1 Thessalonians 5
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Ŋudzɔnɔnɔ na Aƒetɔ la ƒe vava
1Ɣe ka ɣie nu siawo katã ava eme? Nɔvi lɔlɔ̃awo, mehiã be magblɔ nya aɖeke tso ema ya ŋuti o, 2elabena mienya nyuie be ame aɖeke menya ɣeyiɣi la o. Aƒetɔ la ƒe azãgbe la aɖi ɖe mí abe ale si fiafitɔ vana le zã me ene. 3Esime amewo le gbɔgblɔm be, “Ŋutifafa kple dedinɔnɔ” li la, gbegblẽ ava ƒo ɖe wo dzi kpoyi abe ale si fu ɖua funɔe, eye mate ŋu asi le enu o ene.
4Ke nɔvi lɔlɔ̃awo, miawo la, nu siawo mele ɣaɣla ɖe mi o, eye womava ɖi ɖe mi abe fiafitɔ ene, le Aƒetɔ la ƒe azãgbe la o. 5Elabena mi katã la, kekeli kple ŋkeke la ƒe viwoe mienye, eye mienye viviti kple zã tɔwo o, 6eya ta minɔ ŋudzɔ ɖaa, eye migadɔ alɔ̃ abe ame bubuwo ene o. Minɔ ŋudzɔ na eƒe vava, eye mianɔ mo xexi. 7Zã mee amewo dɔa alɔ̃, eye ɣe ma ɣi me kee amewo mua aha. 8Ke mina mí ame siwo nye kekeliviwo la, míanɔ mo xexi, eye míatsɔ xɔse kple lɔlɔ̃ ƒe akɔtakpoxɔnu ado, eye míaɖɔ ɖeɖekpɔkpɔ si míele mɔ kpɔm na la abe gakuku ene.
9Mawu meɖo be yeahe eƒe dɔmedzoe ƒe to na mi o, ke boŋ be yeaɖe mí to míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo dzi. 10Kristo ku ɖe mía ta, ale be míele agbe alo míeku o, ne etrɔ va la, míate ŋu anɔ agbe kplii tegbetegbe. 11Eya ta mide dzi ƒo na mia nɔewo be miatu mia nɔewo ɖo abe ale si miele wɔwɔm xoxo la ene.
Ŋkuɖodzinyawo kple gbedonamewo
12Nɔvi lɔlɔ̃awo, azɔ la, míele biabiam tso mia si be miade bubu ame siwo wɔa dɔ kple vevidodo le mia dome la ŋu, ame siwo wotsɔ ɖo mia nu le Aƒetɔ la me, eye woxlɔ̃a nu mi. 13Mido kɔkɔ ame siawo le lɔlɔ̃ me le woƒe dɔwɔwɔ ta. Minɔ anyi le ŋutifafa me kple mia nɔewo. 14Míele nu xlɔ̃m mi, nɔvi lɔlɔ̃awo be miaxlɔ̃ nu ame siwo le kuvia wɔm, mide dzi ƒo na ame siwo le vɔvɔ̃m, mikpe ɖe ame siwo gbɔdzɔ la ŋu, migbɔ dzi ɖi na ame sia ame. 15Mikpɔ egbɔ be ame aɖeke metsɔ vɔ̃ ɖo vɔ̃ teƒe o, ke boŋ midze agbagba be ɣe sia ɣi la, mianyo dɔ me na mia nɔewo kple ame bubu ɖe sia ɖe.
16Dzi nedzɔ mi ɣe sia ɣi. 17Minɔ gbedodoɖa dzi madzudzɔmadzudzɔe. 18Mida akpe le nuwo katã me, elabena esiae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na mi le Kristo Yesu me. 19Migatsi Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nu o. 20Migado vlo nyagblɔɖiwo o. 21Mido nu sia nu kpɔ, eye milé ɖe nu si nyo la ŋu. 22Mitsri vɔ̃ ɖe sia ɖe tɔgbi.
23Azɔ la, Mawu ŋutɔ, ame si nye ŋutifafa ƒe Mawu la nakɔ mia ŋuti keŋkeŋ, eye wòadzra miaƒe gbɔgbɔ, luʋɔ kple ŋutilã blibo la ɖo mokakamanɔŋui le míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe vavagbe la. 24Nuteƒewɔlae nye ame si yɔ mi, eya ta awɔe ade goe.
25Nɔvi lɔlɔ̃awo, mido gbe ɖa ɖe míawo hã ta.
26Mido gbe na nɔviwo katã le Kristo me.
27Mele eƒom ɖe mia nu le Aƒetɔ la ŋkume be woaxlẽ agbalẽ sia na nɔviawo katã.
28Míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kpli mi.

Did you know?
Awake for the Day of the Lord
- This chapter says the Day of the Lord will come like a thief in the night, and that destruction will arrive suddenly, like labor pains, while people are saying “Peace and security.” It calls the brothers sons of the light and sons of the day, and urges them not to sleep as others do, but to stay awake and sober.Sources: the Bible text itself
- Those who belong to the day are told to be sober, putting on the breastplate of faith and love and the helmet of the hope of salvation. The chapter says God has not appointed them to wrath, but to obtain salvation through the Lord Jesus Christ, who died so that, whether awake or asleep, they may live together with him.Sources: the Bible text itself
- The closing words ask the brothers to acknowledge those who work diligently among them, preside over them, and instruct them, holding them in highest regard because of their work. They are urged to admonish the unruly, encourage the fainthearted, help the weak, be patient with everyone, and not repay evil for evil. They are also told not to extinguish the Spirit or treat prophecies with contempt, but to test all things, to greet all the brothers with a holy kiss, and to have this letter read to all the brothers.Sources: the Bible text itself
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org