1 Kings 21
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Nabɔt ƒe waingble
1Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, nya aɖe va dzɔ ku ɖe Nabɔt, Yezreltɔ ƒe waingble ŋuti. Waingble la nɔ Yezreel eye wòte ɖe Samaria fia, Ahab ƒe fiasã ŋu. 2Gbe ɖeka la, Fia Ahab bia Nabɔt be wòadzra anyigba la na ye. Fia la ɖe eme nɛ be, “Medi be mawɔ abɔ aɖe ɖe anyigba sia dzi elabena ete ɖe nye fiasã la ŋu. Egblɔ be yeaxe ga ɖe eta gake ne elɔ̃ la, yeatsɔ anyigba bubu si nyo wu etɔ la aɖo eteƒe nɛ.”
3Ke Nabɔt ɖo eŋu be, “Anyigba sia nye tɔgbuinyigba na mí. Naneke mana maɖe asi le eŋu na wò o.”
4Ale Ahab tsɔ dɔmedzoe kple moyɔyɔ trɔ yi eƒe fiasã me. Egbe nuɖuɖu, eye wòɖamlɔ anyi hetrɔ mo ɖo ɖe gli ŋu!
5Srɔ̃a, Yezebel biae be, “Nya kae dzɔ ɖe dziwò? Nu kae na nètɔtɔ eye nèdo dɔmedzoe ale?”
6Ahab ɖo eŋu nɛ be, “Mebia Nabɔt be wòadzra eƒe anyigba nam alo wòaɖɔ lii kple tɔnye aɖe, ke egbe!”
7Yezebel biae be, “Wòe nye Israel fia loo alo menye wòe o? Fɔ, nàɖu nu, mègatsi dzimaɖeɖi le nya sia ŋu kura o. Maxɔ Nabɔt ƒe waingble la na wò bɔbɔe!”
8Ale Yezebel ŋlɔ agbalẽwo ɖe Fia Ahab ƒe ŋkɔ me, tre enu kple Ahab ƒe ŋkɔsigɛ eye wòɖo wo ɖe Yezreel ƒe dumegã siwo nɔ teƒe ɖeka kple Nabɔt. 9Eɖe gbe na wo le agbalẽawo me be,
“Miƒo ƒu dua me tɔwo hena nutsitsidɔ kple gbedodoɖa. Emegbe la, miayɔ Nabɔt 10eye miadi ame vlo eve siwo aka aʋatso ɖe Nabɔt si, atso enu be eƒo fi de Mawu kple fia la. Ekema miakplɔe do goe le dua me eye miaƒu kpee wòaku.”
11Dumegãwo kple bubume siwo le dua me la wɔ nu si Yezebel ŋlɔ ɖo ɖa wo be woawɔ la. 12Woƒo ƒu ameawo eye wodrɔ̃ ʋɔnu Nabɔt. 13Ame eve aɖe siwo si dzitsinya nyui menɔ o la ka aʋatso ɖe Nabɔt si be eƒo fi de Mawu kple fia la. Ale wohee yi dua godo eye woƒu kpee wòku. 14Le esia megbe la, dumegãwo ɖo du ɖe Yezebel be Nabɔt ku.
15Esi Yezebel se be Nabɔt ku la, egblɔ na Ahab be, “Waingble si Nabɔt gbe be yemadzra na wò o la, fifia àte ŋu axɔe azɔ; Nabɔt ku!” 16Ale Ahab yi waingble la me be yeaxɔe wòazu ye tɔ.
Eliya ɖe gbeƒã Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ Ahab
17Ke Yehowa gblɔ na Eliya, Tisbitɔ be, 18“Yi Fia Ahab gbɔ le Samaria. Anɔ Nabɔt ƒe wainbɔ me, axɔe abe etɔe ene. 19Gblɔ nye nya siawo nɛ be, ‘Nabɔt wuwu mesɔ gbɔ na wò oa? Ɖe wòle be nàda adzoe hã? Esi nèwɔ esia ta la, avuwo ano wò ʋu le dua godo abe ale si wono Nabɔt tɔ ene!’ ”
20Ahab gblɔ na Eliya be, “Oo nye futɔ, èke ɖe ŋunye!”
Eliya ɖo eŋu nɛ be, “Meke ɖe ŋuwò elabena ètsɔ ɖokuiwò dzra na nu vɔ̃ɖi wɔwɔ le Yehowa ŋkume. 21Mahe dzɔgbevɔ̃e ava dziwò, matsrɔ̃ wò dzidzimeviwo eye maɖe ŋutsu ɖe sia ɖe ɖa le Ahab ŋu le Israel, eɖanye ablɔɖevi alo kluvi o. 22Mawɔ wò aƒe abe Yeroboam, Nebat ƒe vi tɔ ene eye abe Baasa, Ahiya ƒe vi tɔ ene elabena èdo dziku nam eye nèna Israel ge ɖe nu vɔ̃ me.
23“Azɔ la, Yehowa gblɔ nam ku ɖe Yezebel ŋuti be, ‘Avuwo aɖu Yezebel ƒe kukua le Yezreel ƒe gliwo gbɔ.’
24“Avuwo aɖu Ahab ƒe aƒemetɔ siwo aku ɖe dua me eye dziƒoxeviwo aɖu esiwo aku ɖe gbedzi.”
25Ame aɖeke meganɔ anyi kpɔ abe Ahab ene, ame si tsɔ eɖokui dzra na nu vɔ̃ɖi wɔwɔ le Yehowa ŋkume o elabena srɔ̃a Yezebel ye do ŋusẽe. 26Ewɔ ŋunyɔnu geɖewo to legbawo yomedzedze me abe Amoritɔ siwo Yehowa nya le Israel ŋgɔ la ene.
27Esi Ahab se nya siawo la, edze eƒe awuwo heta akpanya eye wotsi nu dɔ. Enɔ akpanya me henɔ yiyim nublanuitɔe.
28Tete Yehowa ƒe gbe va na Eliya, Tisbitɔ la be, 29“Èkpɔ ale si Ahab bɔbɔ eɖokui le ŋkunye mea? Esi wòbɔbɔ eɖokui ta la, nyemahe dzɔgbevɔ̃e la vɛ le eƒe ŋkekewo me o, ke boŋ mahee va eƒe aƒe dzi le via ƒe ŋkekewo me.”

Did you know?
Naboth’s Vineyard and Divine Judgment
- Naboth refused to sell or trade his vineyard because it was the ancestral inheritance of his family, which Israelite law forbade a person from permanently alienating.Sources: Naboth · the Bible text itself
- Queen Jezebel orchestrated Naboth's death by writing letters in Ahab's name and sealing them with his seal, directing the local elders to stage a trial where two scoundrels falsely accused Naboth of blasphemy and treason.Sources: Jezebel · the Bible text itself
- When Elijah confronted Ahab in the newly seized vineyard, he announced that Ahab's dynasty would suffer total destruction, just like the earlier dynasties of Jeroboam son of Nebat and Baasha son of Ahijah.Sources: Baasha · Jeroboam · the Bible text itself
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org