1 Samuel 24
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
David kpɔ nublanui na Saul
1Esi Saul wɔ aʋa kple Filistitɔwo eye wòtrɔ gbɔ la, wogblɔ nɛ be David yi gbedzi le En Gedi. 2Saul kplɔ asrafo tɔxɛ akpe etɔ̃ ɖe asi tso Israel eye wòyi ɖadi David le agakpewo dome le En Gedi gbedzi. 3Saul yi ɖe agado aɖe le afi si mɔ la to alẽkpo aɖewo dome le la me be yeade afɔdzi, sigbeɖe, David kple eƒe aʋawɔlawo be ɖe agado ma ke me!
4David ƒe amewo do dalĩ nɛ be, “Azã la su na wò azɔ. Egbee nye ŋkeke si ŋu Yehowa gblɔ le be, ‘Matsɔ Saul ade wò ŋusẽ te eye nàwɔ nu si dze ŋuwò la kplii!’ ” David wɔ ɖɔɖɔɖɔ eye wòlã Saul ƒe awu ʋlaya to! 5Ke eƒe dzitsinya de asi fuɖeɖe nɛ me.
6Egblɔ na eƒe amewo be, “Nede megbe xaa tso gbɔnye le Yehowa ta be mawɔ nenem nu vɔ̃ ma ɖe nye aƒetɔ si nye Yehowa ƒe amesiamina la ŋu, elabena Yehowa ƒe amesiamina wònye.”
7David ka mo na eƒe amewo kple nya siawo eye meɖe mɔ na wo wowu Saul o. Ale Saul do go le agado la me eye wòdzo. 8Tete David do go le agado la me eye wòdo ɣli ɖo ɖe Saul yome be, “Nye aƒetɔ, fia!” Esi Saul nye kɔ kpɔ megbe la, David bɔbɔ de ta agu eye wòmlɔ anyi tsyɔ mo anyi.
9David do ɣli na Saul be, “Nu ka ta nèle to ɖom ame siwo le gbɔgblɔm na wò be, David ɖoe kplikpaa be yeawɔ nuvevi wò? 10Wò ŋutɔ èkpɔe kple wò ŋkuwo le egbeŋkeke sia dzi ale si Yehowa tsɔ wò de asi nam le agadoa me eye nye ame aɖewo ƒoe ɖe nunye be mawu wò, gake meɖe wò agbe elabena megblɔ be, ‘Nyemakɔ nye asi dzi ɖe nye aƒetɔ ŋu o, elabena Yehowa ƒe amesiaminae wònye.’ 11Kpɔe ɖa, fofonye, kpɔ wò awu ʋlaya ƒe kakɛ si le nye asi me la ɖa! Melã wò awu ʋlaya to gake nyemewu wò o. Azɔ se egɔme eye nànyae be nu tovo wɔwɔ alo aglãdzedze ƒe fɔɖiɖi mele dzinye o. Nyemedze agɔ le dziwò o, ke wò ya èti yonyeme kutɔkutɔe be yeaɖe nye agbe ɖa.
12“Yehowa nedrɔ̃ ʋɔnu le nye kpli wò dome eye Yehowa neɖo vɔ̃ siwo katã nèwɔ ɖe ŋunye la teƒe na wò. Ke nye ya nye asi maka ŋutiwò o. 13Lododo xoxo aɖe gblɔ be, ‘Nu vɔ̃ɖi doa go tsoa ame vɔ̃ɖiwo me.’
14“Ame ka ŋutie Israel fia do go ɖo? Ame ka yome tim nèle? Avu kukua? Alo axɔ̃ ɖeka ŋua? 15Yehowa ŋutɔ nanye míaƒe ʋɔnudrɔ̃la eye wòadrɔ̃ nya le mía dome. Yehowa nebu nye nya ŋu eye wòaʋli tanye, neɖem tso asiwò me, esia anye afiatsotso nam.”
16Esi David wu nya siawo gbɔgblɔ nu la, Saul biae be, “Wò gbee nye ema, vinye David?” Ale wòwo avi sesĩe. 17Egblɔ na David be, “Ènye ame dzɔdzɔe wum. Èwɔ nyui nam le esime nye ya mewɔ vɔ̃ ɖe ŋutiwò. 18Ègblɔ nyui si nèwɔ nam la fifi laa. Yehowa tsɔm de asiwò me, gake mèwum o. 19Ne ame aɖe do go eƒe futɔ la, ɖe wòɖea asi le eŋu wòdzona nuvevimawɔmawɔea? Yehowa neɖo nyui sia teƒe na wò geɖe, ɖe nu si nèwɔ nam egbea la ta. 20Azɔ la medze sii be èle fia ɖu ge kokoko eye Israel fiaɖuƒe la ali ke ɖe asiwò me. 21Le Yehowa ƒe ŋkɔ me, ka atam nam bena ne nu sia va eme la, màwu nye ƒometɔwo eye màtsrɔ̃ nye dzidzimeviwo o!”
22Ale David ka atam la na Saul. Tete Saul trɔ dzo yi aƒe me ke David kple eƒe ameawo gbugbɔ yi mɔ sesẽ la me.

Did you know?
David Spares Saul at En-gedi
- En-gedi, meaning fountain of the kid, is situated in the wilderness of Judah along the western shore of the Dead Sea. Its rugged cliffs, known as the Rocks of the Wild Goats, and numerous caves provided refuge for David and his men while evading King Saul.Sources: Engedi · the Bible text itself
- Although David had the opportunity to kill Saul in the cave and was urged by his men to do so, he refused to strike him because Saul was the LORD's anointed king. Instead, David secretly cut off a corner of Saul's robe to prove he harbored no desire to harm him.Sources: the Bible text itself · Saul
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
- Engedi · Today: Ein Gedi · 31.450, 35.383 · verse 1
- Wildgoats’ Rocks · Today: within 4 km of Ein Gedi · 31.450, 35.383 · verse 2
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org