Nations Bible

1 Corinthians 5

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

Paulo de se be woanya ahasitɔ la le hamea me

1Busunya si dzɔ le mia dome lae nye be miele ahasi wɔm. Nya sia ɖi hoo, eye ame sia ame le nu ƒom le eŋu. Nu sia nye busunu ale gbegbe, elabena medzɔna le trɔ̃subɔlawo gɔ̃ hã dome o.

2Ke esi nu sia ƒomevi le edzi yim le mia dome la, ɖe miegale mia ɖokuiwo bum be yewode ŋgɔ le gbɔgbɔ mea? Ɖe wòle be mialé blanui afa konyi ŋukpetɔe eye miaɖe ame sia le hamea me enumake!

3Togbɔ be nyemele mia gbɔ le afi ma o hã la, mele mia gbɔ le gbɔgbɔ me. Mebua ta me vevie le nu sia ŋu eye le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ me la, meɖo kpe nu si wòle be miawɔ la dzi abe ɖe mele mia dome ene. 4Miyɔ Hametakpekpe gã eye miaɖe ame sia ɖa le hamea me. Aƒetɔ Yesu ƒe ŋusẽ kple nye gbɔgbɔ anɔ mia dome le takpekpea me. 5Minya ame sia tsɔ de asi na Satana be wòahe to nɛ vie le ŋutilã me, ale be to esia me la, ɖewohĩ eƒe luʋɔ akpɔ ɖeɖe ne Aƒetɔ Yesu gatrɔ va.

6Enye nublanui ŋutɔ be, togbɔ be nu dziŋɔ sia le edzi yim le mia dome hã la, miegale mia ɖokuiwo bum ame kɔkɔewoe. Mienyae be, “Deku ɖekae gblẽa bubuawo katã oa?” Eye ne mieɖe mɔ be ame ɖeka nawɔ nu vɔ̃ sia ɖe, magblẽ nu le ame bubuwo hã ŋu oa? 7Miɖe ame vɔ̃ɖi sia ɖa le mia dome, bena miaƒe ŋkɔ nagagblẽ o, eye mianɔ dzadzɛe. Miɖo ŋku edzi be wowu Kristo, ame si nye Mawu ƒe Alẽvi la, abe ŋutitotoŋkekenyui ƒe vɔsalẽvi ene na mí. 8Eya ta mina míaɖu nu, ano nu le Kristo me be míatsi nyuie le kristotɔ ƒe agbenɔnɔ me, eye míaɖe asi le agbe vlo siwo míenɔna tsã la ŋu, adzudzɔ fuléle kple tamesesẽ, ke boŋ mina be bubu, nyateƒetoto kple nu si le eteƒe la wɔwɔ nanye míaƒe gbe sia gbe nuɖuɖu kple nunono.

9Le nye agbalẽ si meŋlɔ na mi do ŋgɔ me la, megblɔ na mi be migade ha kple ahasiwɔlawo o. 10Ke menye dzimaxɔsetɔ siwo nye ahasiwɔlawo, ŋubiãlawo, fiafitɔwo kple legbasubɔlawo la mewɔnɛ o. Zi ale si miele xexea me ko la, miate ŋu aɖe mia ɖokuiwo ɖe aga le ame siawo gbɔ o. 11Nu si mewɔnɛ lae nye be migade ha kple ame siwo le wo ɖokuiwo yɔm be kristotɔwo, gake woganye ahasiwɔlawo, ŋubiãlawo, amebalawo, legbasubɔlawo, ahanomunɔwo kple dzrewɔlawo o. Migaɖu nu kple ame siawo ƒomevi gɔ̃ hã o.

12Menye míaƒe dɔ wònye be míadrɔ̃ ʋɔnu ame siwo menye hametɔwo alo kristotɔwo o, gake enye míaƒe dɔdeasi vevi aɖe be míadrɔ̃ ʋɔnu hametɔwo, aka mo na wo, eye míahe to na ame siwo le nu vɔ̃ɖi wɔm. 13Mawu ŋutɔ koe adrɔ̃ ʋɔnu ame siwo mele kristoha la me o. “Ke ele be miawo ŋutɔ miakpɔ nya sia gbɔ, eye miaɖe ame sia ɖa le hamea me kokoko.”

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

Immorality and Removal from the Community

  • This chapter reports sexual immorality of a kind the writer calls intolerable even among pagans: a man has his father’s wife. The community is proud, though the letter says they should rather have been stricken with grief and have removed from their fellowship the man who did this.Sources: the Bible text itself
  • Although absent in body, the writer says he is present in spirit and has already pronounced judgment on the man. When they are assembled in the name of our Lord Jesus, with the writer in spirit and with the power of the Lord Jesus, they are to hand the man over to Satan for the destruction of the flesh, so that his spirit may be saved on the Day of the Lord. The name Satan means “adversary” or “accuser,” and in the New Testament it is used interchangeably with the devil more than thirty times.Sources: the Bible text itself · Satan
  • The letter warns that a little leaven works through the whole batch of dough, and calls for the old leaven to be removed so that they may be a new unleavened batch. Christ is called “our Passover lamb,” who has been sacrificed, and the feast is to be kept not with the old bread leavened with malice and wickedness, but with the unleavened bread of sincerity and of truth.Sources: the Bible text itself

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.