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo la le esi. 20Israel fia, Yeroboam megakpɔ ŋusẽ kpɔ le Abiya ƒe agbenɔɣi o eye mlɔeba la, Yehowa ƒoe ƒu anyi, wòku.

21Yuda fia, Abiya, va kpɔ ŋusẽ gã ŋutɔ. Eɖe srɔ̃ wuiene eye viŋutsu blaeve-vɔ-eve kple vinyɔnu wuiade nɔ esi. 22Woŋlɔ eƒe ŋutinya katã la ɖe Nyagblɔɖila Ido ƒe agbalẽ, Yuda ƒe Ŋutinya me.

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

Abijah’s Victory over Jeroboam

  • Before the battle, King Abijah of Judah stood on Mount Zemaraim in the hill country of Ephraim to speak to Jeroboam and Israel, defending the Davidic dynasty by citing an enduring covenant of salt.Sources: the Bible text itself · Mount Zemaraim · Abijah
  • Abijah contrasted the religious practices of the two kingdoms, noting that Judah retained the Aaronic priesthood and regular temple rituals, whereas Jeroboam had driven out the Levites and consecrated priests for golden calves.Sources: the Bible text itself · Aaron
  • Even though Jeroboam set an ambush behind the army of Judah, Judah prevailed after crying out to God and blowing the sacred trumpets, subsequently taking control of towns such as Bethel, Jeshanah, and Ephron.Sources: the Bible text itself · Bethel (of Palestine) · Jeshanah

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

  • Jerusalem · 31.777, 35.234 · verse 2
  • Jeshanah · Today: Burj el Isaneh · 31.999, 35.260 · verse 19

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.