Nations Bible

1 Peter 2

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

1Eya ta miɖe vɔ̃ɖoɖo ɖe ame ŋu kple beble katã ɖa le mia ɖokuiwo ŋu, nenema kee nye alakpanuwɔwɔ, ŋubiabiã kple ameŋugbegblẽ ƒomevi ɖe sia ɖe hã. 2Eye abe vidzĩwo ene la, midi gbɔgbɔmenotsi tsimatɔ vevie, ale be to esia me la, miatsi le miaƒe ɖeɖe la me 3azɔ esi mieɖɔe kpɔ, henya be Aƒetɔ la nyo.

Kpe gbagbe kple dukɔ tiatia

4Kristo gbɔe mieva, ame si nye Mawu ƒe gbedoxɔ la ƒe dzogoedzikpe gbagbe. Amewo gbee, gake Mawu tiae hede bubu gã aɖe eŋu. 5Ke miawo hã, abe kpe gbagbewo ene la, wotsɔ mi le gbɔgbɔmegbedoxɔ tum. Gawu la, mienye eƒe nunɔla kɔkɔewo, ame siwo asa gbɔgbɔmevɔ siwo dze Mawu ŋu la to Yesu Kristo ƒe avuléle dzi. 6Elabena wogblɔ le mawunya me be,

“Kpɔ ɖa mele kpe aɖe ɖom ɖe Zion,

dzogoedzikpe si wotia, eye asixɔxɔ le eŋu,

ame si atsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ ada ɖe edzi la,

ŋu mele ekpe ge akpɔ gbeɖe o.”

7Azɔ la, hena mi ame siwo xɔe se la, kpe sia nye kpe xɔasi na mi. Ke na ame siwo mexɔe se o la,

“Kpe si xɔtulawo gbe la,

eyae va zu dzogoedzikpe,”

8kpe,

“Si nana amewo klia nu,

eye wònye agakpe si nana wodzea anyi,”

Woklia nu, elabena wogbe toɖoɖo nyanyui la, esi hã nye nu si woɖo wo ɖi na.

9Ke miawo la, mienye ame tiatiawo, fia la ƒe nunɔlawo, dukɔ kɔkɔe, ame siwo nye Mawu ŋutɔ tɔ, be miaɖe gbeƒã ame si yɔ mi tso viviti me va eƒe nukukekeli me la ƒe kafukafu. 10Tsã la, mienye dukɔ o, ke azɔ la, miezu Mawu ƒe dukɔ. Tsã la, womekpɔ nublanui na mi o, ke azɔ la, wokpɔ nublanui na mi.

11Nɔvi veviwo, mele eƒom ɖe mia nu be abe amedzrowo kple mɔzɔlawo le xexea me ene la, be mite ɖa xaa tso ŋutilã ƒe nudzodzro vɔ̃ siwo wɔa aʋa kple miaƒe luʋɔ la gbɔ. 12Minɔ agbe dzadzɛ le ame siwo menye Yudatɔwo o la dome, ale be togbɔ be wotsoa mia nu be miewɔ vɔ̃ hã la, woakpɔ miaƒe dɔ nyuiwo, eye woakafu Mawu le ŋkeke si dzi wòava asrã mí akpɔ.

Toɖoɖo dziɖulawo kple aƒetɔwo

13Le Aƒetɔ la ta la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na dziɖuɖu si woɖo anyi ɖe amegbetɔwo dome, eɖanye fia la, abe ŋusẽtɔ kɔkɔtɔ kekeake ene, 14alo mɔmefia siwo woɖo ɖa be woahe to na nu gbegblẽ wɔlawo, eye woakafu nu nyui wɔlawo o. 15Elabena Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wònye be to nu nyui wɔwɔ me la, miatsi bometsilawo ƒe numanyamanya ƒe nuƒowo nu. 16Minɔ agbe abe ablɔɖeviwo ene, gake migawɔ miaƒe ablɔɖe la ŋu dɔ abe mɔɖeɖe na nu vɔ̃ wɔwɔ ene o; minɔ agbe abe Mawu ƒe dɔlawo ene. 17Mide bubu ame sia ame ŋu, milɔ̃ hadede kple xɔsetɔwo, mivɔ̃ Mawu, eye mide bubu fia la ŋu.

18Mi kluviwo la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na miaƒe aƒetɔwo le bubudede ame ŋu blibo me, menye na esiwo nyo, eye wobua mia ŋuti ɖeɖe ko o, ke boŋ na esiwo nye ŋutasẽlawo hã. 19Elabena enye nu dzeame ne ame aɖe se veve, gake hedo dzi kpe fu si medze na hafi o, le esi wònya Mawu ta. 20Gake viɖe ka wòanye na mi ne woƒo mi ɖe vɔ̃ si miewɔ la ta, eye miedo dzi? Ke ne miekpe fu le nyuiwɔwɔ ta, eye miedo dzi la, enye nu dzeame le Mawu gbɔ. 21Esia ta woyɔ mi vɛ ɖo, elabena Kristo kpe fu ɖe mia ta, eye wògblẽ kpɔɖeŋu ɖi na mi, be miadze eyome.

22“Elabena mewɔ vɔ̃ aɖeke o,

eye womekpɔ alakpa aɖeke le eƒe nu me o.”

23Esi wodzui la, meɖo eŋu o, esi wòkpe fu la, meƒo fi de ame o, ke boŋ etsɔ eɖokui de asi na ame si drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe. 24Ke eya ŋutɔ tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ɖe eƒe ŋutilã me le ati ŋuti, ale be míaku na nu vɔ̃, eye míanɔ agbe na dzɔdzɔenyenye, eye to eƒe abi si wòxɔ me la, míekpɔ dɔyɔyɔ. 25Elabena mienɔ abe alẽ siwo tra mɔ la ene, ke azɔ la, mietrɔ gbɔ va Alẽkplɔla la kple miaƒe luʋɔwo dzi kpɔla la gbɔ.

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

Living Stones and a Chosen People

  • This chapter quotes Scripture about a chosen and precious cornerstone laid in Zion: the one who believes in him will never be put to shame. Zion was the south-eastern hill of Jerusalem, one of the heights on which the city was built, surrounded on every side except the north by deep valleys.Sources: the Bible text itself · Zion
  • David took Zion from the Jebusites, built a citadel and a palace there, and the hill became known as the city of David. The letter uses that place-name when it quotes Scripture about a cornerstone laid in Zion, and it pictures the readers as living stones being built into a spiritual house and a holy priesthood.Sources: Zion · the Bible text itself
  • The chapter urges submission, for the Lord’s sake, to every human institution—to the king as supreme authority and to governors sent to punish wrong and praise what is right. It tells servants to respect even unreasonable masters, and it holds up Christ’s suffering, without sin, deceit, threats, or retaliation, as the pattern for enduring unjust pain.Sources: the Bible text itself

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

  • Zion · Today: Jerusalem · 31.777, 35.234 · verse 6

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.