1 Samuel 16
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Samuel si ami na David
1Yehowa gblɔ na Samuel be “Va se ɖe ɣekaɣia nàfa konyi ɖe Saul ta esi megbee be magaɖu fia ɖe Israel dzi o? Azɔ la, de ami wò lãdzo la me eye nàdze mɔ. Mele dɔwòm ɖe Yese gbɔ le Betlehem; metia via ŋutsuwo dometɔ ɖeka be wòaɖu fia.”
2Samuel gblɔ be, “Aleke mayie? Saul ase nya sia eye wòawum.”
Yehowa ɖo eŋu nɛ be, “Kplɔ nyivi ɖeka ɖe asi eye nàgblɔ be, ‘Meva vɔ sa ge na Yehowa.’ 3Ekema kpe Yese va vɔ la saƒe eye mafia nu si nàwɔ la wò. Àsi ami na ame si dzi matɔ asi la na wò.”
4Samuel wɔ ɖe Yehowa ƒe ɖoɖo sia dzi. Esi wòɖo Betlehem la, dua ƒe ametsitsiwo va kpee kple dzodzo nyanyanya hebiae be, “Ŋutifafa dzie nèva ɖoa?”
5Samuel ɖo eŋu be, “Ɛ̃, ŋutifafa dzie meva ɖo; meva vɔ sa ge na Yehowa. Mikɔ mia ɖokui ŋuti eye miava vɔsaƒea kplim.” Tete wòkɔ Yese kple via ŋutsuwo ŋu eye wòkpe wo va vɔsaƒe lae.
6Esi wova ɖo teƒea la, Samuel kpɔ Eliab eye wòsusu be, “Vavãe, Yehowa ƒe amesiamina lae nye esi le tsitre ɖe Yehowa ŋkume.”
7Ke Yehowa gblɔ na Samuel be, “Mègakpɔ eƒe dzedzeme alo eƒe atsudzɔdzɔ o elabena megbee. Yehowa mekpɔa nu si amewo kpɔna la o. Amegbetɔ kpɔa nuwo ƒe gota ƒe dzedzeme, ke Yehowa ya kpɔa ame ƒe dzime.”
8Yese gblɔ na via Abinadab be wòado ɖe ŋgɔ eye wòazɔ le Samuel ŋkume. Ke Samuel gablɔ be “Yehowa metia ame sia hã o.” 9Emegbe Yese yɔ Sama, ke Samuel gblɔ be, “Esia hã Yehowa metiae o.” 10Yese na Via ŋutsuvi adreawo to Samuel ŋkume yi gake Samuel gblɔ be; “Yehowa metia wo dometɔ aɖeke o.” 11Ale wòbia Yese be, “Viŋutsuvi siawo koe le asiwòa?”
Yese ɖo eŋu be, “Ɖevitɔ li gake ele alẽwo kplɔm le gbedzi.”
Samuel gblɔ be, “Dɔ ame ɖo ɖee elabena míanɔ anyi o, va se ɖe esime wòava.”
12Ale Yese dɔ woɖakplɔe vɛ. Enye ɖekakpui, le kpokploe eye wòdze ɖeka.
Tete Yehowa gblɔ na Samuel be, “Tsi tre, nàsi ami nɛ elabena eyae nye amea.”
13Ale Samuel tsɔ lãdzo si me ami la le, hesi ami nɛ le nɔviawo ŋkume eye tso gbe ma gbe dzi la Yehowa ƒe Gbɔgbɔ dze David dzi kple ŋusẽ. Ale Samuel gbugbɔ yi Rama.
David subɔ Saul
14Ke Yehowa ƒe Gbɔgbɔ dzo le Saul dzi. Yehowa na be gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe dzea Saul dzi heɖea fu nɛ.
15Saul ƒe subɔlawo gblɔ nɛ be, “Kpɔ ɖa, gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe tso Mawu gbɔ le fu ɖem na wò. 16Míaƒe aƒetɔ neɖe gbe na eƒe dɔlawo woayi aɖadi ame aɖe si nya kasaŋkuƒoƒo nyuie la vɛ, ame si aƒo kasaŋku ne gbɔgbɔ vɔ̃ tso Mawu gbɔ va dziwò eye awɔe be nàkpɔ gbɔdzɔe.”
17Saul lɔ̃ ɖe edzi be, “Enyo, midi kasaŋkuƒola nyui aɖe miakplɔ vɛ nam.”
18Subɔlawo dometɔ ɖeka gblɔ be yenya ɖekakpui aɖe tso Betlehem, enye ŋutsu aɖe si woyɔna be Yese la ƒe vi. Ɖekakpui sia menye kasaŋkuƒola nyui ɖeɖe ko o, ke boŋ enye ɖekakpui dzeɖekɛ, kalẽtɔ sesẽ kple ame ɖɔʋu aɖe hã. Gawu la, Yehowa li kplii.
19Saul ɖo dɔlawo ɖe Yese hebiae be wòaɖo via David, ame si nye alẽkplɔla la ɖe ye. 20Yese meɖo David ɖa asi ƒuƒlu o, ke boŋ eɖo gbɔ̃vi ɖeka hã ɖa kpe ɖe tedzi aɖe si tsɔ nuɖuɖu kple wain hã ŋu. 21Tso esi Saul kpɔ David ko la, David ƒe nu nyo eŋu, elɔ̃e eye wòna wòzu eƒe adekplɔvi.
22Saul ɖo ame ɖe Yese be, “Meɖe kuku, na David nazu ŋunyemewo dometɔ ɖeka elabena eƒe nu nyo ŋunye ŋutɔ.” 23Eye ne Mawu ƒe gbɔgbɔ la dze Saul dzi la, David tsɔa eƒe asi ƒoa kasaŋku eye edzi kana ɖena na Saul eye gbɔgbɔ vɔ̃ la dzona le edzi.

Did you know?
The Anointing of David
- Bethlehem, located in the hill country of Judah, was the home of Jesse, a descendant of Boaz and Ruth. Although Jesse presented seven of his sons to Samuel, David—the eighth and youngest son who was out tending the family sheep—was the one chosen and anointed.Sources: Bethlehem · Jesse · David · the Bible text itself
- When Samuel first considered Jesse's eldest son Eliab because of his stature, God reminded him that humans judge by outward appearance, but the Lord looks at the heart.Sources: the Bible text itself
- David first entered Saul's royal service not as a warrior, but as a skilled harpist summoned to soothe the king during bouts of distress. Saul admired David greatly, keeping him at court and making him his armor-bearer.Sources: the Bible text itself · David · Saul
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org