1 Samuel 11
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Saul ɖe Yabes du la tso Amonitɔwo si me
1Le ɣeyiɣi sia me la, Nahas kplɔ Amonitɔwo ƒe aʋakɔ eye woho aʋa ɖe Israelviwo ƒe du Yabes Gilead ŋu. Yabestɔwo bia ŋutifafa heɖe kuku be, “Migawɔ aʋa kpli mí o; míelɔ̃ be míazu miaƒe subɔlawo boŋ.”
2Nahas ɖo eŋu be, “Ekema mawɔ nu ɖeka; maho mia dometɔ ɖe sia ɖe ƒe ɖusimeŋku abe gbɔ̃ɖiɖi Israel dukɔ blibo la ene!”
3Yabes ƒe ametsitsiwo ɖo eŋu be, “Na ŋkeke adre mí ne míadɔ ame aɖo ɖe Israelnyigba blibo la dzi. Ne mía nɔviwo mava kpe ɖe mía ŋu o la, ekama míalɔ̃ ɖe wò tameɖoɖo la dzi.”
4Esi dɔla aɖe va Gibea, Saul ƒe du me eye wògblɔ Yabestɔwo ƒe xaxa la ŋu nya na wo la, ame sia ame de asi avifafa me. 5Saul kplɔ eƒe nyiwo tso agble gbɔna va aƒe me eye wòbia be, “Nya kae dzɔ? Nu ka ta ame sia ame la avi fam?”
Wogblɔ nya si wose tso Yabes la nɛ. 6Mawu ƒe Gbɔgbɔ ɖiɖi ɖe Saul dzi enumake eye wòdo dɔmedzoe vevie. 7Ewu nyitsu eve, fli woƒe lã eye wòɖo lãkɔawo ɖe Israelnyigba ƒe akpa ɖe sia ɖe. Eɖe gbeƒã be, “Aleae woawɔ ame sia ame si madze Saul kple Samuel yome ayi aʋa o la ƒe nyitsue nye esi!” Yehowa na ameawo vɔ̃ Saul ƒe dɔmedzoe ale wo katã ƒo ƒu va Saul gbɔ. 8Saul xlẽ wo le Bezek eye Israelviwo le ame akpe alafa etɔ̃ kpe ɖe ame akpe blaetɔ̃ siwo tso Yuda la ŋu.
9Saul ɖo du ɖe Yabes Gileadtɔwo be, “Míaɖe mi tso miaƒe futɔwo si me hafi etsɔ ɣetrɔ naɖo!” Dua me tɔwo tso aseye esi wose nya sia.
10Ale Yabestɔwo gblɔ na woƒe futɔwo be, “Míava mia gbɔ etsɔ eye miawɔ nu sia nu si dze mia ŋu la mí.”
11Saul va do ŋdi kanya kple eƒe aʋakɔ si wòma ɖe aʋalɔgo etɔ̃ me. Edze Amonitɔwo dzi kpata eye wòwu wo tso ŋdi ma va se ɖe ŋdɔ. Ame siwo tsi agbe la kaka ale gbegbe be wo dometɔ eve aɖeke menɔ teƒe ɖeka o.
Woɖo kpe Saul ƒe fianyenye dzi
12Ameawo bia Samuel kple ɣli be, “Afi ka ame siwo be Saul manyo na mí o la le? Mikplɔ wo va afi sia ne míawu wo!”
13Ke Saul gblɔ be, “Womawu ame aɖeke egbe o elabena Yehowa ɖe Israel egbe!”
14Samuel gblɔ na ameawo be, “Mina mí katã míayi Gilgal eye míada asi ɖe Saul dzi abe míaƒe fia ene.” 15Ale woyi Gilgal eye woɖo Saul fiae le Yehowa ŋkume. Wosa akpedavɔ na Yehowa eye Saul kple Israelviwo katã kpɔ dzidzɔ ŋutɔŋutɔ.

Did you know?
The Relief of Jabesh-gilead
- When messengers arrived at Gibeah with news of the Ammonite siege, Saul was working in the fields behind his oxen. He rallied the tribes by slaughtering a pair of oxen, cutting them into pieces, and dispatching them throughout Israel as a summons to follow him and Samuel into battle.Sources: the Bible text itself · Gibeah
- To rescue the city of Jabesh-gilead across the Jordan River, Saul assembled 300,000 men of Israel and 30,000 men of Judah at Bezek, a staging ground situated near the Jordan valley.Sources: the Bible text itself · Bezek · Jabesh-gilead
- After defeating the Ammonites, Samuel and the people gathered at Gilgal, an important sanctuary where the prophet regularly administered justice, to renew the monarchy and formally confirm Saul as king before the LORD with peace offerings.Sources: the Bible text itself · Gilgal
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
- Ammon · 31.955, 35.934 · verse 1
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org