Nations Bible

1 Samuel 19

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Saul di be yeawu David

1Azɔ la, Saul gblɔ na eŋumewo kple via Yonatan be woato mɔ aɖe nu awu David. Ke le lɔlɔ̃ deto si nɔ Yonatan kple David dome ta la, 2Yonatan gblɔ ɖoɖo si fofoa wɔ ɖe eŋu la nɛ. Egblɔ nɛ be, “Etsɔ ŋdi la, ele be nàdi teƒe aɖe si nàbe ɖo le gbedzi. 3Mana be nye kple fofonye míava afi ma eye maƒo nu nɛ tso ŋuwò. Ekema magblɔ nya sia nya si mase tso egbɔ la na wò.”

4Le ŋufɔke ƒe ŋdi esi Yonatan nɔ dze ɖom kple fofoa la, ekafu David nɛ eye wòɖe kuku nɛ be wòadzudzɔ ta me vɔ̃ ɖoɖo ɖe eŋu. Yonatan ɖe kuku na fofoa be, “David mewɔ nu vɔ̃ aɖeke ɖe ŋuwò kpɔ o; ekpena ɖe ŋuwò ɣe sia ɣi le mɔ sia mɔ si wòate ŋui la dzi. 5Ɖe nèŋlɔ ɣeyiɣi si wòtsɔ eƒe agbe ke, hewu Goliat kple ale si Yehowa to nu sia me he dziɖuɖu gã aɖe vɛ na Israel la bea? Èkpɔ dzidzɔ le nyadzɔdzɔ sia ŋu ɣe ma ɣi me, nu ka ta nàwui azɔ le esime mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o? Naneke meli si ta nàwui ɖo o.”

6Mlɔeba la, Saul lɔ̃ ɖe Yonatan ƒe nya siawo dzi eye wòka atam be, “Zi ale si Yehowa li la, nyemawu David o.”

7Yonatan yɔ David emegbe eye wòka nya si dzɔ la ta nɛ. Ekplɔ David yi Saul gbɔ eye wo dome ganɔ abe tsã ene. 8Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, aʋa gadzɔ ɖe Israelviwo kple Filistitɔwo dome. David nɔ eƒe aʋakɔ la nu, wowu Filistitɔ geɖewo eye aʋakɔ blibo la si le wo nu.

9Ke gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe tso Yehowa gbɔ va Saul dzi, esime wònɔ eƒe aƒe me eye eƒe akplɔ nɔ esi. Esime David nɔ kasaŋku ƒom la. 10Saul di be yeatsɔ yeƒe akplɔ amimii ɖe gli ŋu, ke David de axa nɛ esime Saul da akplɔ la wòyi gli la me. Le zã ma me la, David si dzo. 11Saul ɖo asrafowo ɖa be woadzɔ David ƒe aƒe ŋu ne edo go tso eƒe xɔ me ŋdi ko la, woawui. Ke Mixal gblɔ na srɔ̃a David be “Ne mèsi dzo le zã sia me o la, àzu nu kuku etsɔ ŋdi.”

12Ale Mixal kpe ɖe srɔ̃a ŋu wòɖi to fesre to hesi. 13Mixal tsɔ ametikpakpɛ aɖe da ɖe David ƒe aba dzi, eƒe ta nɔ suɖui si wowɔ kple gbɔ̃fu la dzi eye wòtsyɔ abadzivɔwo nɛ. 14Esi asrafoawo va be woalé David ayi na Saul la, Mixal gblɔ na wo be David dze dɔ eye mate ŋu afɔ o. 15Saul gblɔ ɖo ɖa be woakɔ David kple eƒe abati la vɛ ale be yeate ŋu awui. 16Ke esi wova be woakɔe kple abatia la, wokpɔ be ametikpakpɛ koe nɔ abatia dzi eye gbɔ̃fuvɔ le eƒe tagbe.

17Saul bia via Mixal be, “Nu ka ta nèblem eye nèna nye futɔ si?”

Mixal ɖo eŋu be, “Ɖe kokoko wòle nam be mable wò elabena srɔ̃nye gblɔ nam be ne nyemekpe ɖe ye ŋu o la, yeawum.”

18Ale David si yi Rama ɖakpɔ Samuel eye wògblɔ nu siwo katã Saul wɔ ɖe eŋu la nɛ eye Samuel kplɔ David yi Nayɔt. 19Esi Saul se be David nɔ Nayɔt le Rama la, 20eɖo asrafowo ɖa be woalée vɛ. Ke esi woɖo afi ma eye wokpɔ Samuel kple nyagblɔɖila bubuwo nɔ nya gblɔm ɖi la, Mawu ƒe Gbɔgbɔ va wo dzi eye woawo hã de asi nyagbɔgblɔɖi me. 21Esi Saul se nya si dzɔ la, eɖo asrafo bubuwo ɖa, ke woawo hã gblɔ nya ɖi! Nu ma ke dzɔ zi etɔ̃lia hã. 22Azɔ Saul ŋutɔ yi Rama eye esi wòɖo vudo la gbɔ le Seku la, ebia be “Afi ka Samuel kple David le?”

Ame aɖe gblɔ nɛ be, “Wole Nayɔt le Rama.”

23Ke esi wòyina Nayɔt la, Mawu ƒe gbɔgbɔ va eya hã dzi eye eya hã de asi nyagbɔgblɔɖi me! 24Edze eƒe awuwo hetsi amama to ŋkeke kple zã blibo la me eye wògblɔ nya ɖi kple Samuel ƒe nyagblɔɖilawo. Eŋumewo tsi yaa eye wobia be, “Ɖe Saul hã le nyagblɔɖilawo domea?”

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

David's Escapes from Saul

  • When Saul sent messengers to kill David at home, David's wife Michal helped him escape through a window. She then disguised a household idol in his bed with goat hair and clothing to delay the messengers and buy David time to flee.Sources: the Bible text itself · Michal
  • David fled to the prophet Samuel at Ramah and went with him to Naioth. The name Naioth means dwellings and refers to a settlement near Ramah where a community of prophets lived under Samuel's leadership.Sources: the Bible text itself · Naioth · Samuel
  • While pursuing David toward Ramah, Saul stopped to ask for information at the large cistern of Secu, a place located on a hill between Gibeah and Ramah.Sources: the Bible text itself · Secu

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

  • Secu · Today: between Gibeah and Ramah · 31.937, 35.145 · verse 22

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.