1 Timothy 5
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Timoteo ƒe dɔdeasi ku ɖe ahosiwo, ametsitsiwo kple kluviwo ŋuti
1Mègaƒo nu na ametsitsi aɖeke kple adã o, ke boŋ ƒo nu nɛ bubutɔe abe wò ŋutɔ fofowòe nèle nu ƒom na ene. Ƒo nu na ɖekakpuiwo abe ale si nàƒo nu na nɔviwò ŋutsu lɔlɔ̃awo ene. 2Tsɔ nyɔnu tsitsiwo abe dawòwo ene, eye ɖetugbiwo abe nɔviwò nyɔnuwo ene eye susu dzadzɛwo ko nanɔ wò ta me ɖe wo ŋu.
3Nenye be ahosiwo mekpɔ ame aɖeke wòakpɔ wo dzi o la, ekema hamea natsɔe ɖo eɖokui dzi, atsɔ lɔlɔ̃ akpɔ wo dzii. 4Ke ne viwo alo mamayɔviwo le wo si la, ekema ele be woawo nakpɔ wo dzi, elabena ele be dɔmenyowɔwɔ nadze egɔme tso aƒe me, eya ta ele be woakpe ɖe wo dzila siwo le hiã me la ŋuti. Esia nye nane si dzea Mawu ŋu ŋutɔŋutɔ.
5Hame la nekpɔ ahosi dahe siwo tsi akogo le xexea me la dzi nenye be wole Mawu sinu kpɔm be wòakpe ɖe yewo ŋuti, eye wole gbe dom ɖa atraɖii, 6ke menye ne wogblẽa woƒe ɣeyiɣi nɔa tsatsam nɔa amenya gblɔm, nɔa ŋutilãmedzidzɔ ko dim, eye wogblẽa nu le woƒe luʋɔ ŋuti o. 7Esia nanye miaƒe hame la ƒe ɖoɖo, ale be kristotɔwo nanya, eye woawɔ nu si dze la.
8Ke ame si makpe ɖe eya ŋutɔ ƒe ƒometɔ siwo le hiã me, vevitɔ esiwo le eya ŋutɔ ƒe aƒe me ŋuti o la, mekpɔ mɔ be wòayɔ eɖokui be xɔsetɔ o. Trɔ̃subɔla gɔ̃ hã nyo wu ame sia tɔgbi.
9Womatsɔ ahosi aɖeke ƒe ŋkɔ ade ahosiwo dome o, negbe exɔ ƒe blaade kple edzivɔ, eye wònye ame si nɔ srɔ̃a gbɔ le nyateƒetoto me. 10Ele be wòakpɔ ɖaseɖiɖi nyui le amewo katã gbɔ le eƒe dɔ nyui wɔwɔ me. Le kpɔɖeŋu me, ame si hea viawo nyuie, lɔ̃a amedzrowɔwɔ, klɔa ame kɔkɔewo ƒe afɔwo, kpena ɖe ame siwo ɖo xaxa me la ŋu, eye wòƒoa eɖokui ɖe dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ me.
11Mele be woaxɔ ahosi siwo metsi o la ɖe dɔ tɔxɛ wɔla siawo dome o, elabena le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, woada le adzɔgbe si woɖe na Kristo la dzi, eye woagaɖe srɔ̃. 12Ale woadze na tohehe, elabena woda le woƒe ŋugbedodo ƒe adzɔgbeɖeɖe la dzi. 13Hekpe ɖe esia ŋuti la, ele eme be woava zu ame ɖɔewo, eye woagblẽ woƒe ɣeyiɣi anɔ ameŋunya gblɔm tso aƒe si me yi ekemɛ me, anɔ nu dem ame bubuwo ƒe nya me. 14Eya ta mesusu be enyo na ahosi siwo metsi o la be woagaɖe srɔ̃, adzi viwo, eye woakpɔ woawo ŋutɔ ƒe aƒe dzi. Ekema ame aɖeke mate ŋu agblɔ nya aɖeke ɖe wo ŋuti o. 15Elabena mevɔ̃ be wo dometɔ aɖewo do hamea me, eye Satana kplɔ wo tra mɔe xoxo.
16Na magaɖo ŋku edzi na wò ake be ele na ahosiwo ƒe ƒometɔwo be woakpɔ wo dzi, eye mele be woaɖe asi le dɔ sia wɔwɔ ŋuti na hamea o. Ekema hamea ate ŋu atsɔ ga si le esi la akpɔ ahosi amemanɔsitɔwo dzii.
Beléle na hamedzikpɔlawo
17Hamedzikpɔla siwo wɔa hadɔ nyuie la dze na bubuteƒe eve, vevietɔ esiwo kua kutri le mawunyagbɔgblɔ kple efiafia me, 18elabena woŋlɔ ɖe mawunya me be, “Mègabla nu na nyitsu ne ele mɔlu tugum o.” Wogagblɔ le teƒe bubu hã be, “Dɔwɔla dze na eƒe fetu.” 19Ne wotsɔ nya ɖe hamedzikpɔla aɖe ŋu la, mègawɔ nya la ŋu dɔ o, negbe le ɖasefo eve alo etɔ̃ ƒe nya nu ko. 20Woaka mo na nu vɔ̃ wɔlawo le hame bliboa ŋkume be wòanye kpɔɖeŋu na ame bubuwo.
21Mele se dem na wò moveviɖotɔe le Mawu kple Aƒetɔ Yesu Kristo kple mawudɔla kɔkɔeawo katã ƒe ŋkume be nàwɔ nu sia ne hamemegã la nye xɔ̃wò vevi loo alo menye xɔ̃wò o. Ele be woatsɔ dzidzenu ɖeka ma ko na ame sia ame. 22Mègatsi dzi klokloklo le hamemegãtiatia me o. Wò ŋku abu le eƒe nu vɔ̃wo dzi, eye wòawɔ abe ɖe nède eƒe nu vɔ̃wo dzi ene. Lé ɖokuiwò dzadzɛ. 23Ke hã la, esia mefia be nàtsri wain keŋkeŋ o. Ele be nàno sue aɖe ɣe aɖewo ɣi abe atike ene ɖe wò dɔmeɖu la ta, elabena èdzea dɔ kabakaba.
24Ɖo ŋku edzi be ŋutsu aɖewo, hamemegã aɖewo gɔ̃ hã, le nu vɔ̃ wɔm, eye esia le nyanya na ame sia ame. Le nu siawo me la, àte ŋu awɔ nane tso eŋuti. Ke le go bubuwo me la, ʋɔnudrɔ̃gbe la koe ate ŋu aɖe nyateƒe dziŋɔ la ɖe go. 25Nenema ke ame sia ame nya ale si hamemegã aɖewo wɔa dɔ nyuie, gake ɣe aɖewo ɣi la, womenya woƒe dɔ nyui wɔwɔwo o va se ɖe ɣeyiɣi didi aɖewo megbe hafi.

Did you know?
Caring for Widows and Honoring Elders
- This chapter separates widows who are truly alone from those who still have children or grandchildren to care for them. A widow was to be enrolled only if she was at least sixty, had been the wife of one man, and was known for good deeds such as bringing up children, welcoming strangers, washing the feet of the saints, and helping the afflicted. Younger widows were not to be enrolled; they were advised to marry, have children, and manage their households.Sources: the Bible text itself
- The advice to younger widows is meant to deny the adversary any occasion for slander, and the chapter notes that some have already turned aside to follow Satan. Satan’s name means adversary or accuser, and in the New Testament it is used interchangeably with Diabolos, or the devil, more than thirty times.Sources: the Bible text itself · Satan
- Elders who lead well are called worthy of double honor, especially those who work hard at preaching and teaching. The chapter supports that with two sayings: an ox should not be muzzled while treading out the grain, and the worker is worthy of his wages. An accusation against an elder was not to be received except on the testimony of two or three witnesses.Sources: the Bible text itself
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org