1 Kings 17
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Akpaviãwo na nuɖuɖu Eliya
1Azɔ la Eliya, Tisbitɔ si tso Tisbi le Gilead la va gblɔ na Ahab be, “Meta Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe agbe, ame si mesubɔna la be zãmu loo alo tsi madza le ƒe siwo gbɔna la me o negbe le nye nya nu ko.”
2Yehowa gblɔ na Eliya bena, 3“Yi ɣedzeƒe eye nàbe ɖe Kerit tɔʋu la to, le afi si tɔʋu sia de nu Yɔdan tɔsisi la me le la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo. 4No tsi le tɔʋu la me eye nàɖu nu si akpaviãwo atsɔ vɛ na wò elabena mana be woatsɔ nuɖuɖu vɛ na wo.”
5Ale Eliya wɔ nu si Yehowa ɖo nɛ eye wònɔ tɔʋu la to. 6Akpaviãwo tsɔa abolo kple lã vanɛ nɛ gbe sia gbe, ŋdi kple fiẽ eye wònoa tsi le tɔʋu la me.
Ahosi si nɔ Zarefat
7Ke le ɣeyiɣi aɖe megbe la, tɔʋu la mie elabena tsi megadza ɖe anyigba la dzi kpɔ o. 8Yehowa ƒe nya va na Eliya bena, 9“Yi Sidon ƒe Zarefat enumake eye nànɔ afi ma. Megblɔ na ahosi aɖe le afi ma be wòana nuɖuɖu wò.” 10Ale wòyi ɖe Zarefat. Esi wòva ɖo Zarefat ƒe agbo nu la, ahosi aɖe nɔ afi ma, nɔ nake fɔm. Eyɔe eye wòbiae be, “Àku tsi vi aɖe ɖe kplu me vɛ nam manoa?” 11Esi ahosi la trɔ yina be yeaku tsi la vɛ nɛ la, Eliya yɔe, gblɔ nɛ be, “Nyo dɔ me nàtsɔ abolo aɖe hã kpe ɖe tsi la ŋu vɛ nam.”
12Ahosi la ɖo eŋu nɛ be, “Meta Yehowa, wò Mawu la ƒe agbe be, abolo aɖeke mele asinye o negbe wɔ asiʋlo ɖeka si le wɔze me kple ami sue aɖe si le amigoe me ko. Mele nake ʋɛ siawo fɔm atsɔ ayi aƒe mee ne maɖa nu nye kple vinye ŋutsu míaɖu eye míaku.”
13Eliya gblɔ nɛ be, “Mègavɔ̃ o; yi aƒe me eye nàwɔ abe ale si nègblɔ ene gake gbã la, ƒo abolo sue aɖe kple wɔ la ƒe ɖe eye nàtsɔe vɛ nam. Emegbe nàɖa nane na wò ŋutɔ kple viwò ŋutsu la 14elabena ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye si, ‘Wɔ mavɔ le wò wɔze me o eye ami hã mavɔ le wò amigoe me o va se ɖe esime Yehowa nana tsi nadza ɖe anyigba dzi.’ ”
15Ale ahosi la wɔ nu si Eliya gblɔ nɛ eye Eliya kple eya kple via siaa kpɔa nuɖuɖu tso wɔ la kple ami la me ŋkeke ale si wohiã wo. 16Elabena wɔ mevɔ le wɔze la me eye ami hã mevɔ le amigoe la me o le nya si Yehowa gblɔ to Eliya dzi la nu.
17Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, nyɔnu si nye aƒea nɔ la ƒe viŋutsu dze dɔ. Dɔ la sesẽ nɛ tso ŋkeke me yi ŋkeke me eye mlɔeba la, eƒe gbɔgbɔ nu tso. 18Egblɔ na Eliya be, “Oo Mawu ƒe ame, nya kae le asiwò ɖe ŋutinye? Ɖe nèva be yeaɖo ŋku nye nu vɔ̃wo dzi nam eye nàwu vinyeŋutsua?”
19Eliya ɖo eŋu nɛ be, “Tsɔ viwò ŋutsuvi la nam.” Exɔe le eƒe abɔwo dome hetsɔe yi eƒe xɔ me le dziƒoxɔ dzi eye wòtsɔe mlɔ eƒe aba dzi. 20Tete wòdo ɣli na Yehowa be, “Oo Yehowa, nye Mawu, ɖe nèhe dzɔgbevɔ̃e va ahosi si gbɔ mele la hã dzi eye nèna via ŋutsuvi la kua?” 21Eliya dra ɖe ɖevi la dzi zi etɔ̃ eye wòdo ɣli na Yehowa, be, “Oo, Yehowa, nye Mawu, na be ɖevi sia ƒe agbe natrɔ ava eme!”
22Yehowa se Eliya ƒe gbedodoɖa, ale ɖevi la ƒe gbɔgbɔ gbugbɔ va eme eye wòtsi agbe. 23Eliya kɔ ɖevi la eye wòdo go kplii tso xɔ la me yi anyigba eye wòtsɔe na dadaa gblɔ be, “Kpɔ ɖa, viwò ŋutsu la le agbe!”
24Ahosi la gblɔ nɛ be, “Azɔ la, menya be Mawu ƒe amee nènye eye Yehowa ƒe nya si do tso wò nu me la nye nyateƒe.”
Did you know?
Elijah and the Drought
- The name Cherith refers to a gorge or seasonal winter stream. This ravine, situated east of the Jordan River, provided a secluded refuge for Elijah after he delivered his message of drought to King Ahab.Sources: the Bible text itself · Cherith · Elijah
- Zarephath, a name associated with a workshop for refining or smelting metals, was a Phoenician settlement situated between Tyre and Sidon, later known as Sarepta in the New Testament. Elijah found shelter there with a destitute widow during the severe famine.Sources: the Bible text itself · Zarephath · Sidon
- Elijah is designated as a Tishbite from among the settlers of Gilead, a mountainous territory east of the Jordan River. Scholars note that this designation may point to a hometown named Tishbe, or it could be rendered to mean a stranger or settler residing there.Sources: the Bible text itself · Tishbe · Gilead
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
- Gilead · Today: Gilead 1 · 32.187, 35.692 · verse 1
- Jordan · Today: Jordan River · 31.761, 35.558 · verses 3, 5
- Sidon · Today: Sandikli archaeological site in Sidon · 33.561, 35.372 · verse 9
- Zarephath · Today: Sarepta · 33.464, 35.295 · verses 9, 10
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org