1 Samuel 22
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
David le Adulam kple Mizpa
1Ale David dzo le Gat eye wòsi yi Adulam ƒe agado me; le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, nɔviawo kple ƒometɔwo va tsi egbɔ le afi ma. 2Tete ame siwo nɔ hiãkame aɖe me abe fenyilawo ene alo ame siwo nu tɔxɛ aɖe nɔ fu ɖem na la de asi egbɔ vava me va se ɖe esime wòva zu tatɔ na ame abe alafa ene ene.
3Emegbe la, David yi Mizpa le Moab nyigba dzi be yeabia mɔfiala ale be ye fofo kple ye dada nava nɔ afi ma le fia la ƒe dzikpɔkpɔ te, va se ɖe esime yeanya nu si Mawu le wɔwɔ ge na ye. 4Ale wonɔ Moab nyigba dzi le David ƒe agado la me nɔɣi la katã.
5Gbe ɖeka la, Nyagblɔɖila Gad gblɔ na David be wòadzo le agado la me eye wòatrɔ ayi Yuda. Ale David yi ave aɖe me le Heret. 6Esi wòva ɖo afi ma tetee ko la, Saul se be eva ɖo Yudanyigba dzi elabena Saul nɔ Gibea ɣe ma ɣi. Enɔ anyi ɖe oɖumti aɖe te nɔ fefem kple eƒe yi eye eƒe aʋafiawo ƒo xlãe.
7Esi wòse nya sia la, egblɔ be, “Miɖo tom, mi Benyaminviwo! Ɖe David do ŋugbe na mi be yeana agbledenyigbawo kple waingblewo mi eye yeado mi ɖe ŋgɔ le aʋakɔ la mea? 8Esia tae mietsi tsitre ɖe ŋunyea? Mia dometɔ aɖeke megblɔ nam kpɔ be nye ŋutɔ vinye le David dzi o. Miexa nu ɖe nunye gɔ̃ hã o. Mibu eŋu kpɔ! Nye ŋutɔ vinye nado ŋusẽ David be woade xa ɖe ŋunye abe ale si wòwɔ egbea ene.”
9Ke Doeg, Edomtɔ, si nɔ tsitre kple Saul ƒe amewo le afi ma la gblɔ be, “Esi menɔ Nɔb la, mekpɔ Yese viŋutsu la wònɔ dze ɖom kple Ahimelek, Ahitub viŋutsu la. 10Abimelek bia nu Yehowa nɛ, ena nuɖuɖui eye wòtsɔ Goliat, Filistitɔ la, ƒe yi hã nɛ.”
11Ale Fia Saul ɖo du ɖe nunɔla Ahimelek, Ahitub viŋutsu kple eƒe ƒometɔwo katã, ame siwo nye nunɔlawo le Nɔb eye wova fia la gbɔ. 12Saul gblɔ na Abimelek be, “Ɖo tom, wò Ahitub viŋutsu!”
Abimelek ɖo eŋu be, “Mele to ɖom nye aƒetɔ.”
13Saul biae be, “Nu ka tae wò kple David, miebla ɖe ŋunye? Nu ka ta wò Yese vi nèna nuɖuɖui, tsɔ yi de asi nɛ eye nèbia gbe Mawu tso eŋu gblɔ nɛ? Nu ka ta nèdo ŋusẽe be wòatso ɖe ŋunye eye wòava afi sia, aho aʋa ɖe ŋunye?”
14Ahimelek ɖo eŋu be, “Nye aƒetɔ, ɖe ame ɖeka aɖe le wò subɔlawo katã dome si nye nuteƒewɔla na wò abe wò toyɔvi, David enea? Eyae nye ŋuwòmewo ƒe amegã eye wòganye wò aƒemetɔ si amewo buna la. 15Menye esiae nye zi gbãtɔ si mebia nya Mawu tso eŋu o! Menyo be nàtsɔ nya ɖe nye kple nye ƒometɔwo ŋu alea o elabena míenya naneke tso nya sia si nètsɔ ɖe mía ŋu la ŋu o.”
16Fia Saul do ɣli be, “Wò, Ahimelek kple wò ƒometɔwo katã miaku!”
17Eɖe gbe na eƒe asrafowo be, “Miwu nunɔla siawo katã elabena wobla kple David ɖe ŋunye; wonya be ele sisim le nunye, ke womegblɔe nam o!”
Ke asrafoawo gbe womewu Yehowa ƒe nunɔlawo o.
18Fia la ɖe gbe na Doeg be, “Wò ŋutɔ wu wo!” Ale Doeg, Edomtɔ la wu nunɔla blaenyi-vɔ-atɔ̃wo le esime wonɔ nunɔlawo ƒe awu me. 19Le esia yome la, eyi Nɔb, nunɔlawo ƒe du me eye wòwu nunɔlawo ƒe ƒometɔwo, ŋutsuwo, nyɔnuwo, ɖeviwo kple vidzĩwo hekpe ɖe woƒe nyiwo, tedziwo kple alẽwo ŋu.
20Eye Ahitub vi, Ahimelek ƒe vi ɖeka si ŋkɔ nye Abiata la si dze David yome. 21Esi Abiata gblɔ nu si Saul wɔ na David la, 22David do ɣli gblɔ na Abiata be, “Menya nenema! Esi mekpɔ Doeg, Edomtɔ la le afi ma la, menya be agblɔe na Saul. Azɔ la, mehe ku vɛ na fofowò ƒe ƒometɔwo katã. 23Nɔ gbɔnye le afi sia. Mègavɔ̃ o elabena ame si le nye ku dim lae le wò hã tɔ di ge; ànɔ dedie le gbɔnye.”

Did you know?
David at Adullam and the Massacre at Nob
- When David took refuge in the cave of Adullam, he was joined by his family and about four hundred men who were distressed, in debt, or discontented. David briefly placed his parents under the protection of the king of Moab at Mizpeh before the prophet Gad directed him to return to the land of Judah.Sources: the Bible text itself · Adullam · Jesse · Gad
- Nob was a city of priests near Jerusalem where the tabernacle was stationed during Saul's reign. When Saul discovered that the high priest Ahimelech had given David provisions and Goliath's sword, Saul's royal guards refused to harm the priests, but Doeg the Edomite killed eighty-five priests and wiped out the town.Sources: the Bible text itself · Nob · Ahimelech · Doeg
- Abiathar, a son of Ahimelech and descendant of Eli, was the only priest who escaped the slaughter at Nob. He fled to David with the priestly ephod, remaining with him throughout his exile and later becoming high priest during David's reign.Sources: the Bible text itself · Abiathar · Ahitub
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
- Moab · Today: Moab 1 · 31.181, 35.701 · verses 3, 4
- Ramah · Today: within 1 km of Tel el Ful · 31.823, 35.231 · verse 6
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org