Nations Bible

1 Chronicles 22

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.

1Ale David gblɔ be, “Yehowa Mawu ƒe aƒe la anɔ afi sia eye nenema kee anye vɔsamlekpui si dzi Israel asa vɔ le.”

Dzadzraɖowɔwɔ na Gbedoxɔ la tutu

2Azɔ la, David na be amedzro siwo katã nɔ Israelnyigba dzi la nakpa kpe na gbedoxɔ la tutu. 3Emegbe la, wotsɔ gayibɔ tu gatagbadzɛwo na ʋɔtruwo kple agbowo kple nulégawo. Wololo akɔbli wòsɔ gbɔ ale gbegbe be womate ŋu adae o.

4Tirotɔwo kple Sidontɔwo tso sedati geɖewo vɛ na David.

5David gblɔ be, “Vinye Solomo nye ɖekakpui dzaa aɖe ko, evɔ ele be Yehowa ƒe gbedoxɔ la nanye xɔ nyui, wɔnuku, xɔŋkɔ aɖe le xexe blibo la me eya ta made asi dzadzraɖowɔwɔ me na etutu tso fifia.”

Ale David ƒo ƒu xɔtunuawo da ɖi hafi eƒe kuɣi ɖo. 6Azɔ la, egblɔ na ƒe via Solomo be wòatu gbedoxɔ la na Yehowa, Israel ƒe Mawu la.

7Egblɔ na Solomo be, “Vinye, medi be nye ŋutɔ matu gbedoxɔ la hafi, 8ke Yehowa meɖe mɔ nam o. Egblɔ nam be, ‘Èwu ame geɖewo akpa le aʋa gãwo me. Èna anyigba biã le nye ŋkume eya ta menye wòe atu nye gbedoxɔ la o. 9Ke mana nàdzi viŋutsu aɖe ame si anye ŋutifafame aɖe elabena mana ŋutifafa nanɔ eya kple futɔwo dome le dukɔ siwo ƒo xlã mi la me. Woayɔe be Solomo, si gɔmee nye, “Ŋutifafa” eye mana ŋutifafa kple dzidzeme Israel le eƒe fiaɖuɣi. 10Eyae atu nye gbedoxɔ la, anɔ abe nye ŋutɔ vinye ene eye manye fofoa. Mana ƒe viawo kple viawo ƒe viwo naɖu fia to Israel ƒe dzidzimewo katã me!’

11“Eya ta Yehowa nanɔ kpli wò eye wòana nuwo nadze edzi na wò esi nànɔ nu siwo wòɖo na wò la wɔm eye nànɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la tum. 12Yehowa nana gɔmesese wò ale be nàlé eƒe sewo me ɖe asi ne eɖo wò fiae ɖe Israel dzi.

13“Eya ta ne èlé se kple ɖoɖo siwo wòna Israel to Mose dzi me ɖe asi la, nuwo adze edzi na wò. Wɔ kalẽ eye nàlé dzi ɖe ƒo; mègavɔ̃ o, ke boŋ nàtsɔ dzo ɖe wò dɔwo ŋu!

14“Metsɔ dzigbɔɖi blibo di sika ‘tɔn’ akpe etɔ̃ alafa ene blaatɔ̃ (3,450), klosalo ‘tɔn’ akpe blaetɔ̃-vɔ-ene alafa atɔ̃ (34,500) kple akɔbli kple gayibɔ kpekpeme gã aɖe hekpe ɖe ati kple kpe ŋu hena Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu; mɔɖeɖe li be miadi nu siawo akpe wo faa. 15Gawu la, kpeɖolawo kple atikpalawo kple aɖaŋudɔwɔla vovovowo le asiwò. 16Aɖaŋudɔwɔla siawo nya sika, klosalo, akɔbli kple gayibɔ ŋu dɔ wɔwɔ nyuie eya ta dze dɔ la gɔme eye Yehowa nanɔ kpli wo.”

17Ale David ɖe gbe na Israel ƒe kplɔlawo katã be woakpe ɖe ye vi, Solomo ŋu le gbedoxɔ la tutu me. 18Egblɔ be, “Yehowa, miaƒe Mawu la nanɔ kpli mi. Ena ŋutifafa ɖo miawo kple dukɔ siwo ƒo xlã mi la dome elabena Yehowa ƒe ŋkɔ mee meɖu wo dzi le hena eƒe amewo. 19Azɔ la, midze agbagba le go ɖe sia ɖe me be, miaɖo to Yehowa, miaƒe Mawu la eye miatsɔ nubablaɖaka la kple nu kɔkɔe bubu siwo ŋu dɔ wowɔna le subɔsubɔ me la va Yehowa ƒe gbedoxɔ la me!”

Artistic illustration — an interpretation, not a historical record.

Did you know?

David's Preparations for the Temple

  • Although David desired to build a temple for God, he was told he could not because he had shed much blood and waged great wars. Instead, God promised that his son Solomon—whose Hebrew name means peaceful—would be a man of rest and would build the house of the LORD.Sources: the Bible text itself · Solomon
  • Recognizing that his son Solomon was young and inexperienced, David made lavish preparations before his death. He gathered resident foreigners as stonemasons and stockpiled immense quantities of iron, bronze, and cedar logs brought by the Sidonians and Tyrians.Sources: the Bible text itself

Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.

Places in this chapter

  • Sidon · Today: Sandikli archaeological site in Sidon · 33.561, 35.372 · verse 4
  • Tyre · 33.271, 35.196 · verse 4

Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).

Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana
copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Language: eʋegbe
Contributor: Biblica, Inc.
Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.”
Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu.
Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us.
This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4‪.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4‪.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA.
Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.”
Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows:
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™
Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc.
Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™
Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc.
Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã.
“Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission.
You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA).
‪If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us.
This translation is made available to you under the terms of the
Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0.
You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that:
You include the above copyright and source information.
If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes.
If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original.
Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents.
For other uses, please contact the respective copyright owners.
Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19.
2025-05-01

Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org

Talk to us

Tell us where you read from, how the Bible has helped you, or what we could improve. We read every message.