1 Kings 15
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
Abiyam, Yuda fia
1Le Yeroboam, Nebat ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienyilia me la, Abiyam zu Yuda fia. 2Eɖu fia ƒe etɔ̃ le Yerusalem. Dadaa ŋkɔe nye Maaka, Abisalom ƒe vinyɔnu.
3Abiyam nye nu vɔ̃ wɔla gã aɖe abe fofoa ene eye eƒe dzi menɔ Yehowa, eƒe Mawu ŋu abe Fia David ene o. 4Togbɔ be Abiyam wɔ nu vɔ̃ hã la, le Fia David ta la, Yehowa mena David ƒe dzidzimeviwo ƒe fiaɖuɖu nu tso o 5elabena David ɖo to Yehowa le eƒe agbemeŋkekewo katã me negbe nu si wòwɔ Uria, Hititɔ la ko.
6Aʋawɔwɔ nɔ Israel kple Yuda dome enuenu le Abiyam ƒe fiaɖuɣi. 7Woŋlɔ Abiyam ƒe ŋutinya mamlɛa ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 8Esi Abiyam ku la, woɖii ɖe David ƒe du la me eye via Asa ɖu fia ɖe eteƒe.
Asa, Yuda Fia
9Asa zu Yuda fia le Yerusalem le Yeroboam ƒe fiaɖuɖu ɖe Israel dzi ƒe ƒe blaevelia me. 10Eɖu fia ƒe blaene-vɔ-ɖekɛ. Mamae nye Maaka, Abisalom ƒe vinyɔnu.
11Asa ɖɔ ŋu ɖo hewɔ nu si dza le Yehowa ƒe ŋkume abe ale si tɔgbuia Fia David wɔ ene. 12Ewu ŋutsu siwo nye gbolowɔlawo katã eye wòɖe legba siwo katã fofoa wɔ la ɖa. 13Fia Asa ɖe mamaa Maaka ɖa be maganye fianyɔnu o elabena etu aƒeli si nye ŋunyɔnu. Asa lã ati la ƒu anyi, flii, hetɔ dzoe le Kidron bali la me. 14Togbɔ be megbã nuxeƒe siwo nɔ toawo dzi o hã la, eƒe dzi nɔ Yehowa ŋu le eƒe agbemeŋkekewo katã me. 15Egbugbɔ klosalo kple sika kple ŋudɔwɔnu siwo ŋu eya kple fofoa kɔ la va Yehowa ƒe gbedoxɔ la me.
16Aʋawɔwɔ nɔ edzi ɖaa le Yuda fia Asa kple Israel fia Baasa dome. 17Baasa, Israel fia ho aʋa ɖe Yuda ŋu. Eɖo gli sesẽ ƒo xlã Rama, ale be ame aɖeke mate ŋu age ɖe Yuda fia Asa ƒe nuto me alo ado tso eme o.
18Ale Asa tsɔ klosalo kple sika siwo katã susɔ ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe nudzraɖoƒe kple nu xɔasi siwo katã nɔ fiasã la me la na eŋumewo. Ena be woatsɔ wo aɖana Siria fia Ben Hadad, si nye Hezion vi Tabrimon ƒe vi le Damasko eye woagblɔ nɛ bena, 19“Na míagbugbɔ míaƒe dedinɔnɔ ƒe nubabla si nɔ fofowò kple fofonye dome la awɔ yeyee. Kpɔ ɖa, xɔ klosalo kple sika sia ale be nàtu nubabla si le wò kple Israel fia, Baasa dome ale be wòadzudzɔ aʋawɔwɔ kplim.”
20Ben Hadad lɔ̃ ɖe Fia Asa ƒe nya la dzi heƒo eƒe aʋakɔ nu ƒu eye wòho aʋa ɖe Israel ƒe duwo ŋu. Egbã Iyɔn, Dan, Abel Bet Maka kple Kineret blibo la hekpe ɖe Naftalinyigba blibo la ŋu. 21Esi Baasa se be woho aʋa ɖe yeƒe duwo ŋu la, edzudzɔ Rama du la tutu eye wòtrɔ yi Tirza. 22Fia Asa ɖe gbeƒã le Yudanyigba blibo la dzi be ŋutsu lãmesesẽtɔ ɖe sia ɖe nava na kpekpeɖeŋu yewoagbã Rama eye yewoalɔ xɔtukpewo kple xɔtutiwo katã adzoe. Fia Asa wɔ xɔtunu siawo ŋu dɔ tsɔ tu Geba du le Benyamin kple Mizpa du la.
23Woŋlɔ Asa ƒe agbemeŋutinya mamlɛa, dukɔ siwo dzi wòɖu, eƒe nuwɔwɔwo kple du siwo wòtso la ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽwo me. Dɔléle va dze eƒe afɔwo dzi le eƒe tsitsime. 24Esi wòku la, woɖii ɖe fiawo ɖiƒe le Yerusalem. Via Yehosafat zu Yuda fia ɖe eyome.
Nadab, Israel fia
25Le ɣeyiɣi siawo me la, Nadab, Yeroboam ƒe vi zu fia le Israel, le Yuda fia Asa ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe evelia me. Eɖu fia ƒe eve, 26ke menye fia nyui aɖeke o. Esubɔ legba geɖewo eye wòhe Israel dukɔ la de nu vɔ̃ me abe fofoa ene.
27Baasa, Ahiya ƒe vi si tso Isaka ƒe to la me ɖo nugbe ɖe eŋu eye wòwui esime wònɔ Israel ƒe aʋakɔ la me eye wòɖe to ɖe Gibeton, si nye Filistitɔwo ƒe du. 28Ale Baasa zu Israel fia ɖe Nadab teƒe le Tirza; le Yuda fia, Asa ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me.
29Baasa wu Fia Yeroboam ƒe dzidzimeviwo katã enumake, ale ame aɖeke megasusɔ ɖe fiaƒome la me o, abe ale si Yehowa gblɔe da ɖi be ava eme esime wòƒo nu kple Nyagblɔɖila Ahiya tso Silo la ene. 30Esia va eme esi Yeroboam do dɔmedzoe na Yehowa, Israel ƒe Mawu la to eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ wɔwɔ kple Israelviwo kpɔkplɔ de nu vɔ̃ me la ta.
31Woŋlɔ nya bubuawo tso Baasa ƒe fiaɖuɖu ŋuti ɖe Israel fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me. 32Aʋawɔwɔ nɔ edzi le Yuda fia Asa kple Israel fia Baasa dome le woƒe fiaɖuɣiwo me.
Baasa, Israel fia
33Le Asa, Yuda fia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe etɔ̃lia me la, Baasa, Ahiya ƒe vi zu Israel fia le Tirza. Eɖu fia ƒe blaeve-vɔ-ene. 34Ewɔ nu vɔ̃ le Yehowa ŋkume, eto Yeroboam ƒe afɔtoƒe eye wòwɔ nu vɔ̃ siwo Yeroboam na Israel wɔ le eƒe fiaɖuɣi.

Did you know?
Kings of Judah and Israel
- Asa, the third king of Judah, reigned forty-one years in Jerusalem and carried out major religious reforms. He removed pagan idols from the land and deposed his grandmother Maacah from her royal status after she made a detestable Asherah pole, which Asa chopped down and burned in the Kidron Valley.Sources: the Bible text itself · Asa · Kidron
- To counter Baasha of Israel, who was fortifying Ramah to blockade Judah, King Asa sent gold and silver from the temple and palace to Ben-hadad, king of Aram in Damascus. When Ben-hadad attacked northern Israel, Baasha retreated to Tirzah, allowing Asa's workforce to dismantle Ramah's fortifications and use the materials to fortify Geba and Mizpah.Sources: the Bible text itself · Baasha · Ben-hadad · Ramah
- After reigning only two years, Jeroboam's son Nadab was assassinated during a military siege at Gibbethon by Baasha of the tribe of Issachar. Upon seizing the throne, Baasha destroyed the entire family of Jeroboam, fulfilling the prophecy spoken by Ahijah the Shilonite.Sources: the Bible text itself · Nadab · Baasha
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · verses 2, 4, 10
- City of David · 31.774, 35.236 · verses 8, 24
- Kidron · Today: Kidron River · 31.780, 35.240 · verse 13
- Damascus · 33.511, 36.306 · verse 18
- Syria · Today: Aram · 33.511, 36.306 · verse 18
- Dan · Today: Tel Dan · 33.249, 35.652 · verse 20
- Shiloh · Today: Khirbet Seilun · 32.056, 35.290 · verse 29
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org