1 Samuel 26
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
David gakpɔ nublanui na Saul
1Zifitɔwo va Saul gbɔ le Gibea eye wogblɔ nɛ be, “Ɖe David mebe ɖe Hakila togbɛ si dze ŋgɔ Yesimon to la dzi oa?”
2Ale Saul yi Zif gbegbe kple eƒe ame akpe etɔ̃ (3,000) siwo wòtia tso Israel eye woyi be woadi David. 3Saul ƒu asaɖa anyi ɖe mɔ si ɖo ta Hakila tɔgbɛ si dze ŋgɔ Yesimon mɔto, ke David ya nɔ gbegbea. Esi wòkpɔ be Saul ti ye yome va afi ma la, 4eɖo ŋkutsalawo ɖe gbea dzi eye woɖo kpe edzi nɛ be Saul va ɖo afi ma vavã. 5David yi enumake eye wòde dzesi afi si tututu Saul kple Abner, Ner vi, ame si nye Saul ƒe aʋafia la dɔna. Saul dɔa asaɖa la me eye eƒe amewo ƒua asaɖa anyi ƒoa xlãe.
6David bia Ahimelek, Hititɔ la kple Abisai, Yoab nɔviŋutsu, ame si dada nye Zeruya be, “Mi ame eve siawo dometɔ kae ayi Saul ƒe saɖa la me kplim?”
Abishai ɖo eŋu be, “Mayi.”
7Ale David kple Abisai yi Saul ƒe aʋakɔ la gbɔ le zã me. Wokpɔ Saul wòdɔ alɔ̃ eye wòtsɔ eƒe akplɔ tu anyigba le eƒe tagbɔ. Ke Abner kple eƒe aʋakɔ la ɖe to ɖee godoo.
8Abisai do dalĩ na David be, “Mawu tsɔ wò futɔ de asi na wò egbe, ɖe mɔ nam matsɔ eya ŋutɔ ƒe akplɔ atu edzi eye mamimii ɖe anyigba. Mahiã be magatui edzi zi evelia kura o!”
9Ke David gblɔ na Abisai be, “Mègawui o elabena ame kae anye ame maɖifɔ ne ewu fia si Yehowa ŋutɔ tia? 10Gbe ɖeka la, Yehowa ŋutɔ ana wòaku kokoko, aku le aʋa me loo alo tsitsi ana wòaku. 11Ke Yehowa melɔ̃ be mawu ame si eya ŋutɔ tia be wòanye fia o. Nu si míawɔ enye míatsɔ eƒe akplɔ kple eƒe tsinoze eye míadzo le afi sia!”
12Ale David tsɔ akplɔ la kple tsinoze la dzoe ke ame aɖeke mekpɔ wo o eye ame aɖeke menyɔ hã o elabena Yehowa na wodɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi.
13Wolia to si le go kemɛ la va se ɖe esime woɖo didiƒe aɖe. 14Azɔ la, David do ɣli ɖo ɖe Saul kple Abner be, “Abner, nyɔ!”
Abner bia be, “Wò ame kae le ɣli dom nenema hele fia la nyɔm tso alɔ̃ me?”
15David ɖo eŋu fewuɖutɔe be, “Menye wòe nye ame gãtɔ kekeake le Israel oa? Ekema nu ka ta mèdzɔ wò aƒetɔ, fia la, ŋu esi ame aɖe va be yeawui o? 16Esia menyo kura o! Metsɔ Yehowa ka atam na wò be ele be nàku le wò ŋudzɔmanɔmanɔ ta. Afi ka fia la ƒe akplɔ kple eƒe tsinoze si nɔ eƒe tagbɔ la le?”
17Saul dze si David ƒe gbe eye wòbiae be, “David, wò vinyee nye ema?”
David ɖo eŋu be, “Ɛ̃, nye aƒetɔ fia bubutɔ, nyee.” 18Eye wòyi edzi be, “Nu ka ta nye aƒetɔ le eƒe subɔla yome tim? Nu ka mewɔ eye nu ka tututue nye nu vɔ̃ si mewɔ? 19Azɔ la, nye aƒetɔ, fia la nase eƒe subɔla ƒe nyawo. Nenye Yehowae na nètso ɖe ŋunye la, ekema mexɔ nye vɔsa. Ke nenye amegbetɔviwo ƒe ɖoɖoe la, ekema Yehowa ŋutɔ naƒo fi ade wo elabena wonyam dzoe le mía de ale be nyemate ŋu anɔ Yehowa ƒe amewo dome o eye woɖom ɖa be masubɔ mawu bubuwo. 20Eya ta azɔ la, mègana nye ʋu naɖuɖu ɖe anyigba, afi si didi tso Yehowa gbɔ o. Israel fia va le axɔ̃ aɖe dim abe ale si ame dia tegli le towo dzi be yeawu ene.”
21Enumake Saul ʋu eme be, “Mewɔ nu vɔ̃. Trɔ va aƒe, vinye eye nyemagadze agbagba be mawɔ vɔ̃ aɖeke wò o, elabena èɖe nye agbe egbe; abunɛtɔe menye eye tɔnye medzɔ le go aɖeke me kura o.”
22David gblɔ na Saul be, “Amegã, wò akplɔe nye esi, na wò ɖekakpuiawo dometɔ ɖeka nava afi sia ava xɔe. 23Yehowa ŋutɔ axe fe na ame si wɔ nyui kple ame si wɔ nuteƒe. Ao, nyemawu wò o, togbɔ be Yehowa tsɔ wò de asi nam hã. 24Azɔ la, Yehowa naɖe nye agbe abe ale si meɖe tɔwò egbe ene; eye wòaɖem tso nye xaxawo katã me.”
25Saul gblɔ na David be, “Woayra wò, vinye David; àwɔ nu dzɔatsuwo eye ànye dziɖula gã aɖe.”
David trɔ dzo eye Saul yi eƒe nɔƒe.

Did you know?
David Spares Saul at the Hill of Hachilah
- The Ziphites reported David's hiding place on the hill of Hachilah, facing Jeshimon (a waste or wilderness area), prompting Saul to mobilize 3,000 chosen men to hunt him down.Sources: the Bible text itself · Hachilah · Jeshimon
- Abishai, who volunteered to sneak into Saul's camp alongside David, was David's nephew—one of the three sons of David's sister Zeruiah.Sources: the Bible text itself · Abishai · Zeruiah
- Abner, the commander-in-chief of Israel's army whom David publicly rebuked for failing to guard the sleeping king, was Saul's cousin (the son of Ner).Sources: the Bible text itself · Abner · Ner
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org