1 Samuel 30
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
David tsrɔ̃ Amelekitɔwo
1Le ŋkeke etɔ̃ megbe esi David kple eƒe amewo ɖo wo nɔƒe le Ziklag du la me la, wokpɔ be Amalekitɔwo va ha du la, tɔ dzoe wòbi keŋkeŋkeŋ 2eye wokplɔ woƒe nyɔnuwo kple wo viwo dzoe.
3Esi David kple eƒe amewo kpɔ du la ƒe gbagbã kple nu si dzɔ ɖe wo srɔ̃wo kple wo viwo dzi la, 4wofa avi va se ɖe esime avifafa glo wo. 5David srɔ̃ eveawo, Ahinoam tso Yezreel kple Abigail, Nabal ƒe ahosi, tso Karmel hã, nɔ ame siwo wokplɔ dzoe la dome. 6Nyadzɔdzɔ sia te ɖe David dzi ŋutɔ, vevietɔ esi David ƒe amewo nɔ nu xam le wo viwo ta la, wode asi gbɔgblɔ me be yewoawui. Ke David tsɔ Yehowa eƒe Mawu do ŋusẽ eɖokui.
7David gblɔ na nunɔla Abiata, Ahimelek ƒe vi be wòatsɔ eƒe kɔmewu la vɛ eye Abiata wɔ ɖe edzi. 8David bia Yehowa be, “Mati wo yomea? Mate ŋu alé woa?”
Yehowa gblɔ nɛ be, “Ɛ̃, dze wo yome; àxɔ miaƒe nu sia nu si wotsɔ dzoe la le wo si!”
9David kple eƒe ame alafa adeawo (600) va ɖo Besor tɔʋu la to, afi si ame aɖewo tsi 10elabena ɖeɖi te ame alafa eve ŋu ale gbegbe be womate ŋu atso tɔʋu la o. Ke David kple ame alafa ene yi Amalekitɔwo yometiti dzi.
11Wokpɔ Egipte ŋutsu aɖe le gbe me eye wokplɔe vɛ na David. Wona nui wòɖu eye wona tsii wòno. 12Wotsɔ gbotsetsebolo eve kple waintsetse ƒuƒu eve nɛ. Esi wòɖu nu siawo la, egbɔ agbe elabena meɖu naneke alo no tsi ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃ o.
13David biae be. “Ame kae nènye eye afi ka nètso?”
Ɖekakpui la ɖo eŋu be, “Egiptetɔe menye heganye Amalekitɔ aɖe ƒe subɔla. Nye aƒetɔ gblẽm ɖi egbee nye ŋkeke etɔ̃lia eye nye lãme gblẽ. 14Míede ɖaha Keretitɔwo ƒe dziehe kple Yuda ƒe anyigba kple Kaleb nyigba ƒe dziehe, míetɔ dzo Ziklag du la eye míetrɔ va yina.”
15David biae be, “Àte ŋu afia afi si woyi la mía?”
Ɖekakpui la ɖo eŋu be, “Ne ètsɔ Mawu ƒe ŋkɔ ka atam nam be yemawum alo atsɔm ade asi na nye aƒetɔ o la, ekema makplɔ wò ayi wo gbɔe.”
16Ale ɖekakpui la kplɔ wo yi afi si Amalekitɔwo ƒu asaɖa anyi do. Wokaka ɖe gbedzi henɔ nu ɖum, nɔ nu nom eye wonɔ ɣe ɖum kple dzidzɔ le Filistitɔwo kple Yudatɔwo ƒe nu geɖe siwo wokpɔ ha la ta. 17David kple eƒe amewo dze wo dzi eye wowu wo katã le zã ma me kple ŋufɔke. Wowu ame sia ame negbe ɖekakpui alafa ene siwo do kposɔwo la koe te ŋu si. 18David xɔ nu sia nu si Amalekitɔwo ha. Exɔ srɔ̃a eveawo hã. 19Naneke mebu o; woxɔ ɖevi kple tsitsi, ŋutsuvi kple nyɔnuvi kple nu sia nu si woha. Ale David xɔ nu sia nu gbɔe. 20David ƒe amewo kplɔ Amalekitɔwo ƒe lãhawo dzoe eye wogblɔ na David be, “Esiawo katã nye wò ŋutɔ tɔ abe wò fetu ene.”
21Esi wova ɖo Besor tɔʋu la to la, wodo go woƒe ame alafa eve siwo ŋu ɖeɖi te ale gbegbe be womete ŋu tso tɔʋu la yi kpli wo o. David do gbe na wo dzidzɔtɔe. 22Ke gbevu aɖewo nɔ ame siwo de ɖawɔ aʋa la dome gblɔ be, “Ame siawo mede aʋa la kpli mí o eya ta womaxɔ afunyinuwo dometɔ aɖeke o. Ɖe asi le wo srɔ̃wo kple wo viwo ŋu na wo eye nàna woadzo.”
23Ke David gblɔ be, “Ao, nɔvinyewo, manyo nenema o! Yehowa na míele dedie eye míeɖu míaƒe futɔwo dzi. 24Ame kae alɔ̃ ɖe nya si gblɔm miele la dzi? Míama nuawo eye míama wo sɔsɔe, na ame siwo wɔ aʋa la kple ame siwo dzɔ míaƒe nuwo ŋu.” 25Tso gbe ma gbe dzi la, David wɔ numama alea wònye se kple kɔnu na Israelviwo katã va se ɖe egbe.
26Esi wova ɖo Ziklag la, David ɖo afunyinu siwo woha la ƒe akpa aɖe ɖe Yuda ƒe ametsitsiwo. Eŋlɔ agbalẽ kpe ɖe eŋu be, “Esiawo nye nunana siwo mele ɖoɖom ɖe mi tso afunyinu siwo mekpɔ tso Yehowa ƒe futɔwo gbɔ la me.”
27Woɖo nunanawo ɖe ametsitsiwo tso du siawo me: Betel, Dziehe Ramot, Yatir, 28Aroer, Sifmɔt, Estemoa, 29Rakal, Yerameeltɔwo ƒe duwo, Kenitɔwo ƒe duwo, 30Horma, Bor Asan, Atak, 31kple Hebron. Eɖo nunana ɖe teƒe siwo eya kple eƒe amewo de.

Did you know?
The Rescue of Ziklag and David's Decree
- When David returned to find Ziklag burned by Amalekite raiders and his wives Ahinoam and Abigail taken captive, he sought divine guidance using the ephod brought by the priest Abiathar, the only priest who had escaped the massacre of Nob.Sources: Abiathar · Ahinoam · Abigail
- David's pursuit was aided by an abandoned Egyptian servant whom his men found starving in the arid Negev, reviving him with water, fig cakes, and raisins in exchange for leading them to the Amalekite encampment.Sources: Negeb · the Bible text itself
- At the Brook of Besor, two hundred of David's men were too exhausted to continue fighting; after the victory, David decreed an enduring statute that those who remained behind guarding the supplies would receive equal shares of the spoils with those who engaged in battle.Sources: Besor · the Bible text itself
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
- Negeb · 31.245, 34.841 · verses 1, 14, 27
- Egypt · 30.129, 31.308 · verse 13
- Jattir · Today: Khirbet Attir · 31.352, 35.016 · verse 27
- Ramoth · Today: Horbat Uza · 31.209, 35.166 · verse 27
- Siphmoth · Today: within 30 km of As Samu · 31.401, 35.067 · verse 28
- Bor-ashan · Today: Khirbet Asan · 31.281, 34.797 · verse 30
- Hebron · Today: Tel Rumeida · 31.525, 35.102 · verse 31
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org