1 Chronicles 18
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · Tap a verse to see its cross-references.
David ƒe dziɖuɖuwo le aʋa me
1Esi ɣeyiɣiawo va le yiyim la, David ɖu Filistitɔwo dzi eye wòbɔbɔ wo ɖe anyi, exɔ Gat kple kɔƒe siwo ƒo xlãe le Filistitɔwo si.
2David ɖu Moabtɔwo hã dzi, wozu etenɔlawo eye woxea adzɔga nɛ.
3Eɖu Zoba fia, Hadadezer ƒe duwo dzi yi Hamat ke le esime wòyi be yeaɖo yeƒe fiaɖuƒe anyi le Frat tɔsisi la to. 4David lé sɔdola akpe adre (7,000) kple afɔzɔla akpe blaeve (20,000), etu ata na sɔawo katã negbe wo dometɔ alafa ɖeka (100) ko.
5Esi Aramtɔwo tso Damasko va be yewoakpe ɖe Zoba fia Hadadezer ŋu la, David wu wo dometɔ akpe blaeve-vɔ-eve (22,000) 6eye wòda asrafo aɖewo ɖe Aram le Damasko, si nye Aramtɔwo ƒe fiadu la me. Ale Aramtɔwo zu David tenɔlawo eye wodzɔa adzɔga nɛ ƒe sia ƒe. Ale Yehowa na David ɖua dzi le afi sia afi si wòyi.
7David tsɔ Fia Hadadezer ƒe aʋakɔwo ƒe amegãwo ƒe sikakpoxɔnuwo va Yerusalem, 8kpe ɖe akɔbli geɖe tso Hadadezer ƒe du siwo nye Teba kple Kun la me la ŋu. Emegbe la, Fia Solomo lolo akɔbli la eye wòtsɔe wɔ gbedoxɔ la ƒe akɔbligazɔ kple akɔblisɔtiwo kple akɔblinu siwo ŋu dɔ wowɔna ne wole vɔ sam le vɔsamlekpui la dzi.
9Esime Hamat fia Tou se be Fia David si Zoba fia Hadadezer ƒe aʋakɔ blibo la, 10eɖo Via ŋutsu Hadoram ɖe Fia David gbɔ be wòado gbe nɛ, ada ŋkɔ ɖe edzi le eƒe dziɖuɖu ta eye wòatsɔ sika, klosalo kple akɔbli nɛ. Edi be yeawɔ ɖeka kple Fia David elabena eya kple Hadadezer nye futɔwo eye wowɔ aʋa geɖewo.
11Fia David kɔ nunana siawo kple klosalo kple sika si wòkpɔ tso Edomtɔwo, Moabtɔwo, Amonitɔwo, Amalekitɔwo kple Filistitɔwo gbɔ la ŋu na Yehowa.
12Abisai, Zeruya ƒe vi, wu Edomtɔ akpe wuienyi (18,000) le Dze Balime. 13Eda asrafo aɖewo ɖe Edom eye Edomtɔwo zu David teviwo. Yehowa na wòɖua dzi le afi sia afi si wòayi.
David ƒe dɔnunɔlawo
14David ɖu Israel blibo la dzi kple dzɔdzɔenyenye eye wòwɔ nyui na ame sia ame.
15Yoab, Zeruya ƒe vi, nɔ aʋakɔ la nu.
Yehosafat, Ahilud ƒe vi, nye fia ƒe tsiami.
16Zadok, Ahitub ƒe vi kple Ahimelek, Abiata ƒe vi nye nunɔlawo
eye Sausa nye fia la ƒe nuŋlɔla.
17Benaya, Yehoiada ƒe vi, nɔ Keretitɔwo kple Peletitɔwo, ame siwo nye fia la ŋu dzɔlawo ƒe amegãwo la nu le
esime David ƒe viŋutsuwo nye fia la ŋumewo ƒe tatɔwo.

Did you know?
David's Conquests and Administration
- The vast quantities of bronze captured from the cities of Hadadezer of Zobah (Tibhath and Cun), along with dedicated gold and silver gifts from King Tou of Hamath, were later used by Solomon to construct the bronze Sea, pillars, and furnishings for the temple in Jerusalem.Sources: the Bible text itself · Solomon · Toi · Hadarezer
- David's military campaigns reached from Philistine cities like Gath in the west to the region near the Euphrates River against Zobah in the north. By stationing garrisons in Damascus and Edom, David secured his rule and made neighboring territories subject to tribute.Sources: the Bible text itself · Gath · Zobah · Damascus
- Key leaders in David's military included his nephews Joab and Abishai, the sons of his sister Zeruiah. Joab served as commander of the host, while Abishai led the decisive victory over the Edomites in the Valley of Salt.Sources: the Bible text itself · Zeruiah · Joab · Abishai
Notes written with AI assistance from open sources (Theographic Bible Metadata, CC BY-SA 4.0; Easton’s Bible Dictionary, public domain) and reviewed before publishing.
Places in this chapter
- Moab · Today: Moab 1 · 31.181, 35.701 · verses 2, 11
- Euphrates · Today: Euphrates River · 31.004, 47.442 · verse 3
- Damascus · 33.511, 36.306 · verses 5, 6
- Syria · Today: Aram · 33.511, 36.306 · verses 5, 6
- Zobah · 33.935, 36.151 · verses 5, 9
- Jerusalem · 31.777, 35.234 · verse 7
- Hamath · Today: Hama · 35.136, 36.750 · verse 9
- Amalek · 30.648, 34.422 · verse 11
- Ammon · 31.955, 35.934 · verse 11
- Edom · 30.746, 35.604 · verses 11, 12, 13
- Philistia · 31.664, 34.546 · verse 11
Only places identified with high confidence are shown (90% or more according to the scholarly sources compiled by OpenBible). Period map: DARE (Digital Atlas of the Roman Empire), CC BY 4.0; modern map: © OpenStreetMap contributors; places: OpenBible.info (CC BY 4.0).
Credits and license for this translation
Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Éwé: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ (Bible) of Ghana copyright © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Language: eʋegbe Contributor: Biblica, Inc. Dɔwɔƒe si na wò asi ka agbalẽ sia lae nye Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). Ne èdi be yeakpɔ laisensi alo mɔɖegbalẽ sia la, yi ɖe http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 alo ŋlɔ agbalẽ na Creative Commons Dɔwɔƒea to adrɛsi sia dzi: Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica, Inc. na wode Biblica® kple eƒe dzesidenu agbalẽ me, eye woaŋlɔ agbalẽ axɔ mɔɖeɖe tso Biblica, Inc. gbɔ hafi woawɔ Biblica® ƒe dzesidenu la ŋu dɔ. Le CC BY-SA ƒe mɔɖeɖe ƒe sewo nu la, àte ŋu azã agbalẽ sia me nyawo le dɔ bubuwo wɔwɔ me gake ele be nàde dzesi Biblica ƒe dzesidenu la abe ale si wòle ene. Ne ètrɔ asi le agbalẽ sia ŋu alo zãe le mɔ bubu nu la, ele be nàɖe Biblica® ƒe dzesidenu la ɖa. Ele be nàde dzesi tɔtrɔ siwo nèwɔ la ɖe agbalẽ la me eye nàde dzesii be: “Àte ŋu akpɔ Biblica, Inc. ƒe dɔ gbãtɔ le www.biblica.com kple open.bible femaxee.” Ele be nutɔnyenye ƒe dzeside nadze le agbalẽ la ƒe axa si tanya alo nutɔnyenye ƒe dzesi nɔna la ale: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. Ele be nàna míaƒe asi naka wò agbalẽ la le laisensi alo mɔɖeɖe ƒe se (CC BY-SA) sia nu. Ne èdi be yeana nyanya Biblica, Inc. tso agbalẽ sia zazã ŋu la, anyo be nàdo ta ɖe mía gbɔ le https://open.bible/contact-us. This work is made available under the Creative Commons Attribution-ShareAlike 4.0 International License (CC BY-SA). To view a copy of this license, visit http://creativecommons.org/licenses/by-sa/4.0 or send a letter to Creative Commons, PO Box 1866, Mountain View, CA 94042, USA. Biblica® is a trademark registered by Biblica, Inc., and use of the Biblica® trademark requires the written permission of Biblica, Inc. Under the terms of the CC BY-SA license, you may copy and redistribute this unmodified work as long as you keep the Biblica® trademark intact. If you modify a copy or translate this work, thereby creating a derivative work, you must remove the Biblica® trademark. On the derivative work, you must indicate what changes you have made and attribute the work as follows: “The original work by Biblica, Inc. is available for free at www.biblica.com and open.bible.” Notice of copyright must appear on the title or copyright page of the work as follows: Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ Nutɔnyenye © 1988, 2006, 2020 Biblica, Inc. Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures™ Copyright © 1988, 2006, 2020 by Biblica, Inc. Biblica, Inc. na Dɔwɔƒe si Kpɔa Nutɔnyenye kple Adzɔdodo ƒe Nyawo dzi le Amerika la de “Biblica” kple eƒe dzesidenu agbalẽ me. Woaxɔ mɔɖeɖe na ezazã. “Biblica” is a trademark registered in the United States Patent and Trademark Office by Biblica, Inc. Used with permission. You must also make your derivative work available under the same license (CC BY-SA). If you would like to notify Biblica, Inc. regarding your translation of this work, please contact us at https://open.bible/contact-us. This translation is made available to you under the terms of the Creative Commons Attribution Share-Alike license 4.0. You have permission to share and redistribute this Bible translation in any format and to make reasonable revisions and adaptations of this translation, provided that: You include the above copyright and source information. If you make any changes to the text, you must indicate that you did so in a way that makes it clear that the original licensor is not necessarily endorsing your changes. If you redistribute this text, you must distribute your contributions under the same license as the original. Pictures included with Scriptures and other documents on this site are licensed just for use with those Scriptures and documents. For other uses, please contact the respective copyright owners. Note that in addition to the rules above, revising and adapting God's Word involves a great responsibility to be true to God's Word. See Revelation 22:18-19. 2025-05-01
Source: http://ebible.org/ewe/ · eBible.org