1 Samuel 4
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
1Eye Samuel ƒe nya de Israel blibo gbɔ.
Filistitɔwo xɔ nubablaɖaka la
Le ɣeyiɣi ma me la, aʋa dzɔ ɖe Israelviwo kple Filistitɔwo dome. Israel ƒu asaɖa anyi ɖe Ebenezer gbɔ eye Filistitɔwo ƒe aʋakɔ nɔ Afek. 2Filistitɔwo ɖu Israelviwo dzi; wowu Israelvi akpe ene. 3Esi aʋa la ke la, Israelviwo trɔ yi woƒe asaɖa me eye woƒe kplɔlawo de ŋugble tso nu si ta Yehowa na Filisitɔwo ɖu wo dzi la ŋu. Wogblɔ be, “Mina míatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la tso Silo ava afi sia. Ne míetsɔe yi aʋagbedzi kpli mí la, Yehowa anɔ mía dome eye wòaɖe mí tso míaƒe futɔwo si me kokoko.”
4Ale wona woyi ɖatsɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe nubablaɖaka vɛ, Yehowa nɔ anyi ɖe nubablaɖaka sia ƒe Kerubiwo tame. Hofni kple Finehas, Eli viŋutsu eveawo, kplɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la ɖo yi aʋagbedzi.
5Esi Israelviwo kpɔ be wotsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la gbɔnae la, woƒe dzidzɔɣli de dzi bobobo ale gbegbe be ena anyigba ʋuʋu kloe! 6Filistitɔwo bia be, “Nya kae le dzɔdzɔm? Nu ka ɣlie le ɖiɖim bobobo nenema le Hebritɔwo ƒe asaɖa me?”
Esi wogblɔ na wo be Yehowa ƒe nubablaɖaka lae va ɖo tae la, 7dzidzi ƒo wo. Wodo ɣli be, “Mawu va ɖo woƒe asaɖa me, babaa na mí elabena míedo go nu sia tɔgbi kpɔ o! 8Ame kae ate ŋu aɖe mí tso Mawu ŋusẽtɔ si me? Mawu siawo kee tsrɔ̃ Egiptetɔwo kple dɔ vɔ̃wo esime Israel nɔ gbedzi. 9Oo, Filistitɔwo, miwɔ aʋa kple ŋusẽ abe ale si miewɔ kpɔ o ene, ne menye nenema o la, míazu woƒe kluviwo abe ale si wonye míaƒe kluviwo egbe ene.”
10Ale Filistitɔwo wɔ aʋa kple ŋusẽ eye wogaɖu Israelviwo dzi. Wowu Israelvi akpe blaetɔ̃ gbe ma gbe eye agbetsiawo si yi woƒe agbadɔwo me. 11Filistitɔwo xɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la eye wowu Hofni kple Finehas gbe ma gbe.
Eli ƒe ku
12Ŋutsu aɖe si tso Benyamin ƒe to la me la, ƒu du tso aʋagbedzi eye wòɖo Silo gbe ma gbe ke. Eƒe awuwo vuvu eye ʋuʋudedi nɔ tame nɛ. Nɔnɔme sia fia konyifafa le ɣe ma ɣi me. 13Eli nɔ lalam le mɔto be yease nya aɖe tso aʋa la ŋu elabena etsi dzimaɖeɖi ɖe Mawu ƒe nubablaɖaka la ƒe dedinɔnɔ ŋu. Esime ame dɔdɔ la tso aʋagbedzi va gblɔ nya si dzɔ la, ameawo fa avi hoo le du blibo la me.
14Eli bia be, “Nu kae na amewo le avi fam hoo alea?”
Ame dɔdɔ la te ɖe Eli ŋu enumake eye wòka nya la ta nɛ. 15Azɔ Eli xɔ ƒe blaasiekɛ-vɔ-enyi eye eƒe ŋkuwo megale nu kpɔm nyuie o. 16Ame dɔdɔ la gblɔ na Eli be, “Mede aʋagbe la dzi egbe, fifi laa koe mesi trɔ gbɔ.”
Eli biae be, “Nu kae dzɔ, Vinye ɖe?”
17Ame dɔdɔ la ɖo eŋu be, “Woɖu Israelviwo dzi eye wowu Israelvi geɖewo, wowu viwò eveawo, Hofni kple Finehas hã eye woxɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la hã.”
18Esi ame dɔdɔ la gblɔ nya si dzɔ ɖe Mawu ƒe nubablaɖaka la dzi ko la, Eli mu le eƒe zikpui dzi, dze anyi ɖe megbe le eƒe agbo la nu. Etɔ kɔ anyi eye wòku elabena etsi eye wònye ame lolo hã. Edrɔ̃ ʋɔnu na Israel ƒe blaene hafi ku.
19Esi Eli ƒe toyɔvi, Finehas srɔ̃, ame si nye funɔ la se be woxɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la eye ye srɔ̃, Finehas kple ye to, Eli ku la, fu de asi eɖuɖu me enumake. 20Aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖewo do ŋgɔ na eƒe ku la, nyɔnu siwo nɔ egbɔ la gblɔ nɛ be edzi viŋutsuvi, ke womegblɔ nya boo aɖeke o.
21Ena ŋkɔ ŋutsuvi la be, “Ikabod” si gɔmee nye “Israel ƒe ŋutikɔkɔe nu tso.” Elabena woxɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la eye srɔ̃a kple toa siaa ku. 22Egblɔ be, “Israel ƒe ŋutikɔkɔe nu tso elabena woxɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la.”

Did you know?
The Ark Captured and the Fall of Eli's House
- The campsite name Ebenezer, meaning stone of help, appears here by anticipation. Samuel did not actually erect and name the memorial stone until years later, following a subsequent victory over the Philistines.Sources: Ebenezer · the Bible text itself
- The Philistines were terrified when the Ark arrived in the Hebrew camp, demonstrating that knowledge of the plagues brought upon Egypt had spread among neighboring peoples in the ancient Near East.Sources: the Bible text itself
- Eli had judged Israel for forty years before dying from a broken neck upon hearing of the Ark's capture and the deaths of his sons Hophni and Phinehas in battle.Sources: Eli · Hophni · Phinehas · the Bible text itself
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
- Aphek · Today: Tell Ras el Ain · 32.105, 34.930 · verse 1
- Shiloh · Today: Khirbet Seilun · 32.056, 35.290 · verses 3, 4, 12, 13
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org