Nations Bible

1 Corinthians 7

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Nya tso srɔ̃ɖeɖe ŋu

1Nya siwo miebiam le agbalẽ si mieŋlɔ ɖo ɖem me la ƒe ŋuɖoɖoe nye be ne ŋutsu aɖe meɖe srɔ̃ o la, megblẽ naneke o, 2gake le ahasiwɔwɔ ta la, enyo be ame naɖe srɔ̃, ŋutsu ɖe sia ɖe kple etɔ; nenema kee nye nyɔnu ɖe sia ɖe hã, ale be ame aɖeke nagawɔ nu vɔ̃ o.

3Ele na srɔ̃ŋutsu be wòakpɔ egbɔ be yemegblẽ ye srɔ̃ ɖi le go aɖeke me o, eye srɔ̃nyɔnu hã nawɔ nenema pɛpɛpɛ. 4Ne nyɔnu ɖe srɔ̃ ko la, ekema megakpɔ ŋusẽ ɖe eƒe ŋutilã dzi o, ke boŋ srɔ̃a kpɔ ŋusẽ ɖe edzi, eye nenema ke srɔ̃nyɔnu hã kpɔ ŋusẽ ɖe srɔ̃ŋutsua ƒe ŋutilã dzi, ale ŋutsua mate ŋu awɔ nu si dze eya ŋutɔ ɖeɖe ko ŋu o.

5Eya ta srɔ̃tɔwo nakpɔ egbɔ be yewomegblẽ yewo nɔewo ɖi o, negbe wo ame eve la wowɔ ɖoɖo tɔxɛ be yewoakpɔ ɣeyiɣi ado gbe ɖa. Emegbe la, mite kpe be Satana nagate mi akpɔ le ɖokuidzimaɖumaɖu ta o. 6Mele esia gblɔm abe mɔnana ene, ke menye abe sedede ene o. 7Anye nye didi be ŋutsuwo katã nanɔ abe nye ene, gake ŋutsu ɖe sia ɖe kple nunana si wòxɔ tso Mawu gbɔ; ame ɖeka xɔ nunana sia eye ame bubu xɔ nunana kemɛ. 8Eya ta magblɔ na trewo kple ahosiwo be woanɔ anyi srɔ̃maɖemaɖee abe nye ŋutɔ ene. 9Gake ne ame aɖe mate ŋu aɖu eɖokui dzi o la, ekema neɖe srɔ̃ elabena enyo be wòaɖe srɔ̃ wu be wòayɔ fũu kple fieŋufieŋu.

10Ke mele se sia dem na srɔ̃tɔwo (menye nyee le sea dem o, ke boŋ Aƒetɔ lae) be srɔ̃nyɔnu mekpɔ mɔ agbe srɔ̃ŋutsua o. 11Ke ne egbee la, ele nɛ be wòanɔ tre alo wòatrɔ ayi aɖawɔ ɖeka kple srɔ̃ŋutsua. Nenema ke srɔ̃ŋutsu hã mekpɔ mɔ agbe srɔ̃nyɔnu la o.

12Azɔ nye ŋutɔ medi be maɖo aɖaŋu aɖe na ame mamlɛawo. (Nyee le egblɔm, menye Aƒetɔ la ƒe sedede o). Eyae nye be ne kristotɔ aɖe nyɔnu si menye kristotɔ o, gake nyɔnu la lɔ̃ be yeanɔ egbɔ la, ŋutsua megaɖe asi le eŋu o. 13Nenema ke ne nyɔnu kristotɔ aɖe srɔ̃ si menye kristotɔ o, gake srɔ̃ŋutsu la lɔ̃ be nyɔnu la nanɔ ye gbɔ la, nyɔnu la hã megagbee o. 14Elabena srɔ̃ŋutsu si mexɔ se o la ŋuti kɔ le srɔ̃nyɔnu la ta eye nenema ke srɔ̃nyɔnu si mexɔ se o la hã ŋuti kɔ le srɔ̃ŋutsua si xɔ se ta. Ne menye nenema o la, mia viwo anye nu makɔmakɔwo, gake esi wòle alea ta la, wo ŋuti kɔ.

15Ke ne srɔ̃tɔ si mexɔ se o la dzo la, neyi faa elabena se aɖeke mebla srɔ̃ŋutsu alo srɔ̃nyɔnu si xɔ se la le nya sia me o. Mawu yɔ mí be míanɔ anyi le ŋutifafa me. 16Nyɔnu, aleke nèwɔ nya be yeate ŋu aɖe srɔ̃? Alo wò ŋutsu, aleke nèwɔ nya be yeate ŋu aɖe srɔ̃?

17Le esiawo katã wɔwɔ me la, ame sia ame nakpɔ egbɔ be yewɔ ɖe Mawu ƒe ɖoɖo dzi le srɔ̃ɖeɖe me loo alo le trenɔnɔ me, eye nu sia nu si Mawu na ame aɖe la, wòaxɔe kple dzi faa. Hamewo katã nawɔ ɖe sedede vevi siawo dzi. 18Le kpɔɖeŋu me, ne wotso aʋa na ŋutsu aɖe le Yudatɔwo ƒe kɔnu nu hafi wòtrɔ zu kristotɔ la, amea megatsi dzi le eŋu kura o. Nenema ke, ne wometso aʋa na ame aɖe hã o la, eya hã megatsi dzi be ele be yeatso aʋa kokoko o. 19Elabena kɔnu sia wɔwɔ mele vevie kura le kristotɔ ƒe agbenɔnɔ me o. Nu si le vevie nye be kristotɔ nakpɔ egbɔ be yele Mawu ƒe sewo dzi wɔm eye be Mawu nakpɔ ŋudzedze le ye ŋu ɣe sia ɣi. 20Ame sia ame nanɔ nɔnɔme si me wònɔ hafi Mawu yɔe, ne enye aʋatsotsotɔ alo aʋamatsomatsotɔ. 21Ne ènye kluvi hafi zu kristotɔ la, mègana wòaɖe fu na wò o gake ne èkpɔ mɔnu be nàzu ablɔɖevi la, mègana wòato ŋuwò o. 22Kluvi si trɔ zu xɔsetɔ la zu Aƒetɔ la ƒe ablɔɖevi, eye wòvo tso nu vɔ̃ ƒe asi sesẽ la te. Ke ne ènye ablɔɖevi hafi zu kristotɔ la, nyae be yezu Kristo ƒe kluvi azɔ. 23Yesu Kristo ƒle mi, eye wòxe fe ɖe mia ta keŋkeŋ eya ta miezu etɔ eye le esia ta migawɔ mia ɖokuiwo abe kluviwo ene na amegbetɔwo kple xexe sia me nuwo o. 24Eya ta nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, ale si ame sia ame nɔ hafi zu kristotɔ ko la, nenɔ nenema le Mawu ƒe ŋkume.

25Azɔ maɖo miaƒe biabia evelia ŋu na mi. Miele biabiam be nu ka yewoawɔ kple ɖetugbi siwo meɖe srɔ̃ haɖe o la hã! Ɖe woaɖe mɔ na wo be woaɖe srɔ̃ faa hã? Le nyateƒe me la, nyemexɔ sedede tɔxɛ aɖeke tso Aƒetɔ la gbɔ le nya sia ŋu o. Ke Mawu ŋutɔ na susum be mawɔ eŋu dɔ, eya ta magblɔ nu si nye ŋutɔ mebu le nya sia ŋu la na mi. 26Eyae nye be, le fukpekpe geɖe si le mí kristotɔwo dzi vam le egbeŋkekewo me ta la, anyo be ame sia ame nanɔ anyi abe ale si wòle fifia ene. 27Ne èɖe srɔ̃ la, mègagbee o. Ne mèɖe srɔ̃ haɖe o la, mègaɖee o. 28Ke ne èɖe srɔ̃ la, mèwɔ nu vɔ̃ o, eye ne ɖetugbivi dzaa ɖe srɔ̃ la, mewɔ nu vɔ̃ o, gake ame siwo ɖe srɔ̃ la, woado go fuɖename geɖewo le agbe sia me. Nukpekeame siawo mee medi be maɖe mi tsoe.

29Nɔviwo, nu si gblɔm mele lae nye be: Ɣeyiɣi la le kpuie, eya ta tso azɔ dzi la, ame siwo si srɔ̃ le la nanɔ agbe abe srɔ̃ ɖe mele wo si o ene. 30Ame siwo le nu xam la, nanɔ abe ɖe womele nu xam o ene, dzidzɔkpɔlawo nanɔ abe ɖe womele dzidzɔ kpɔm o ene, eye ame siwo ƒle nuwo kɔ ɖi la nawɔ abe nuawo ɖe menye wo tɔ o ene. 31Nenema ke ame siwo wɔa xexe sia me nuwo ŋu dɔ nanɔ abe ɖe wometsɔ ɖeke le xexemenuwo me o ene. Elabena ale si xexe sia me le fifia la nu ava yi kpuie.

32Migatsi dzi ɖe naneke ŋu o. Ne srɔ̃ mele ŋutsu aɖe si o la, ekema ekpɔa vovo ɖe Aƒetɔ la ƒe dɔ ŋu nyuie eye wòdina ɣe sia ɣi be yeƒe agbe nadze Aƒetɔ ŋu. 33Ke srɔ̃tɔ ya mate ŋu awɔ alea o elabena agbe sia me ƒe hloloetsotso xɔa eƒe ɣeyiɣi eye eƒe didi koe nye be yeadze ye srɔ̃ ŋu ɣe sia ɣi. 34Ale eƒe dzi ƒe didiwo ma ɖe akpa gã eve me. Alea ke wònɔna na nyɔnu si ɖe srɔ̃ la kple ɖetugbi si le atsuƒe hã. Nyɔnu si ɖe srɔ̃ la léa be na xexe sia me nuwo kple ale si wòawɔ adze ŋutsu la ŋu. Ke nyɔnu si mele atsuƒe o la ƒe didi katã koe nye be yeawɔ dɔ na Aƒetɔ la le ŋutilã kple gbɔgbɔ me ɣe sia ɣi. 35Menye ɖe mele nya siawo gblɔm be maɖe dzi le mia ƒo le srɔ̃ɖeɖe ŋu o, ke boŋ be makpe ɖe mia ŋu. Medi be miadze agbagba awɔ nu sia nu si ana be miate ŋu asubɔ Mawu nyuie la eye miagaɖe mɔ na nu kukluiwo be woaxe mɔ na mi o.

36Ne mia dometɔ aɖe kpɔe be trenɔnɔ menyo na ye o elabena yemetea ŋu ɖua ye ɖokui dzi nyuie o la, ekema ele be wòaɖe srɔ̃. Esia menye nu vɔ̃ o. 37Gake ne ame aɖe ya tea ŋu ɖua eɖokui dzi nyuie, eye le esia ta wòɖoe le eƒe dzi me be yemaɖe srɔ̃ o la, ewɔe nyuie. 38Eya ta nɔviwo, minyae be ne ame aɖe ɖe srɔ̃ la, mewɔ nu gbegblẽ o, eye ne ame bubu hã meɖe srɔ̃ o la, etɔ kura ganyo wu.

39Srɔ̃nyɔnu kple srɔ̃ŋutsu le ɖeka zi ale si wole agbe. Ke ne ŋutsua ku la, ekema nyɔnu la kpɔ mɔ aɖe ŋutsu bubu le Aƒetɔ la ƒe ɖoɖo nu. 40Ke le nye nukpɔkpɔ nu la, meka ɖe edzi be ne nyɔnu ahosi la megaɖe srɔ̃ bubu kura o la, anyo nɛ wu. Meka ɖe edzi be Mawu ƒe Gbɔgbɔe le aɖaŋu sia ɖom na mi to dzinye.

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

Counsel on marriage and the present crisis

  • The chapter opens as a reply to matters the readers had written about. The writer says it is good to abstain from sexual relations, yet, because there is so much sexual immorality, each man should have his own wife and each woman her own husband. He presents this as a concession, not as a command, and says that each person has their own gift from God.Sources: the Bible text itself
  • In marriage, the writer says the wife does not have authority over her own body, but the husband does, and likewise the husband does not have authority over his own body, but the wife does. They should not deprive each other except by mutual consent and for a time, so they may devote themselves to prayer, and then come together again, so that Satan will not tempt them through lack of self-control. Easton's Bible Dictionary (1897) presents the name Satan as “adversary” or “accuser,” and notes that he tempted Jesus in the wilderness.Sources: the Bible text itself · Satan
  • The writer distinguishes a command he attributes to the Lord—a wife must not separate from her husband, and a husband must not divorce his wife—from his own judgment where he says he, not the Lord, is speaking, including marriages with an unbeliever and questions about virgins. Because of what he calls the present crisis, and because he says the time is short and this world in its present form is passing away, he thinks it good to remain as one is. He adds that to marry is not to sin, though those who marry will face troubles in this life.Sources: the Bible text itself

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.